Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 4

Yehowa Le Eƒe Ŋkɔ Dom Ðe Dzi

Yehowa Le Eƒe Ŋkɔ Dom Ðe Dzi

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Ale si Mawu ƒe amewo dea bubu deto Mawu ƒe ŋkɔ ŋui

1, 2. Aleke Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa do Mawu ƒe ŋkɔ ɖe dzii?

 LE BLAÐA, December 2, 1947 ƒe ŋdi me, esime xexea me kɔ nyuie eye yame hã fa miɔɔ la, nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe dze dɔ gã nyadri aɖe gɔme le Brooklyn Betel, Amerika. Dɔa mele bɔbɔe kura o, gake woyi edzi hena ƒe 12 sɔŋ. Le Kwasiɖagbe, March 13, 1960 dzi la, wowu dɔ si gɔme wodze la ƒe akpa mamlɛtɔ nu mlɔeba. Dɔ siae nye Biblia gɔmeɖeɖedɔ yeye aɖe. Ɣleti etɔ̃ megbe, le June 18, 1960 dzi la, Nɔviŋutsu Nathan Knorr ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo​—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa ƒe babla mamlɛtɔa ɖe go le takpekpe aɖe me le Manchester, England, eye vavalawo katã kpɔ dzidzɔ eteƒe mekɔ o. Nuƒolaa ɖe vavalawo ƒe seselelãme gblɔ esi wògblɔ dzidzɔtɔe be: ‘Ŋkeke sia nye dzidzɔgbe na Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo!’ Nu ɖeka aɖe si ɖe dzesi le gɔmeɖeɖe yeyea ŋu, si ta wòle be woakpɔ dzidzɔ ɖoe nye be, wozã Mawu ƒe ŋkɔ le afi siwo wòle be wòadze le.

Woɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo​—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la ɖe go le Eŋlisigbe me le ƒe 1950 me, le Teokrasi Ƒe Dzidziɖedzi Takpekpea me (Miame: Yankee Bɔlƒoƒea, New York; Ðusime: Ghana)

2 Woɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me. Gake Yehowa subɔla amesiaminawo na agbagba siwo Satana dze be yeabu mo na Mawu ƒe ŋkɔa kura la zu dzodzro. Wogblɔ le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si woɖe ɖe go gbe ma gbe ƒe ŋgɔdonyaa me be: “Nu si koŋ ɖe dzesi le gɔmeɖeɖe sia ŋue nye be wogbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔa ɖo afi siwo wòle be wòadze le.” Ɛ̃, Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa dze le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa me wòwu zi 7,000 sɔŋ. Aleke gbegbe Biblia gɔmeɖeɖe sia do Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, ƒe ŋkɔ ɖe dzie nye esi!

3. (a) Nu ka gɔmee mía nɔviwo va se ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋu? (b) Aleke wòle be míase 2 Mose 3:13, 14 gɔmee? (Kpɔ aɖaka si nye “ Gɔmesese Si Le Mawu Ƒe Ŋkɔ Ŋu.”)

3 Tsã la, ale si Biblia Nusrɔ̃viwo se Mawu ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Ame si menye, eyae menye.” (2 Mose 3:14) Eya ta January 1, 1926 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Mawu ƒe ŋkɔa fia be enye Ame si li tegbee, . . . Ame si gɔmedzedze kple nuwuwu meli na o.” Gake kaka woava dze Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa gɔme ɖeɖe la, Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu wova se egɔme be menye ɖeko yeƒe ŋkɔa fia be yenye ame si li tegbee o, ke boŋ nu si koŋ wòfiae nye be yenye Mawu si le dɔ dzi be yeana yeƒe tameɖoɖowo nava eme. Wova se egɔme be nu si Yehowa ƒe ŋkɔa fia ŋutɔŋutɔe nye “Enana Wòvaa Eme.” Ɛ̃, eyae na xexe gbahooa kple nuwɔwɔ siwo si nunya le la va dzɔ, eye wòyi edzi le nanam be yeƒe tameɖoɖo kple lɔlɔ̃nu nava eme. Ke nu ka tae wòle vevie be Mawu nado eƒe ŋkɔ ɖe dzi, eye akpa kae míawo hã míawɔ le esia me?

Mawu Ƒe Ŋkɔa Ŋu Kɔkɔ

4, 5. (a) Ne míedo gbe ɖa be “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ” la, ke nu kae ma biam míele? (b) Aleke Mawu akɔ eƒe ŋkɔa ŋui, eye ɣekaɣie wòawɔe?

4 Yehowa di be yeƒe ŋkɔ nade dzi. Le nyateƒe me la, eƒe tameɖoɖo koŋue nye be yeakɔ yeƒe ŋkɔa ŋu, abe ale si wòdze le nu gbãtɔ si Yesu gblɔ be míabia le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me ene, be: “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mat. 6:9) Ne míegblɔ nya siawo le gbedodoɖa me la, ke nu ka tututu biam míele?

5 Abe ale si míesrɔ̃e le agbalẽ sia ƒe Ta Gbãtɔ me ene la, biabia be “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ” nye nu etɔ̃ siwo Yesu gblɔ le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me be míabia ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu la dometɔ ɖeka. Eve mamlɛawoe nye: “Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme.” (Mat. 6:10) Eya ta abe ale si ko míebiaa Yehowa be wòana eƒe Fiaɖuƒea nava eye eƒe lɔlɔ̃nu nava emee ene la, nenema kee míebiaa Yehowa be wòana eƒe ŋkɔ hã ŋuti nakɔ. Efia be míele Yehowa biam be wòaɖe afɔ siwo hiã atsɔ akɔ eƒe ŋkɔa ŋu tso vlodoame siwo wohe va edzi tso esime aglãdzedze dze egɔme le Eden la me. Aleke Yehowa aɖo gbedodoɖa sia ŋui? Egblɔ be: “Makɔ nye ŋkɔ gã, si wodo gui le dukɔwo dome . . . la ŋuti.” (Eze. 36:23; 38:23) Le Harmagedon me la, Yehowa aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ɖa atsɔ akɔ eƒe ŋkɔ ŋu le eƒe nuwɔwɔwo katã ŋkume.

6. Aleke míate ŋu akɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋui?

6 Tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke la, Yehowa ɖea mɔ be ye subɔlawo nawɔ akpa aɖe le yeƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ me. Enye nyateƒe be menye míawoe ana Mawu ƒe ŋkɔa nanɔ kɔkɔe ɖe edzi ya o. Ele kɔkɔe xoxo le mɔ deblibo nu. Ke aleke míate ŋu akɔ eƒe ŋkɔa ŋui? Yesaya gblɔ be: “Mibu Yehowa Zebaot kɔkɔe.” Yehowa ŋutɔ hã gblɔ tso eƒe amewo ŋu be: “Woakɔ nye ŋkɔ ŋu, . . . eye woavɔ̃ Israel ƒe Mawu la.” (Yes. 8:13; 29:23) Eya ta míekɔa Mawu ƒe ŋkɔa ŋu ne míebui be ele etɔxɛ eye wòƒo ŋkɔ ɖe sia ɖe ta, ne míedea bubu ame si tɔ ŋkɔ ma ŋu eye míekpena ɖe ame bubuwo ŋu be woakpɔe be eƒe ŋkɔa le kɔkɔe. Míeɖenɛ fiana be míevɔ̃a Mawu ne míelɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye míaƒe Dziɖula eye míeɖoa toe tso dzi blibo me.​—Lod. 3:1; Nyaɖ. 4:11.

Mawu Dzra Wo Ðo Be Yeƒe Ŋkɔ Nanɔ Wo Ŋu Eye Woadoe Ðe Dzi

7, 8. (a) Nu ka tae wòxɔ ɣeyiɣi hafi Mawu ƒe amewo va te eƒe ŋkɔ yɔyɔ ɖe wo ɖokuiwo ŋu? (b) Nu kawo mee míadzro azɔ?

7 Mawu subɔla siwo li egbea la dze Mawu ƒe ŋkɔa zazã le woƒe agbalẽwo me tso ƒe 1870-awo me ke. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe ŋkɔ dze le August 1879 ƒe Zion Gbetakpɔxɔ kple hadzigbalẽ si nye Ŋugbetɔ La Ƒe Hawo (si le yevugbe me), si woɖe ɖe go le ƒe ma ke me, la me. Ke hã, edze ƒãa be hafi Yehowa naɖe mɔ na eƒe amewo be woayɔ yeƒe ŋkɔ kɔkɔea ɖe wo ɖokui ŋu la, ekpɔ egbɔ be woaɖo nudidi vevi aɖewo gbɔ gbã, elabena mɔnukpɔkpɔ gã ɖee esia nye. Aleke Yehowa dzra Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ mawo ɖo be yeƒe ŋkɔa nava nɔ wo ŋu?

8 Ne míelé ŋku ɖe ƒe 1800-awo ƒe nuwuwu va se ɖe ƒe 1900-awo ƒe gɔmedzedze ƒe ŋutinyawo ŋu la, míakpɔe be Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu wova se nyateƒenya vevi aɖewo gɔme tso eƒe ŋkɔa ŋu. Mina míadzro nyateƒenya vevi siawo dometɔ etɔ̃ me kpɔ.

9, 10. (a) Alekee Gbetakpɔxɔ ƒe tata gbãtɔwo he susu yi Yesu dzi? (b) Gake aleke nuwo va trɔ tso ƒe 1919 me heyi, eye nu kawoe do tso eme? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Gbetakpɔxɔ Do Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðe Dzii” hã.)

9 Gbãa, Yehowa subɔlawo va kpɔ vevienyenye si le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu la dze sii nyuie wu. Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ wɔnuteƒeawo bua tafea tsã be eyae nye Biblia ƒe nufiafia vevitɔ. Susu ma tae Yesu koŋ ŋue woƒoa nu tsoe le Gbetakpɔxɔ me ɣemaɣi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe gbãtɔ si wodze Gbetakpɔxɔ tata me la, zi ale si nu woyɔ Yesu ŋkɔ le eme la sɔ gbɔ wu Yehowa tɔ teƒe ewo sɔŋ. March 15, 1976 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ tso Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔawo ŋu be wohe susu yi Yesu dzi “fũu akpa.” Gake vivivia, Yehowa va kpe ɖe wo ŋu wova kpɔ vevienyenye si wotsɔ na Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia me la dze sii. Ŋusẽ kae esia kpɔ ɖe Biblia Nusrɔ̃viawo dzi? Gbetakpɔxɔ si míeyɔ va yi la gblɔ be tso ƒe 1919 me koŋ la, “wova te bubudede Yehowa, Mesia la Fofo si le dziƒo, ŋu wu.” Nyateƒee, le ƒe ewo siwo kplɔ ƒe 1919 ɖo me la, woyɔ Mawu ƒe ŋkɔ le Gbetakpɔxɔ me wòwu zi 6,500 sɔŋ!

10 Esi mía nɔviawo va he susu yi ŋkɔ Yehowa dzi ale si dze la, woɖee fia be yewolɔ̃ Mawu ƒe ŋkɔa. Abe blemafofo Mose ene la, woɖoe wo ɖokuiwo dzi be ‘yewoakafu Yehowa ƒe ŋkɔ.’ (5 Mose 32:3; Ps. 34:4) Eya ta abe ale si Yehowa do ŋugbe le Ŋɔŋlɔawo me ene la, eve wo nu le esi wòkpɔe be wolɔ̃ yeƒe ŋkɔa ta.​—Ps. 119:132; Heb. 6:10.

11, 12. (a) Asitɔtrɔ kae wowɔ le míaƒe agbalẽwo ŋu tso ƒe 1919 megbe teti? (b) Nu ka dzie Yehowa he esubɔlawo ƒe susu yi, eye nu ka tae?

11 Evelia, Kristotɔ vavãwo va se dɔ si Mawu di be woawɔ la gɔme nyuie wu. Le ƒe 1919 megbe teti la, amesiamina siwo nɔ ŋgɔ xɔm la va tsɔ dzo ɖe Yesaya ƒe nyagblɔɖia me dzodzro ŋu. Tso ema dzi la, wowɔ asitɔtrɔ le nu si dzi wotea gbe ɖo le míaƒe agbalẽwo me la ŋu. Nu ka ta míate ŋu agblɔ be asitɔtrɔ ma nye “nuɖuɖu” si va ɖe “ɣeyiɣi nyuitɔ dzi”?​—Mat. 24:45.

12 Do ŋgɔ na ƒe 1919 la, womedzro Yesaya ƒe nya siwo nye, “Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla, si metia” la me tsitotsito le Gbetakpɔxɔ me kpɔ o. (Mixlẽ Yesaya 43:10-12.) Gake le ƒe 1919 megbe kpuie la, wova dze mawunyakpukpui mawo me dzodzro le míaƒe agbalẽwo me tsɔ dea dzi ƒo na amesiaminawo katã be woawɔ dɔ si Yehowa di be woawɔ, si nye be woaɖi ɖase tso ye ŋu. Ɛ̃, tso ƒe 1925 va se ɖe ƒe 1931 ɖeɖe dzaa ko me la, wodzro Yesaya ta 43 me le Gbetakpɔxɔ vovovo 57 sɔŋ me, eye le wo dometɔ ɖe sia ɖe me la, wogblɔna be Kristotɔ vavãwo ŋue Yesaya ƒe nya mawo ku ɖo. Eme kɔ ƒãa be Yehowa ŋutɔe nɔ eƒe amewo ƒe susu hem yi si wòle be woawɔ la dzi le ƒe mawo me. Ðe susu ka ta? Le mɔ aɖe nu la, ewɔ esia be yeatsɔ ‘ado wo kpɔ gbã be wodze hã.’ (1 Tim. 3:10) Hafi Biblia Nusrɔ̃viawo nayɔ Mawu ƒe ŋkɔa ɖe wo ɖokuiwo ŋu wòasɔ la, ele be woato woƒe dɔwɔwɔwo dzi aɖee afia Yehowa be eƒe ɖasefowoe yewonye vavã.​—Luka 24:47, 48.

13. Aleke Mawu ƒe Nya la ɖe nya vevitɔ si gbɔ wòle be woakpɔ la ɖe goe?

13 Etɔ̃lia, Yehowa ƒe amewo va kpɔ ale si gbegbe Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ le vevie la dze sii nyuie wu. Le ƒe 1920-awo me la, wova se egɔme be Mawu ƒe ŋkɔa ŋu kɔkɔe nye nya vevitɔ kekeake si gbɔ wòle be woakpɔ. Aleke Mawu ƒe Nyaa ɖe nyateƒenya vevi ma ɖe goe? Bu eƒe kpɔɖeŋu eve ŋu kpɔ. Susu ka koŋ tae Mawu ɖe Israel viwo tso Egipte? Yehowa ŋutɔ gblɔ be: “Bena . . . woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.” (2 Mose 9:16) Eye nu ka tae Yehowa kpɔ nublanui na Israel viwo esi wodze aglã ɖe eŋu? Yehowa gblɔ tso esia hã ŋu be: ‘Mewɔ nu le nye ŋkɔ la ta, ne woagaƒo ɖii le dukɔwo ŋkume o.’ (Eze. 20:8-10) Nu kae Biblia Nusrɔ̃viwo srɔ̃ tso Biblia me nudzɔdzɔ siawo kple bubuawo me?

14. (a) Nu ka gɔmee Mawu ƒe amewo va se le ƒe 1920-awo ƒe nuwuwu lɔƒo? (b) Ŋusẽ kae gɔmesese yeye si su Biblia Nusrɔ̃viawo si la kpɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nu Si Koŋ Ʋãa Mí Míeɖea Gbeƒã” hã.)

14 Le ƒe 1920-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, Mawu ƒe amewo va se nya aɖe si Yesaya gblɔ ɖi ƒe 2,700 aɖewo do ŋgɔ la gɔme nyuie. Egblɔ tso Yehowa ŋu be: “Nèkplɔ wò dukɔ la, be nàde ŋkɔ gã ɖokuiwò ŋu.” (Yes. 63:14) Biblia Nusrɔ̃viawo va se egɔme be Mawu ƒe ŋkɔa ŋu kɔkɔe nye nu vevitɔ, ke menye míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ye o. (Yes. 37:20; Eze. 38:23) Wohe susu yi nyateƒenya ma dzi nyuie le agbalẽ aɖe si wota le ƒe 1929 me, si ŋkɔe nye Nyagblɔɖi (si le yevugbe me), la me be: “Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔe nye nya vevitɔ si dze ŋgɔ nuwɔwɔwo katã.” Gɔmesese yeye sia ʋã Mawu ƒe amewo be woaɖi ɖase tso Yehowa ŋu ahakɔ eƒe ŋkɔa ŋu tso vlodoame si wohe va edzi me.

15. (a) Nu kawo gɔmee mía nɔviwo va se le ƒe 1930-awo me? (b) Nu ka ƒe ɣeyi- ɣie de ɣemaɣi?

15 Kaka ƒe 1930-awo ƒe gɔmedzedze naɖo la, gɔmesese deto va su mía nɔviwo si tso vevienyenye si le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu, dɔ si tututu Mawu di be woawɔ, kple ale si gbegbe Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ le vevie la ŋu. Eya ta ɣeyiɣia de azɔ be Yehowa nana mɔnukpɔkpɔ esubɔlawo be woayɔ yeƒe ŋkɔ ɖe wo ɖokuiwo ŋu. Be míakpɔ ale si esia dzɔe la, mina míadzro ŋutinyamenudzɔdzɔ ʋɛ aɖewo me kpɔ.

Yehowa Tia ‘Dukɔ Aɖe Hena Eƒe Ŋkɔ’

16. (a) Mɔ ɖedzesi ka nue Yehowa do eƒe ŋkɔa ɖe dzi le? (b) Ame kawoe nye dukɔ na Mawu ƒe ŋkɔ tsã?

16 Mɔ ɖedzesi aɖe si nu Yehowa do eƒe ŋkɔa ɖe dzi lee nye be etia dukɔ aɖe le anyigba dzi be yeƒe ŋkɔ nanɔ wo ŋu. Tso ƒe 1513 D.M.Ŋ. dzi heyi la, Israel viwo va zu Yehowa ŋutɔ ƒe dukɔ. (Yes. 43:12) Ke hã, womeva wɔ ɖe nubabla si le woa kple Mawu dome la dzi o, si wɔe be le ƒe 33 M.Ŋ. me la, ƒomedodo tɔxɛ si le woa kplii dome la me gblẽ. Eteƒe medidi o, Yehowa ‘trɔ susu ɖe dukɔwo ŋu eye wòɖe dukɔ aɖe tso wo dome hena eƒe ŋkɔ.’ (Dɔw. 15:14) Wova yɔa dukɔ yeye sia, si me tɔwo nye Kristo yomedzela amesiamina siwo tso dukɔ vovovowo me la, be “Mawu ƒe Israel.”​—Gal. 6:16.

17. Satana ƒe nugbeɖoɖo kae dze edzi nɛ?

17 Le ƒe 44 M.Ŋ. lɔƒo me la, ‘Mawu na wodze Kristo ƒe nusrɔ̃lawo yɔyɔ be Kristotɔwo.’ (Dɔw. 11:26) Le gɔmedzedzea me la, ŋkɔ ma le etɔxɛ elabena Kristotɔ vavãwo sɔŋ koe li ɣemaɣi. (1 Pet. 4:16) Gake abe ale si wòdze le Yesu ƒe lododo si ku ɖe lu kple gbe vɔ̃ɖiawo ŋu me ene la, nugbe si Satana ɖo be yeana woazã ŋkɔ tɔxɛ ma na aʋatso Kristotɔwo hã la dze edzi nɛ. Esia wɔe be vovototo si le Kristotɔ vavãwo kple aʋatso Kristotɔwo dome la megava dze tututu o hena ƒe alafa geɖe. Gake nɔnɔmeawo va te tɔtrɔ le ‘nuŋeɣia,’ si dze egɔme tso ƒe 1914 me. Nu ka tae? Elabena mawudɔlawo dze aʋatso Kristotɔwo ɖeɖe ɖe aga tso Kristotɔ vavãwo ŋu.​—Mat. 13:30, 39-41.

18. Nu kae kpe ɖe mía nɔviwo ŋu wova kpɔe be ele be yewoatsɔ ŋkɔ yeye?

18 Esi Yehowa tia kluvi nuteƒewɔlaa le ƒe 1919 me vɔ la, ekpe ɖe eƒe amewo ŋu wova de dzesi dɔ si wòle be woawɔ la nyuie. Wokpɔe enumake be gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me na yewoto vovo tso aʋatso Kristotɔwo gbɔ. Esi wonya kpɔ esia dze sii ko la, wose egɔme be ŋkɔ “Biblia Nusrɔ̃viwo” mehe susu yi yewoƒe dɔa dzi nyuie o. Woƒe dɔdeasi koŋ ye nye be woaɖi ɖase tso Mawu ŋu, ade bubu eƒe ŋkɔa ŋu ahadoe ɖe dzi, ke menye be woanye Biblia nusrɔ̃viwo ko evɔ o. Ke ŋkɔ kae woatsɔ wòasɔ kple dɔ si wɔm wole? Nya ma ƒe ŋuɖoɖo va le ƒe 1931 me.

Ƒe 1931 takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖia

19, 20. (a) Tameɖoɖo kplikpaa ka dzie vavalawo tsɔ dzidzɔ da asi ɖo le takpekpe aɖe me le ƒe 1931 me? (b) Aleke nɔviwo wɔ nui esi wobia be woada asi ɖe ŋkɔ yeyea dzi?

19 Le July 1931 me la, Biblia Nusrɔ̃vi siwo ade 15,000 la va takpekpe aɖe le Columbus, Ohio, U.S.A. Wokpɔ Eŋlisigbe me ŋɔŋlɔdzesi eve siwo nye J kple W le ɖoɖowɔɖigbalẽvia dzi, eye wonɔ didim be yewoanya nu si wòfia. Wonɔ wo ɖokuiwo biam be, ‘Nu ka tututue ŋɔŋlɔdzesi siawo fia?’ Wo dometɔ aɖewo do susu vovovowo ɖa ku ɖe nu si wòle tsitre ɖi na ŋu. Gake mlɔeba le Kwasiɖagbe, July 26 dzi la, Nɔviŋutsu Joseph Rutherford na vavalawo da asi ɖe tameɖoɖo kplikpa aɖe dzi, si ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Tso fifia dzi heyi la, ŋkɔ si míedi be míatsɔ, si woayɔ na míe nye Yehowa Ðasefowo.” Azɔ hafi vavalawo katã se egɔme be “JW” si woŋlɔ ɖe ɖoɖowɔɖia dzi la fia ale si woyɔa Yehowa Ðasefowo le Eŋlisigbe me (si nye Jehovah’s Witnesses). Yesaya 43:10 dzie wotu ŋkɔ yeye sia ɖo.

20 Vavalawo katã tsɔ gbe sesẽ aɖe lɔ̃ ɖe tameɖoɖo kplikpa sia dzi hesi akpe ɣeyiɣi didi aɖe. Woƒe dzidzɔɣli kple akpesisia ɖi le xexea ƒe afã kloe me elabena amewo nɔ takpekpe sia si wɔm wonɔ le Columbus la sem le radio dzi le teƒeteƒewo. Ernest kple Naomi Barber, siwo le Australia la gblɔ be: “Esi akpesisia ɖi le Amerika kplokplokplo la, nɔvi siwo le Melbourne hã gli kple dzidzɔ hesi akpe eteƒe mekɔ o. Míaŋlɔ nudzɔdzɔ sia be akpɔ gbeɖe o!” a

Wole Mawu Ƒe Ŋkɔ Dom Ðe Dzi Le Xexea Me Godoo

21. Aleke ŋkɔ yeyea de dzo gbeƒãɖeɖedɔa mee?

21 Esi Mawu ƒe amewo tsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo, si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ta la, esia de dzo yeye wo me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Edward Grimes kple srɔ̃a Jessie, siwo nye mɔɖelawo le Amerika, eye wode Columbus takpekpea le ƒe 1931 me la gblɔ be: “Biblia Nusrɔ̃viwoe míenye hafi yi takpekpea, gake kaka míagbɔ la, míezu Yehowa Ðasefowo. Edzɔ dzi na mí be fifia míetsɔ ŋkɔ si awɔe be míado Mawu ƒe ŋkɔ ɖe dzi.” Le takpekpea megbe la, mɔnu yeye si Ðasefo aɖewo zã le gbeƒãɖeɖedɔa me na wodo Mawu ƒe ŋkɔ ɖe dzi vavã. Ne woyi aƒe aɖe me la, wotsɔa agbalẽvi aɖe naa aƒemenɔlaa, si dzi woŋlɔ ɖo be: “YEHOWA ɖasefowoe míenye, eye míele gbeƒã ɖem mía Mawu YEHOWA ƒe Fiaɖuƒea.” Nyateƒee, enye dada na Mawu ƒe amewo be ŋkɔ Yehowa le yewo ŋu, eye wole klalo be yewoaɖe gbeƒã ŋkɔ ma ƒe vevienyenye yi didiƒe ʋĩi ke.​—Yes. 12:4.

“Biblia Nusrɔ̃viwoe míenye hafi yi takpekpea, gake kaka míagbɔ la, míezu Yehowa Ðasefowo”

22. Nu kae ɖo kpe edzi be Yehowa ƒe amewo ɖe dzesi egbea?

22 Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia tso esime Yehowa kpe ɖe mía nɔvi amesiaminawo ŋu wona míetsɔ ŋkɔ sia si na míeto vovo. Tso ɣemaɣi va ɖo fifia ɖe, ɖe Satana te ŋu tsyɔ nu Mawu ƒe amewo dzi be woagaɖe dzesi oa? Ðe wòna wòsesẽ be woakpɔ vovototo si le woawo kple alakpasubɔsubɔhawo dome la dze sia? Kurakura o! Ke boŋ vovototo si le mí Mawu ƒe ɖasefowo kple subɔsubɔha bubuwo dome la yi edzi le dzedzem nyuie fifia wu tsã. (Mixlẽ Mixa 4:5; Maleaxi 3:18.) Ɛ̃, amewo va nya Mawu ƒe ŋkɔa tɔ ɖe mía ŋu ale gbegbe be ne ŋkɔ ma nya do le ame aɖe nu egbea ko la, wogblɔna be Yehowa Ðasefoe wònye. Alakpasubɔsubɔha gbogbo siwo li egbea mete ŋu vu tsyɔ Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ dzi o, ke boŋ ‘eli ke sesĩe eye wòkɔ ta gbɔ towo ŋu.’ (Yes. 2:2) Yehowa subɔsubɔ kple eƒe ŋkɔ kɔkɔea de dzi egbea nyateƒe!

23. Nu vevi kae Psalmo 121:5 na míenya tso Yehowa ŋu, si doa ŋusẽ mí vevie?

23 Aleke gbegbe wòdoa ŋusẽ míi ye nye esi be míenyae be Yehowa akpɔ mía ta tso Satana ƒe amedzidzedzewo me egbea kple etsɔme siaa! (Ps. 121:5) Eya ta esɔ be míawo hã míase le mía ɖokui me abe hakpala ene esime wògblɔ be: “[Dzidzɔtɔwoe nye] dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye; dukɔ, si wòtia wɔ domenyinu na eɖokui.”​—Ps. 33:12.

a Kpɔ Ta 7 lia, axa 72-74, hena nyatakaka siwo ku ɖe radio zazã ŋu.