Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 1

‘Wò Fiaɖuƒe Neva’

‘Wò Fiaɖuƒe Neva’

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Míadzro nu siwo Yesu fia tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu me

1, 2. Nya kae Yesu ƒe apostolo etɔ̃ aɖewo se le Yehowa ŋutɔ nu tẽe, eye aleke wowɔ nu ɖe nya mawo ŋui?

 TSƆE be gbe ɖeka la, Yehowa Mawu ŋutɔ ƒo nu kpli wò tẽe gblɔ na wò be nàwɔ nane, aleke nàse le ɖokuiwò me? Eɖanye nu ka kee wòbia tso asiwò o, ɖe màtsɔ dzidzɔ aɖo toe ahawɔ eƒe gbe dzi oa? Àwɔe godoo!

2 Nu sia tututue dzɔ ɖe Yesu ƒe apostolo etɔ̃ aɖewo dzi le ƒe 32 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia megbe. Apostolo siawoe nye Petro, Yakobo, kple Yohanes. (Mixlẽ Mateo 17:1-5.) Gbe ɖeka esi wole woƒe Aƒetɔ Yesu ŋu le “to kɔkɔ aɖe” dzi la, wokpɔ ŋutikɔkɔe si me wòava nɔ ne woɖoe Fia le dziƒo la le ŋutega aɖe me. Ŋutegaa dze nu ŋutɔŋutɔe ale gbegbe be Petro bia be ye hã yeawɔ akpa aɖe le eme. Esi Petro mekpɔ ɖe nu le nyaa me o la, alilikpo aɖe do vɔvɔli ɖe wo dzi. Enumake Petro kple etɔ susɔeawo se Yehowa ŋutɔ ƒe gbe tẽe. Esia nye mɔnukpɔkpɔ si su ame ʋɛ aɖewo ko si le anyigba dzi kpɔ. Esi Yehowa gblɔ na wo be ye Vie Yesu nye vɔ la, wosee wòdo le enu tẽe be: “Miɖo toe.” Apostoloawo wɔ Mawu ƒe gbe dzi. Woɖo to Yesu hewɔ ɖe nu siwo wòfia wo la dzi, eye wode dzi ƒo na ame bubuwo hã be woawɔe nenema.​—Dɔw. 3:19-23; 4:18-20.

Yesu ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe

3. Nu ka tae Yehowa di be míaɖo to ye Via, eye nu ka ŋu nyawo mee wòle vevie be míadzro?

3 Ðe woŋlɔ nya si Mawu gblɔ na apostoloawo be, “Miɖo toe,” la ɖe Biblia me be míawo hã míawɔ ɖe edzi. (Rom. 15:4) Nu ka tae? Elabena Yesue nye Yehowa ƒe nyanuɖela eye ɣesiaɣi si Yesu ke eƒe nu hefia nu la, nu siwo Fofoa di be míanya ye wògblɔna. (Yoh. 1:1, 14) Yesu ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe, eya ta ele vevie be míadzro Fiaɖuƒe ma, si nye Kristo Yesu kple eƒe hatidziɖula 144,000 ƒe dziɖuɖua, ŋu nyawo me tsitotsito. (Nyaɖ. 5:9, 10; 14:1-3; 20:6) Gake gbã la, mina míakpɔ nu si tae Yesu ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu enuenu la ɖa.

“Nya Si Wu Dzi La . . .”

4. Alekee Yesu ɖee fia be Fiaɖuƒea le vevie na ye?

4 Fiaɖuƒea le vevie na Yesu ale gbegbe. Nu ka tae míegblɔe nenema? Elabena nya siwo ame gblɔna ye ɖea nu si le eƒe dzi me, alo nu siwo le vevie nɛ, fiana. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Nya si wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Mat. 12:34) Yesu wɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ ƒoa nu tso Fiaɖuƒea ŋu. Woƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu wòwu zi alafa ɖeka le Nyanyuigbalẽ eneawo me, eye wo dometɔ akpa gãtɔ dze le nya siwo Yesu gblɔ me. Eɖee fia be Fiaɖuƒea koŋ ŋue yeƒe gbeƒãɖeɖedɔa ku ɖo esi wògblɔ be: “Ele be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.” (Luka 4:43) Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe gɔ̃ hã la, eyi edzi fia nu eƒe nusrɔ̃lawo tso Fiaɖuƒea ŋu. (Dɔw. 1:3) Ðikeke mele eme o be ale si gbegbe Yesu ƒe dzi ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu ye ʋãe wòƒo nu tso eŋu enuenu.

5-7. (a) Aleke míewɔ nya be Fiaɖuƒea le vevie na Yehowa? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Aleke míaɖee afia be Fiaɖuƒea le vevie na mí?

5 Fiaɖuƒea le vevie na Yehowa ŋutɔ hã. Aleke míewɔ nya? Ðo ŋku edzi be Yehowa ŋutɔe dɔ eƒe Tenuvia ɖe xexea me, eye eya gbɔe nu sia nu si Via va fia le anyigba dzi la tso. (Yoh. 7:16; 12:49, 50) Yehowa gbɔe nu sia nu si woŋlɔ ɖe Nyanyuigbalẽ eneawo me ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa ŋu la hã tso. Na míade ŋugble le nu si nya sia fia ŋu vie kpɔ.

Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe Mawu Fiaɖuƒea le vevie nama?’

6 Tsɔe be èdi be yeade miaƒe ƒomea ƒe fotowo albɔm aɖe me. Fotoawo sɔ gbɔ eye wo katã mate ŋu ayi ɖe albɔm la me o. Nu kae nàwɔ? Àlé ŋku ɖe wo ŋu nyuie atia wo dometɔ siwo nèdi godoo be woanɔ albɔm la me. Le mɔ aɖe nu la, Nyanyuigbalẽawo le abe albɔm si me míate ŋu akpɔ Yesu ƒe foto vovovowo le ene. Yehowa mena Nyanyuigbalẽawo ŋlɔlawo ŋlɔ nu sia nu si Yesu wɔ alo nya sia nya si wògblɔ esime wònɔ anyigba dzi la ɖi o. (Yoh. 20:30; 21:25) Ke boŋ Yehowa ƒe gbɔgbɔa fia mɔ wo woŋlɔ Yesu ƒe nya kple nuwɔna siwo akpe ɖe mía ŋu míase taɖodzinu si koŋ le eƒe subɔsubɔdɔa ŋu kple nu si koŋ le vevie na Yehowa la gɔme. (2 Tim. 3:16, 17; 2 Pet. 1:21) Esi wònye nu siwo Yesu fia tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu sɔŋ ye Yehowa na woŋlɔ ɖe Nyanyuigbalẽawo me ta la, esɔ be míaƒo nya ta be Fiaɖuƒea le vevie nɛ. Nyateƒee, Yehowa di be míanya nu tso yeƒe Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito!

7 Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe Mawu Fiaɖuƒea le vevie na nye hã?’ Ne nenemae la, ke míadi vevie be míaɖo to nya siwo Yesu gblɔ tso Fiaɖuƒea ŋu kple nu siwo wòfia tso eŋu. Esia ƒe ɖewoe nye Fiaɖuƒea ƒe vevienyenye, ɣeyiɣi si me wòava, kple ale si wòavae.

‘Wò Fiaɖuƒe Neva’​—Aleke?

8. Aleke Yesu ƒo nu tso Fiaɖuƒea ƒe vevienyenye ŋu kpuie?

8 Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa ŋu kpɔ. Yesu zã nya bɔbɔe aɖewo tsɔ ɖe Fiaɖuƒea ƒe vevienyenye kple nu siwo wòava wɔ me kpuie. Le gbedodoɖa ma me la, Yesu gblɔ be míabia nu adre aɖewo. Nu siawo dometɔ etɔ̃ gbãtɔawo ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu. Woawoe nye eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ, Fiaɖuƒea ƒe vava, kple eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le anyigba dzi abe ale si wole ewɔm le dziƒo ene. (Mixlẽ Mateo 6:9, 10.) Nu etɔ̃ siawo do ƒome kple wo nɔewo. Mesia Fiaɖuƒeae nye nu si dzi Yehowa ato akɔ eƒe ŋkɔa ŋu ahana eƒe lɔlɔ̃nu nava eme.

9, 10. (a) Aleke Mawu Fiaɖuƒea avae? (b) Biblia me ŋugbedodo kae nèle mɔ kpɔm na vevie be wòava eme?

9 Aleke Mawu Fiaɖuƒea avae? Ne míedo gbe ɖa be, ‘Wò Fiaɖuƒe neva’ la, ekema míele biabiam be Fiaɖuƒea nava ɖɔ nuwo ɖo. Ne Fiaɖuƒea va la, aɖu anyigba bliboa katã dzi. Aɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia kple amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã ɖa, eye wòahe dzɔdzɔenyenye xexe yeye vɛ. (Dan. 2:44; 2 Pet. 3:13) Anyigba bliboa azu paradiso le Fiaɖuƒedziɖuɖua te. (Luka 23:43) Woafɔ ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ɖe tsitre woava wɔ ɖeka kple woƒe ame veviwo. (Yoh. 5:28, 29) Ame siwo katã ɖo to Mawu la ava de blibo mlɔeba, eye woase agbe ƒe vivi tegbee. (Nyaɖ. 21:3-5) Woawɔ Yehowa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi bliboe azɔ abe ale si wole ewɔm le dziƒo ene! Ðe mèle mɔ kpɔm vevie na Biblia me ŋugbedodo siawo me vava oa? Ðo ŋku edzi be ɣesiaɣi si nèdo gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea neva la, efia be èle gbe dom ɖa be ŋugbedodo nyui mawo katã nava eme.

10 Edze ƒãa be Mawu Fiaɖuƒea ‘meva’ eye wòna kpɔɖeŋugbedodoɖaa va eme haɖe o. Nya lae nye be amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo gakpɔtɔ le dzi ɖum eye dzɔdzɔenyenye xexe yeyea meva haɖe o. Gake dzidzɔnya aɖe li. Woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi xoxo, abe ale si míele eme dzro ge le ta si kplɔe ɖo me ene. Fifia, mina míadzro nya siwo Yesu gblɔ tso ɣeyiɣi si me woaɖo Fiaɖuƒea anyi kple ɣeyiɣi si me wòava ŋu la me.

Ɣekaɣie Woɖo Mawu Fiaɖuƒea Anyi?

11. Nu kae Yesu na eme kɔ tso Mawu Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi ŋu?

11 Yesu na eme kɔ be womaɖo Fiaɖuƒea anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me o, togbɔ be eƒe nusrɔ̃la aɖewo nɔ mɔ kpɔm nenema hã. (Dɔw. 1:6) Mina míade ŋugble tso nya siwo wògblɔ le lododo eve aɖewo me ŋu kpɔ. Egblɔ gbãtɔ anɔ abe ƒe eve megbe ene hafi gblɔ evelia.

12. Aleke lu kple gbe vɔ̃ɖiawo ŋuti lododoa ɖee fia be womeɖo Fiaɖuƒea anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me o?

12 Lu kple gbe vɔ̃ɖiwo ŋuti lododoa. (Mixlẽ Mateo 13:24-30.) Anye ƒe 31 M.Ŋ. ƒe adame lɔƒoe Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo eye wòɖe nu si wòfia la me na wo. (Mat. 13:36-43) Lododoa me nya veviawo kple nu si wo dometɔ ɖe sia ɖe fiae nye esi: Le apostoloawo ƒe ku megbe la, Abosam va wu gbe vɔ̃ɖiwo (si nye aʋatso Kristotɔwo) ɖe luawo (si nye “Fiaɖuƒe la ƒe viwo,” alo Kristotɔ amesiaminawo) me. Wona luawo kple gbe vɔ̃ɖiawo siaa tsi va se ɖe nuŋeɣi, si nye “nuɖoanyi aɖe ƒe nuwuɣi.” Ɣeaɖeɣi le nuŋeɣia ƒe gɔmedzedze megbe la, woho gbe vɔ̃ɖiawo le luawo me. Emegbe, woƒo luawo nu ƒu. Lododo sia na eme kɔ ƒãa be menye ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. mee woaɖo Fiaɖuƒea anyi o, ke boŋ ele be ɣeyiɣi aɖe nava yi be lu kple gbe vɔ̃ɖiawo natsi ɖekae hafi. Eva dzɔ be le ƒe 1914 me la, luawo kple gbe vɔ̃ɖiawo tsi keŋkeŋ azɔ, eye nuŋeɣia dze egɔme.

13. Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ tsɔ ɖee fia be ne yetrɔ yi dziƒo la, womaɖo ye Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia enumake o?

13 Minawo ŋuti lododoa. (Mixlẽ Luka 19:11-13.) Ƒe 33 M.Ŋ. mee Yesu do lo sia esi wònɔ mɔ dzi yina Yerusalem zi mamlɛtɔ. Ame siwo nɔ eŋu la dometɔ aɖewo susui be ne yewonya ɖo Yerusalem ko la, aɖo eƒe Fiaɖuƒea anyi. Esi wòdi be yeaɖɔ woƒe susu ɖo ne woase egɔme be ɣeyiɣi didi aɖe ava yi hafi woaɖo Fiaɖuƒea anyi ta la, etsɔ eɖokui sɔ kple ‘bubume aɖe si zɔ mɔ yi dukɔ didi aɖe me be woaɖo ye fia.’ a “Du didi” si me Yesu azɔ mɔ ayie nye dziƒo, afi si Fofoa aɖoe Fia le. Gake Yesu ŋutɔ nya be ne yetrɔ yi dziƒo la, womaɖo ye Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia enumake o. Ke boŋ abɔbɔ anɔ Mawu ƒe ɖusime ahalala va se ɖe ɣeyiɣi ɖoɖia dzi. Abe ale si wòva dzɔe ene la, Yesu lala ƒe alafa geɖe.​—Ps. 110:1, 2; Mat. 22:43, 44; Heb. 10:12, 13.

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Ava?

14. (a) Aleke Yesu ɖo nya si eƒe apostolo ene biae la ŋui? (b) Nu kae nya siwo Yesu gblɔ ɖi la me vava fia mí tso eƒe anyinɔɣi kple Fiaɖuƒea ŋu?

14 Esi wòsusɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo woawu Yesu la, eƒe apostolo ene va biae be: ‘Ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔɣi kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?’ (Mat. 24:3; Marko 13:4) Le nya sia ŋu ɖoɖo me la, Yesu gblɔ nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖewo ŋu nya ɖi, siwo woŋlɔ ɖe Mateo ta 24 kple 25. Nudzɔdzɔ vovovo siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe la me vavae anye dzesi na eƒe ‘anyinɔɣia.’ Eƒe anyinɔɣia ƒe gɔmedzedzee woaɖo Fiaɖuƒea anyi; eye eƒe anyinɔɣia ƒe nuwuwue Fiaɖuƒea ava. Nudzɔdzɔwo ɖo kpe edzi be nya siwo Yesu gblɔ ɖi la le eme vam tso ƒe 1914 me ke. b Eya ta ƒe ma mee eƒe anyinɔɣia dze egɔme, eye ɣemaɣie woɖo Fiaɖuƒea anyi.

15, 16. Ame kawoe nɔ susu me na Yesu esi wòƒo nu tso “dzidzime sia” ŋu?

15 Ke ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea ava mlɔeba? Yesu meyɔ ŋkeke si tututu dzi Fiaɖuƒea ava o. (Mat. 24:36) Gake egblɔ nya aɖe si na míeka ɖe edzi be ŋkeke ma gogo fifia ŋutɔ. Yesu gblɔ be “dzidzime” aɖe akpɔ dzesia me vava teƒe hafi Fiaɖuƒea ava. (Mixlẽ Mateo 24:32-34.) Ame kawoe nye “dzidzime sia”? Mina míagalé ŋku ɖe Yesu ƒe nya mawo ŋu nyuie kpɔ.

16 “Dzidzime sia . . .” Dzimaxɔsetɔwoe nɔ susu me na Yesu esi wògblɔ nya sia? Ao. Èɖo ŋku ame siwo Yesu nɔ nu ƒom na ɣemaɣi dzia? Apostolo ʋɛ siwo “ɖeɖe va egbɔ” ye wònɔ nya ŋu ɖom na hafi gblɔ nya sia. (Mat. 24:3) Ɣemaɣi la, madidi o woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe asi ami na apostoloawo. Bu nya siwo Yesu gblɔ hafi ƒo nu tso “dzidzime sia” ŋu hã ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Azɔ misrɔ̃ nu sia tso gboti ƒe kpɔɖeŋu me: Ne eƒe alɔ fẽa tsi, eye wònya to aŋgbawo ko la, mienyana be dzomeŋɔli gogo. Nenema kee miawo hã, ne miekpɔ nu siawo katã la, minyae be egogo, le ʋɔtruawo nu.” Yesu yomedzela amesiaminawoe akpɔ nu siwo wògblɔ ɖi la me vava teƒe eye woase egɔme be Yesu “le ʋɔtruawo nu,” ke menye dzimaxɔsetɔwoe o. Eya ta esi Yesu ƒo nu tso “dzidzime sia” ŋu la, eyomedzela amesiaminawoe nɔ susu me nɛ.

17. Nu kawoe nya siwo nye “dzidzime” kple “nu siawo katã” fia?

17 “. . . Nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.” Aleke nya siawo ava emee? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, ele be míase nya siwo nye “dzidzime” kple “nu siawo katã” gɔme gbã. Nya “dzidzime” fia amewo ƒe ƒuƒoƒo siwo xɔ ƒe vovovo eye wo dometɔ aɖewo va tso bubuawo ɖo. Dzidzime menɔa anyi ƒe nagbonagbo o, eye enu va yina godoo. (2 Mose 1:6) Nya “nu siawo katã” fia nu siwo katã Yesu gblɔ ɖi be woadzɔ le yeƒe anyinɔɣia, si dze egɔme tso ƒe 1914 me eye wòawu enu le “xaxa gã” la me.​—Mat. 24:21.

18, 19. Aleke míate ŋu ase nya siwo Yesu gblɔ tso “dzidzime sia” ŋu la gɔmee, eye aleke míate ŋu aƒo nya tae?

18 Ke azɔ, aleke míate ŋu ase nya si Yesu gblɔ tso “dzidzime sia” ŋu la gɔmee? Amesiaminawo ƒe hatsotso evee aƒo ƒu anye dzidzime sia​—gbãtɔae nye amesiamina siwo kpɔ dzesia me vava ƒe gɔmedzedze teƒe le ƒe 1914 me, eye eveliae nye amesiamina siwo va tso hatsotso gbãtɔa me tɔwo ɖo. Ame siwo le hatsotso evelia me la dometɔ aɖewo ya teti anɔ agbe akpɔ xaxa gã si gbɔna la ƒe gɔmedzedze teƒe. Hatsotso evea siaa nye dzidzime ɖeka, elabena wova tso wo nɔewo ɖo le ɣeyiɣi aɖe me. c

19 Ta aleke míate ŋu aƒo nya tae azɔ? Míenya be Yesu ƒe anyinɔɣi le Fiaɖuƒeŋusẽ me ƒe dzesia le dzedzem kɔtɛ le xexea me godoo fifia. Míenya hã be amesiamina siwo nye “dzidzime sia” ƒe akpa aɖe la dometɔ siwo gakpɔtɔ li la zu ame tsitsiwo fifia, gake wo katã maku hafi xaxa gã la nadze egɔme o. Eya ta míate ŋu aƒo nya ta be eteƒe madidi kura o, Mawu Fiaɖuƒea ava eye eƒe dziɖuɖua axɔ anyigbaa dzi! Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye be míakpɔ nya siwo Yesu gblɔ le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me be, ‘wò Fiaɖuƒe neva’ la me vava teƒe!

20. Nu ka koŋ ŋue míasrɔ̃ nu tsoe le agbalẽ sia me, eye nu ka mee míadzro le ta si kplɔe ɖo me?

20 Mele be míaŋlɔ nya siwo Yehowa ŋutɔ gblɔ tso dziƒo ku ɖe Via ŋu be, “Miɖo toe,” la be o. Mí Kristotɔ vavãwo katã míedi vevie be míawɔ ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame ma dzi. Míetsɔ ɖe le nya siwo Yesu gblɔ tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu kple nu siwo wòfia tso eŋu la me vevie. Nu siwo Fiaɖuƒe ma wɔ xoxo kple esiwo wòagava wɔ le etsɔme koŋ ŋue míasrɔ̃ nu tsoe le agbalẽ sia me. Le ta si kplɔe ɖo me la, míadzro nu dodzidzɔname siwo dzɔ le ɣeyiɣi si lɔƒo me wodzi Mawu Fiaɖuƒea la me.

a Yesu ƒe lododoa anya na eƒe nyaselawo naɖo ŋku Fiagã Herodes viŋutsu, Archelaus dzi. Hafi Herodes naku la, etia Archelaus be wòanyi fiaɖuƒea dome ahaɖu fia ɖe Yudea kple nuto bubuwo dzi. Gake hafi Archelaus nadze dziɖuɖu gɔme la, ele be wòazɔ mɔ didi ayi Roma be wòaxɔ mɔɖeɖe tso Kaisaro Augusto gbɔ gbã.

b Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ƒe ta 9 lia me.

c Ne amesiamina siwo le hatsotso gbãtɔ me, ame siwo kpɔ dzesi siwo nye “fuɖuame ƒe gɔmedzedze” la teƒe le ƒe 1914 me dometɔ mamlɛtɔ ku hafi wotia amesiamina aɖe la, ekema amesiamina ma menye “dzidzime sia” me tɔ o.​—Mat. 24:8.