Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 4

Ena Fofoa Kple Yehowa Kpɔ Dzidzɔ

Ena Fofoa Kple Yehowa Kpɔ Dzidzɔ

Ŋugbe ka domee Yefta le na Yehowa?

Menɔ bɔbɔe na Yefta vinyɔnua o, gake ewɔ ŋugbe si fofoa do la dzi

Èkpɔ nyɔnuvi si le nɔnɔmetataa mea?​— Fofoa ŋkɔe nye Yefta. Biblia meyɔ nyɔnuvi sia ƒe ŋkɔ na mí o, gake míenya be ena fofoa kple Yehowa kpɔ dzidzɔ. Na míasrɔ̃ nu tso nyɔnuvi sia kple fofoa Yefta ŋu.

Ame nyui aɖee Yefta nye. Yefta zãa ɣeyiɣi gbogbowo tsɔ fiaa nu via tso Yehowa ŋu. Ŋutsu sesẽ aɖee Yefta nye eye wònye aʋakplɔla nyui hã. Eya ta Israel-viwo gblɔ nɛ be wòakplɔ yewo yewoawɔ aʋa kple yewoƒe futɔwo.

Yefta do gbe ɖa na Mawu be wòana yeaɖu dzi. Edo ŋugbe be ne yeɖu dzi la, yeatsɔ ame gbãtɔ si ado tso yeƒe aƒe me ava do go ye ne yetrɔ gbɔna aƒe me la ana Yehowa. Ame sia anɔ Mawu ƒe avɔgbadɔ me eye wòawɔ dɔ le afi ma eye magagbɔ va edzilawo gbɔ o. Avɔgbadɔa nye teƒe si amewo yina va subɔa Mawu le le blema. Ènyaa, Yefta ɖu aʋa dzi! Esi wòtrɔ gbɔna aƒe me la, ènya ame gbãtɔ si do go tso eƒe aƒe me va do goea?​—

Ɛ̃, Yefta vinyɔnua ye! Eya koe nye vi ɖeka si nɔ esi. Fifia ele be Yefta nana via nava subɔ le avɔgbadɔ me. Esia na Yefta lé blanui. Gake ɖo ŋku edzi be edo ŋugbe na Yehowa. Via nyɔnuvia gblɔ zi ɖeka be: ‘Papa, èdo ŋugbe na Yehowa, eya ta ele be nàwɔ ɖe edzi.’

Ƒe sia ƒe la, Yefta vinyɔnua ƒe xɔlɔ̃wo yina ɖakpɔnɛ ɖa

Yefta vinyɔnua hã lé blanui. Ne eva le avɔgbadɔa me la, mate ŋu aɖe srɔ̃ o, eye mate ŋu adzi vi hã o. Gake Yefta via di vevie be yeawɔ ɖe ye fofo ƒe ŋugbedodoa dzi eye yeana dzi nadzɔ Yehowa. Fofoa ƒe ŋugbedodoa dzi wɔwɔ nɔ vevie nɛ wu be wòaɖe srɔ̃ alo adzi vi. Eya ta edzo le fofoa ƒe aƒe me yi avɔgbadɔa me eye megagbɔ va edzilawo gbɔ o.

Èsusu be ena dzi dzɔ Yehowa kple fofoa siaa?​— Ɛ̃, ena dzi dzɔ wo ŋutɔ! Ne èɖoa to Yehowa eye nèlɔ̃e la, wò hã àte ŋu anɔ abe Yefta vinyɔnua ene. Eye wò hã ana dziwòlawo kple Yehowa nakpɔ dzidzɔ ŋutɔ.