Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 14

Fiaɖuƒe Si Aɖu Anyigba Blibo La Dzi

Fiaɖuƒe Si Aɖu Anyigba Blibo La Dzi

Ènya fiaɖuƒe si ŋu míele nu ƒom tsoea?​— Nyateƒee, eyae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Enye Fiaɖuƒe si ana anyigba nazu paradiso. Àdi be yeanya nu geɖe tso Fiaɖuƒe sia ŋua?​—

Fia nɔa Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe nu. Eye fia la ɖua fia ɖe ame siwo le eƒe dukɔa me la dzi. Ènya ame si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia?​— Yesu Kristoe. Ele dziƒo. Eteƒe madidi o aɖu fia ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi! Èsusu be dzi adzɔ mí ne Yesu va le anyigba bliboa katã dzi ɖuma?​—

Nu kawoe nàdi be yeakpɔ le Paradisoa me?

Dzi adzɔ mí ŋutɔ! Le paradisoa me la, amewo magada kɔ kple wo nɔewo o. Amewo magawɔ aʋa o. Ame sia ame alɔ̃ nɔvia. Ame aɖeke magadze dɔ alo aku o. Ame siwo ƒe ŋku gbã la akpɔ nu, ame siwo ƒe to ku la hã ase nu, eye ame siwo metea ŋu zɔna o la aƒu du ahati kpo. Nuɖuɖu asɔ gbɔ ɖe ame sia ame si. Eye lãwo afe kple wo nɔewo eye woanye mí amegbetɔwo ƒe xɔlɔ̃wo. Ame siwo ku la agbɔ agbe. Ŋutsu kple nyɔnu siwo ŋuti nèsrɔ̃ nu tsoe le agbalẽ gbadza sia me la hã agbɔ agbe! Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Rebeka, Raxab, David kple Eliya. Ðe nèdi be yeakpɔ wo ne wogbɔ agbea?​—

Yehowa lɔ̃ wò eye wòdi be dzi nadzɔ wò. Ne èyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu eye nèɖoa toe la, àte ŋu anɔ paradiso si nya kpɔ ŋutɔ la me tegbee! Ðe esia medzro wò oa?​—