Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 3

Yehowa Ðea Eƒe Tameɖoɖo Fiana

Yehowa Ðea Eƒe Tameɖoɖo Fiana

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Yehowa ɖea eƒe tameɖoɖo fiana vivivi, gake ame siwo vɔ̃nɛ koe wòɖenɛ fiana, be woase egɔme

1, 2. Aleke Yehowa ɖea tame si wòɖo ɖe ameƒomea ŋu la fianae?

 DZILA lɔ̃amewo lɔ̃na faa ɖoa dze kple wo viwo tso ƒomea ƒe nyawo ŋu. Gake woɖɔa ŋu ɖo be yewoagagblɔ nya sia nya na wo o. Nya siwo gɔme wokpɔ be ɖeviawo ate ŋu ase le woƒe ƒexɔxɔ nu koe wogblɔna na wo.

2 Yehowa hã ɖea tame si wòɖo ɖe ameƒomea ŋu la fiana vivivi. Gake ne ekpɔe be ɣeyiɣia de be yeaɖe nya aɖe ɖe go ko hafi wòɖenɛ ɖe go. Na míadzro ale si Yehowa ɖe Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ɖe go vivivi la me vie kpɔ.

Nu Ka Tae Fiaɖuƒea Va Hiã?

3, 4. Ðe Yehowa ɖo ale si amegbetɔwo anɔ agbee la ɖi do ŋgɔa? Ðe eme.

3 Mesia Fiaɖuƒea menɔ Yehowa ƒe tameɖoɖo me le gɔmedzedzea me o. Nu ka tae? Elabena Yehowa meɖo ale si tututu amegbetɔwo ava nɔ agbee la ɖi do ŋgɔ o, ke boŋ ena tiatiawɔblɔɖe wo. Eya ta egblɔ tame si wòɖo ɖe ameƒomea ŋu la na Adam kple Xawa be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” (1 Mose 1:28) Yehowa di hã be woanɔ agbe ɖe yeƒe dzidzenu siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu nu. (1 Mose 2:16, 17) Adam kple Xawa ate ŋu atiae be yewoaɖo to Mawu. Ne ɖe wowɔe nenema eye woƒe dzidzimeviwo katã va zu toɖolawo la, anye ne mava hiã be Mawu naɖo Fiaɖuƒe si Kristo nye Fia na la be wòana yeƒe tameɖoɖo nava eme o. Anye ne ame deblibo siwo anɔ Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe sɔŋ ye ayɔ anyigbaa dzi fifia.

4 Satana, Adam, kple Xawa ƒe aglãdzedzea mena Yehowa ɖe asi le tame si wòɖo be amegbetɔ deblibowo nayɔ anyigbaa dzi la ŋu o. Ke boŋ, Yehowa di mɔ bubu si dzi wòato ana wòava eme. Yehowa ƒe tameɖoɖo mele abe keteke si wòle na be wòato mɔ ɖeka ko dzi hafi aɖo afi si yim wòle, si wɔe be ame aɖe ƒe nuwɔna ate ŋu ana wòage le mɔa dzi o. Esi Yehowa nya ɖe eƒe tameɖoɖo gblɔ ko la, naneke mele xexea me si ate ŋu ana wòado kpo emevava o. (Mixlẽ Yesaya 55:11.) Ne nane va xe mɔ si dzi Yehowa di be yeato ana wòava eme la, etrɔna ɖe mɔ bubu ŋu. a (2 Mose 3:14, 15) Ne ekpɔe be ehiã la, enana esubɔla wɔnuteƒewo nyana mɔ yeye si dzi wòato ana eƒe tameɖoɖo nava eme.

5. Nu kae Yehowa wɔ esi aglãdzedze do mo ɖa le Eden?

5 Aglãdzedze si do mo ɖa le Eden na Yehowa va ɖoe be yeaɖo Fiaɖuƒea anyi. (Mat. 25:34) Esi ameƒomea nya ɖo nɔnɔme wɔnublanui ma me ko la, Yehowa gblɔ mɔ si dzi wòato aɖe wo ahaɖɔ nu siwo Satana ƒe dziɖuɖu gblẽ le ameƒomea ŋu la ɖo. (1 Mose 3:14-19) Ke hã, Yehowa meɖe nu sia nu me tsitotsito tso Fiaɖuƒea ŋu enumake o.

Yehowa Te Fiaɖuƒea Ŋuti Nyateƒenyawo Ðeɖe Ðe Go

6. Ŋugbe kae Yehowa do, gake nu kae meɖe ɖe go o?

6 Le Yehowa ƒe nyagblɔɖi gbãtɔ me la, edo ŋugbe be ‘dzidzimevi’ aɖe ava gbã ta na da la. (Mixlẽ 1 Mose 3:15.) Gake meɖe ame si tututu dzidzimevi ma kple da la ƒe dzidzimevia anye la ɖe go ɣemaɣi o. Ɛ̃, Yehowa megagblɔ nya aɖeke tso nya sia ŋu o hena ƒe 2,000 sɔŋ. b

7. Nu ka tae Yehowa tia Abraham, eye nu vevi kae míesrɔ̃ tso esia me?

7 Mlɔeba la, Yehowa va tia Abraham be yeato edzi ana dzidzimevi si ŋugbe yedo la nava. Etia Abraham ‘elabena Abraham ɖoa to eƒe gbe.’ (1 Mose 22:18) Nu vevi si míesrɔ̃ tso esia mee nye be ame siwo vɔ̃a Yehowa koe wòɖea eƒe tameɖoɖowo fiana.​—Mixlẽ Psalmo 25:14.

8, 9. Dzidzimevi si ŋugbe Yehowa do la ŋuti nyateƒenya kawoe wòɖe fia Abraham kple Yakob?

8 Esi Yehowa to mawudɔla aɖe dzi nɔ nu ƒom kple exɔlɔ̃ Abraham la, eɖe nya vevi sia ɖe go tso dzidzimevi si ŋugbe wòdo la ŋu zi gbãtɔ be, anye amegbetɔ. (1 Mose 22:15-17; Yak. 2:23) Gake aleke dzidzimevi sia si anye amegbetɔ la awɔ agbã ta na da la? Ame kae nye da la? Yehowa va ɖe nya siawo ɖe go emegbe.

9 Yehowa ɖoe be dzidzimevi si ŋugbe yedo la nato Abraham ƒe tɔgbuiyɔvi Yakob, ame si ɖee fia be yexɔ Mawu dzi se vevie la dzi. (1 Mose 28:13-22) Yehowa to Yakob dzi gblɔe ɖi be Ŋugbedodovi la ado tso via Yuda ƒe dzidzimea me. Yakob ƒe nyagblɔɖia gblɔ be Yuda ƒe dzidzimevi sia axɔ “fiatikplɔ,” si anye dzesi be exɔ Fiaɖuƒeŋusẽ, eye eyae ‘dukɔwo aɖo toe.’ (1 Mose 49:1, 10) Yehowa to nya siawo dzi ɖee fia be Ŋugbedodovi la ava nye fia, alo dziɖula.

10, 11. Nu ka tae Yehowa ɖe eƒe tameɖoɖo Fia David kple Daniel?

10 Ƒe 650 aɖewo le Yuda ƒe ŋkekeawo megbe la, Yehowa gaɖe nu geɖe tso eƒe tameɖoɖo ŋu fia Fia David, si nye Yuda ƒe dzidzimevi. Yehowa yɔ David be: “Ŋutsu si dze nye dzi ŋu.” (1 Sam. 13:14; 17:12; Dɔw. 13:22) Esi David vɔ̃a Mawu ta la, Yehowa bla nu kplii hedo ŋugbe nɛ be eƒe dzidzimevi aɖe aɖu fia tegbee.​—2 Sam. 7:8, 12-16.

11 Anɔ abe ƒe 500 ene megbe la, Yehowa to nyagblɔɖila Daniel dzi gblɔ ƒe si tututu me Amesiamina, alo Mesia la, ado le anyigba dzi la ɖi. (Dan. 9:25) Daniel nye ‘ame si Yehowa lɔ̃ vevie.’ Nu ka tae? Elabena Daniel dea bubu deto Yehowa ŋu hesubɔnɛ atraɖi.​—Dan. 6:17; 9:22, 23.

12. Nu kae wobia tso Daniel si be wòawɔ, eye nu ka tae?

12 Togbɔ be Yehowa zã nyagblɔɖila wɔnuteƒewo abe Daniel ene woŋlɔ nu geɖe tso dzidzimevi, alo Mesia, si ŋugbe wòdo ŋu hã la, Yehowa kpɔe be ɣeyiɣia mede haɖe be yeana ye subɔla mawo nase nu siwo yeƒe gbɔgbɔa ʋã wo woŋlɔ la gɔme bliboe o. Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa na Daniel kpɔ Mawu Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi ŋuti ŋutega aɖe vɔ la, egblɔ nɛ be wòatre nyagblɔɖia nu va se ɖe yeƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Ne ɣeyiɣi ma de la, sidzedze vavãtɔ “adzi ɖe edzi.”​—Dan. 12:4.

Yehowa zã nuteƒewɔlawo abe Daniel ene woŋlɔ nu geɖe tso Mesia Fiaɖuƒea ŋu

Yesu Na Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me Va Kɔ Ðe Edzi

13. (a) Ame kae nye Ŋugbedodovi la? (b) Alekee Yesu na nyagblɔɖi si le 1 Mose 3:15 me va kɔ nyuie?

13 Yehowa na eme kɔ ƒãa be dzidzimevi si ŋugbe yedo be atso David ƒe ƒomea me, eye wòanye Fia aɖu dzi lae nye Yesu. (Luka 1:30-33; 3:21, 22) Esi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, ɖeko wòle abe kekelie klẽ ɖe nu siwo wòle be ameƒomea nanya tso Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu dzi ene. (Mat. 4:13-17) Le kpɔɖeŋu me, Yesu klo nu le ame si nye “da la,” si ŋu woƒo nu tsoe le 1 Mose 3:14, 15 la dzi esi wòyɔ Abosam be “amewula” kple “aʋatsokafofo.” (Yoh. 8:44) Le ŋutega si Yesu ɖe fia Yohanes me la, egblɔ be “da xoxo” lae nye ame “si woyɔna be Abosam kple Satana.” c (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 1:1; 12:9.) Le ŋutega ma ke me la, Yesu ɖe ale si eya, si nye Ŋugbedodovia, ava gbã ta na Satana be wòana nya si wogblɔ ɖi le Eden bɔa me nava emee la fia.​—Nyaɖ. 20:7-10.

14-16. Ðe nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la se nyateƒenya siwo Yesu ɖe ɖe go la gɔme bliboea? Ðe eme.

14 Abe ale si míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta Gbãtɔ me ene la, Yesu ƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu enuenu. Ke hã, meɖe nu sia nu si eƒe nusrɔ̃lawo di be yewoanya tso eŋu la me na wo ɣesiaɣi o. Le nu siwo me wòɖe na wo gɔ̃ hã gome la, emegbe kura​—ɣeaɖewoɣia ƒe alafa geɖewo megbe​—hafi Kristo yomedzelawo va sea nyateƒenya siwo woƒe Aƒetɔa ɖe ɖe go la gɔme bliboe. Mina míadzro eƒe kpɔɖeŋu aɖewo me kpɔ.

15 Le ƒe 33 M.Ŋ. me la, Yesu na eme kɔ ƒãa be ame siwo aɖu fia kple Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la anye amegbetɔ siwo woafɔ ɖe tsitre tso anyigba dzi woazu gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ayi dziƒo. Gake eƒe nusrɔ̃lawo mese nya mawo gɔme enumake o. (Dan. 7:18; Yoh. 14:2-5) Le ƒe ma ke me la, Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖewo tsɔ ɖee fia be ƒe gbogbo aɖewo le yeƒe dziƒoyiyi megbe hafi woaɖo Fiaɖuƒea anyi. (Mat. 25:14, 19; Luka 19:11, 12) Nusrɔ̃lawo mese nya vevi ma gɔme o, eya ta esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, wobiae be: “Ðe nègbugbɔ le fiaɖuƒe la ɖom anyi na Israel le ɣeyiɣi sia mea?” Gake Yesu ɖoe be yemagaɖe naneke me na wo kpee ɣemaɣi o. (Dɔw. 1:6, 7) Yesu fia nu wo hã be “alẽ bubuwo” le ye si, siwo mele “alẽha sue” si aɖu fia kpli ye la dome o. (Yoh. 10:16; Luka 12:32) Ɣeyiɣi aɖe le Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le ƒe 1914 me megbe hafi Kristo yomedzelawo va se ame siwo tututu anɔ alẽha eve siawo me la gɔme nyuie.

16 Nya geɖewo li Yesu ate ŋu agblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo esime wònɔ wo gbɔ le anyigba dzi hafi, gake enya be womate ŋu ase wo gɔme ɣemaɣi o. (Yoh. 16:12) Enye nyateƒe be Fiaɖuƒea ŋuti sidzedze aɖewo su amewo si le ƒe alafa gbãtɔ me ya. Gake ɣeyiɣia mede ɣemaɣi be sidzedzea nadzi ɖe edzi o.

Sidzedze Vavãtɔ Dzi Ðe Edzi Le “Nuwuɣi” La

17. Nu kae wòle be míawɔ hafi ase Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒewo gɔme, gake nu bubu ka hãe hiã?

17 Yehowa do ŋugbe na Daniel be le “nuwuɣi” la, ame geɖewo “adzro eme” eye Mawu ƒe tameɖoɖo ŋuti sidzedze adzi ɖe edzi. (Dan. 12:4) Ele be ame siwo di be sidzedze sia nasu yewo si la naku kutri hafi woƒe asi nasu edzi. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “adzro eme” la fia ale si woatsɔ beléle blibo adzro agbalẽ aɖe me tsitotsito. Gake aleke kee míeɖadzro Biblia me tsitotsitoe o, míate ŋu ase Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒewo gɔme bliboe Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o.​—Mixlẽ Mateo 13:11.

18. Aleke ame siwo vɔ̃a Yehowa la ɖea xɔse kple ɖokuibɔbɔ fianae?

18 Abe ale si ko Yehowa ɖe Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒewo ɖe go vivivi le ƒe siwo do ŋgɔ na ƒe 1914 me ene la, nenema koe wògale ewɔm le nuwuɣia hã me. Míava kpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 4 kple 5 lia me be, le ƒe 100 siwo va yi me la, eva hiã be Mawu ƒe amewo natrɔ asi le ale si wose nanewo gɔmee la ŋu enuenu. Ðe ema fia be Yehowa mele megbe na wo oa? Mefia nenema kura o! Yehowa li kpli wo. Nu ka tae míegblɔe nenema? Elabena ame siwo vɔ̃a Yehowa la ɖea nɔnɔme eve aɖewo siwo dzea eŋu la fiana, siwo nye xɔse kple ɖokuibɔbɔ. (Heb. 11:6; Yak. 4:6) Yehowa subɔlawo xɔe se be ŋugbedodo siwo katã le Mawu ƒe Nyaa me la ava eme godoo. Woɖea ɖokuibɔbɔ fiana helɔ̃na ɖe edzi be yewomese ale si ŋugbedodo aɖewo ava emee la gɔme nyuie tsã o. Ðokuibɔbɔ ma dze le nya aɖe si wogblɔ le March 1, 1925 ƒe Gbetakpɔxɔ me la me be: “Míenyae be Aƒetɔ la ŋutɔe ɖea eƒe nyawo gɔme, eye be aɖe eƒe Nyaa gɔme na eƒe amewo le ale si wòdii nu, le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.”

“Aƒetɔ la . . . aɖe eƒe Nyaa gɔme na eƒe amewo le ale si wòdii nu, le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi”

19. Nu ka gɔmee Yehowa na míeva se, eye nu ka tae?

19 Esi woɖo Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me la, Mawu ƒe amewo mese ale si nyagblɔɖi siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu ava emee la gɔme bliboe o. (1 Kor. 13:9, 10, 12) Didi vevie si míetsɔ le mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava la wɔe be ale si míeɖe nya aɖewo me ɣeaɖewoɣi la mesɔ o. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, míekpɔ nya bubu aɖe si dze le Gbetakpɔxɔ si míeyɔ le memama si do ŋgɔ me la ƒe nyateƒenyenye dze sii. Wogblɔ le eme be: “Anyo be wòanɔ susu me na mí be míate ŋu ase nyagblɔɖi gɔme bliboe o va se ɖe esime wòva eme alo dze eme vava gɔme.” Fifia míele nuwuɣia me ʋĩi, eye Fiaɖuƒea ŋuti nyagblɔɖi geɖewo va eme xoxo, ɖewo hã le eme vam fifia. Esi Mawu ƒe amewo bɔbɔa wo ɖokui eye wolɔ̃na faa be woaɖɔ yewo ɖo ta la, Yehowa na míeva se eƒe tameɖoɖo gɔme bliboe wu. Sidzedze vavãtɔ dzi ɖe edzi vavã!

Asitɔtrɔ Siwo Wowɔ La Do Mawu Ƒe Amewo Ƒe Xɔse Kpɔ

20, 21. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ nui esi wowɔ asitɔtrɔ le ale si wose nanewo gɔmee ŋu?

20 Asitɔtrɔ siwo Yehowa wɔna le ale si míese nyateƒea gɔmee ŋu la doa míaƒe dzi ƒe nɔnɔme kpɔ. Ðe xɔse kple ɖokuibɔbɔ aʋã mí míaxɔ tɔtrɔ siawo kple dzi faa? Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ ƒe domedome lɔƒo la dze ŋgɔ dodokpɔ sia tɔgbi. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be wò hã ènye Yudatɔ Kristotɔ ɣemaɣi. Èdea bubu Mose ƒe Sea ŋu eye wònye dada na wò be yenye Yudatɔ. Fifia, miexɔ lɛta aɖewo siwo gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ, siwo gblɔ be megahiã be woalé Sea me ɖe asi o, eye be Yehowa gbe dzɔdzɔme Israel hele gbɔgbɔme Israel aɖe nu ƒom ƒu tso Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o siaa dome. (Rom. 10:12; 11:17-24; Gal. 6:15, 16; Kol. 2:13, 14) Aleke nàwɔ nui?

21 Kristotɔ siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la xɔ Paulo ƒe numeɖeɖe siwo tso gbɔgbɔ me la kple dzi faa eye Yehowa yra wo. (Dɔw. 13:48) Ame aɖewo gbe numeɖeɖe yeyeawo eye wodi be yewoagalé nu siwo yewonya xoxo la me ɖe asi. (Gal. 5:7-12) Ne ame mawo metrɔ susu o la, ke mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woava ɖu fia kple Kristo la age le wo si.​—2 Pet. 2:1.

22. Aleke nèse le ɖokuiwò me tso Mawu ƒe tameɖoɖo ŋuti numekɔkɔ yeye siwo su mía si ŋu?

22 Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, Yehowa na numekɔkɔ yeyewo mí tso Fiaɖuƒea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ekpe ɖe mía ŋu míeva kpɔ ɣeyiɣi si me woama alẽwo (alo ame siwo ava nye Fiaɖuƒea teviwo) me tso gbɔ̃wo (alo tomaɖolawo) gbɔ la dze sii nyuie wu. Efia ɣeyiɣi si me ame 144,000-awo ƒe xexlẽme bliboa ade, nu si kpɔɖeŋu siwo Yesu wɔ tso Fiaɖuƒea ŋu la fia, kple ɣeyiɣi si me amesiamina mamlɛtɔ ayi dziƒo hã mí. d Ŋusẽ kae numekɔkɔ yeye siawo kpɔ ɖe dziwò? Ðe wodo ŋusẽ wò xɔsea? Ðe wona nèkpɔe be Yehowa yi edzi le nu fiam eƒe ame siwo bɔbɔa wo ɖokuia? Nu siwo me míadzro le agbalẽ sia ƒe ta siwo kplɔe ɖo me la ado ŋusẽ wò kakaɖedzi be Yehowa le eƒe tameɖoɖo ɖem fia ame siwo vɔ̃nɛ la vivivi nyateƒe.

a Hebrigbe me dɔwɔnya aɖe si gɔmee nye “wòava eme” mee woɖe Mawu ƒe ŋkɔa tso. Yehowa ƒe ŋkɔa ɖee fia be Enana eƒe ŋugbedodowo vaa eme. Kpɔ aɖaka si nye “Gɔmesese Si Le Mawu Ƒe Ŋkɔ Ŋu,” le axa 43.

b Togbɔ be adze na mí egbea be ɣeyiɣi gbogbo aɖee nye ema hã la, anyo be míaɖo ŋku edzi be amewo ƒe agbenɔƒe didina ɣemaɣi sãsãsã wu ale si wòle egbea. Tso Adam dzi va ɖo Abraham dzi nye ame ene pɛ ko ƒe agbenɔƒe ƒe didime. Noa fofo Lamex va tso Adam ɖo. Noa viŋutsu Sem hã va tso Lamex ɖo. Eye Abraham va tso Sem ɖo.​—1 Mose 5:5, 31; 9:29; 11:10, 11; 25:7.

c Zi 18 koe wozã ŋkɔ “Satana” le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Ke hã, wozã ŋkɔ “Satana” wòwu zi 30 sɔŋ le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ya me. Esia me kɔ, elabena Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe taɖodzinu koŋue nye be wòana woakpɔ Mesia la adze sii ke menye be wòahe susu yi Satana dzi fũu o. Esi Mesia la va la, eklo nu le Satana dzi bliboe abe ale si wòdze le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me ene.

d Àkpɔ numekɔkɔ yeye siawo ƒe ɖewo le Gbetakpɔxɔ siwo gbɔna me: October 15, 1995, axa 23-28; January 15, 2008, axa 20-24; July 15, 2008, axa 17-21; July 15, 2013, axa 9-14.