Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 8

Yosiya Dze Xɔlɔ̃ Nyuiwo

Yosiya Dze Xɔlɔ̃ Nyuiwo

Èsusu be nu nyui wɔwɔ sesẽna ŋutɔa?​— Ame geɖewo gblɔna be esesẽna ŋutɔ. Biblia gblɔ na mí be esesẽ na ŋutsuvi aɖe si ŋkɔe nye Yosiya ŋutɔ be wòawɔ nu nyui. Gake xɔlɔ̃ nyuiwo nɔ esi siwo kpe ɖe eŋu. Na míaɖo dze tso Yosiya kple exɔlɔ̃wo ŋu.

Yosiya fofo ŋkɔe nye Amon, eye wònye Yuda-fia. Amon vɔ̃ɖi ŋutɔ eye wòsubɔa legbawo. Esi Amon ku la, Yosiya va zu fia ɖe eteƒe le Yuda. Gake ƒe enyi koe wòxɔ! Èsusu be eya hã nye ame vɔ̃ɖia?​— Ao, menye ame vɔ̃ɖie wònye o!

Zefaniya gblɔ na Yudatɔwo be womegasubɔ legbawo o

Togbɔ be ɖevi koe Yosiya nye hã la, edi be yeaɖo to Yehowa. Eya ta edze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃a Yehowa ɖeɖe ko. Eye Yosiya xɔlɔ̃ siawo kpe ɖe eŋu wòwɔ nu nyui. Yosiya xɔlɔ̃awo dometɔ aɖewo ɖe?

Exɔlɔ̃ ɖekae nye Zefaniya. Zefaniya nye nyagblɔɖila eye wògblɔ na Yudatɔwo be ne womeɖe asi le legbawo subɔsubɔ ŋu o la, woahe to na wo. Yosiya ɖo to Zefaniya eye wòsubɔ Yehowa, mesubɔ legba o.

Yosiya xɔlɔ̃ bubue nye Yeremiya. Eya kple Yosiya woanɔ ƒe me eye teƒe siwo wonɔ tsi la medidi tso wo nɔewo gbɔ o. Wonye xɔlɔ̃ veviwo ale gbegbe be esi Yosiya ku la, Yeremiya kpa ha tɔxɛ aɖe tsɔ ɖe ale si gbegbe Yosiya ƒe kua vee la fia. Yeremiya kple Yosiya kpe ɖe wo nɔewo ŋu wowɔ nu nyui eye woɖo to Yehowa.

Yosiya kple Yeremiya kpe ɖe wo nɔewo ŋu wowɔ nu nyui

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yosiya ƒe kpɔɖeŋua me?​— Esime Yosiya nye ɖevi gɔ̃ hã la, ewɔ nu nyui. Enyae be ele be yeadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃a Yehowa. Eya ta wò hã ɖoe be yeadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃a Yehowa eye woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu nyui!

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME