Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 9

Yeremiya Medzudzɔ Yehowa Ƒe Nya Gbɔgblɔ Na Amewo O

Yeremiya Medzudzɔ Yehowa Ƒe Nya Gbɔgblɔ Na Amewo O

Nu ka tae amewo do dziku ɖe Yeremiya ŋu?

Yehowa kpɔ Yeremiya ta

Ɣeaɖewoɣi ne míele Yehowa ƒe nya gblɔm na amewo la, wokoa mí alo wodoa dziku ɖe mía ŋu. Esia ate ŋu ana míadi be míadzudzɔ Mawu ƒe nya gbɔgblɔ na amewo. Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔa?​— Biblia ƒo nu tso ŋutsuvi aɖe si lɔ̃ Yehowa vevie gake esusɔ vie wòdzudzɔ Yehowa ƒe nya gbɔgblɔ na amewo la ŋu. Eŋkɔe nye Yeremiya. Na míasrɔ̃ nu tso eŋu.

Esi Yeremiya nye ŋutsuvi la, Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ na Israel-dukɔa be woadzudzɔ nu gbegblẽwo wɔwɔ. Nya la gbɔgblɔ sesẽ na Yeremiya ŋutɔ, eye vɔvɔ̃ ɖoe. Egblɔ na Yehowa be: ‘Nyemenya nya si magblɔ o. Ðevi ko menye.’ Gake Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Mègavɔ̃ o. Makpe ɖe ŋuwò.’

Esia wɔe be Yeremiya de asi gbɔgblɔ me na dukɔa be ne womedzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ o la, woahe to na wo. Èsusu be dukɔ sia wɔ ɖe nya si Yeremiya gblɔ na wo la dzia?​— Ao. Wokoe eye wodo dziku ɖe eŋu vevie. Ame aɖewo di gɔ̃ hã be yewoawui! Aleke nèsusu be Yeremiya se le eɖokui me?​— Evɔ̃ eye wògblɔ be: ‘Nyemagaƒo nu tso Yehowa ŋu azɔ o.’ Gake ɖe wòdzudzɔ nyateƒea?​— Ao, medzudzɔ o. Elɔ̃ Yehowa vevie, eya ta medzudzɔ eƒe nyaa gbɔgblɔ na amewo o. Esi Yeremiya medzudzɔ Yehowa ƒe nya gbɔgblɔ na amewo o ta la, Yehowa kpe ɖe eŋu.

Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka la, ame vɔ̃ɖi aɖewo lé Yeremiya de do globo aɖe si me ba le la me. Nuɖuɖu alo tsi menɔ egbɔ o. Ame mawo di be yewoagblẽ Yeremiya ɖe doa me wòaku. Gake Yehowa kpe ɖe eŋu wòdo go le doa me!

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yeremiya ƒe kpɔɖeŋua me?​— Togbɔ be evɔ̃na ɣeaɖewoɣi hã la, medzudzɔ Yehowa ƒe nya gbɔgblɔ na amewo o. Ne ègblɔa Yehowa ƒe nya na amewo la, woako wò alo ado dziku ɖe ŋuwò. Ðewohĩ ŋu akpe wò alo vɔvɔ̃ aɖo wò. Gake mègadzudzɔ Yehowa ƒe nya gbɔgblɔ na amewo gbeɖe o. Yehowa akpe ɖe ŋuwò ɣesiaɣi abe ale si ko wòkpe ɖe Yeremiya ŋu ene.