Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 6

Ame Siwo Ðea Gbeƒã​—Wonye Subɔla Siwo Tsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa

Ame Siwo Ðea Gbeƒã​—Wonye Subɔla Siwo Tsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Míakpɔ ale si Fia la le gbeƒãɖelawo ƒe ha gã aɖe nu ƒom ƒu

1, 2. Dɔ gã ka ŋu nyae Yesu gblɔ ɖi, eye nyabiase vevi kae fɔ ɖe te?

 DUKPLƆLAWO doa ŋugbe geɖe na woƒe dukɔmeviwo gake zi geɖe la, womewɔa edzi o. Wo dometɔ siwo si susu nyui le gɔ̃ hã doa kpo woƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ. Gake enye nu si dea dzi ƒo na mí ŋutɔ be Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia Yesu Kristo ya wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi.

2 Esi Yesu zu Fia le ƒe 1914 me la, ele klalo be yeana nya aɖe si yegblɔ ɖi ƒe 1,900 aɖewo do ŋgɔ la nava eme. Esi wòsusɔ vie Yesu naku la, egblɔe ɖi be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.” (Mat. 24:14) Nya mawo me vava anye eƒe anyinɔɣi le Fiaɖuƒeŋusẽ me ƒe dzesia ƒe akpa aɖe. Gake nyabiase vevi aɖee nye esi: Aleke Fia la awɔ akpɔ ame siwo alɔ̃ faa aɖe gbeƒã le ŋkeke mamlɛawo, si anye ɣeyiɣi si me ɖokuitɔdidi, amemalɔ̃malɔ̃ kple ɖekematsɔmatsɔ le Mawu subɔsubɔ me axɔ aƒe ɖii la me? (Mat. 24:12; 2 Tim. 3:1-5) Ele be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase sia, elabena eka Kristotɔ vavãwo katã.

3. Kakaɖedzi kae nɔ Yesu si, eye nu ka tae kakaɖedzi ma nɔ esi?

3 Gade ŋugble tso nya siwo Yesu zã le eƒe nyagblɔɖi ma me ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã.” Ðe mèkpɔe be kakaɖedzi dze le nya siawo me oa? Ɛ̃, nyateƒee! Yesu ka ɖe edzi bliboe be yeakpɔ ame siwo alɔ̃ faa aɖe gbeƒã le ŋkeke mamlɛawo me. Nu ka tae wòka ɖe edzi nenema? Esrɔ̃ esia tso Fofoa gbɔ. (Yoh. 12:45; 14:9) Hafi Yesu nava zu amegbetɔ la, ekpɔe be Yehowa kana ɖe esubɔlawo dzi be woalɔ̃ atsɔ wo ɖokuiwo ana faa. Mina míadzro ale si Yehowa ɖe kakaɖedzi ma fiae ƒe kpɔɖeŋu aɖewo me kpɔ.

‘Wò Dukɔ Atsɔ Wo Ðokui Ana Faa’

4. Dɔ ka ŋue Yehowa kpe Israel viwo be woakpe asi ɖo, eye aleke wowɔ nui?

4 Èɖo ŋku nu si dzɔ esi Yehowa gblɔ na Mose be wòatu avɔgbadɔ, afi si anye tadeaguƒe na Israel dukɔa la dzia? Yehowa to Mose dzi kpe dukɔa be woakpe asi ɖe dɔa ŋu. Mose gblɔ na wo be: “Ame sia ame si lɔ̃ tso dzi me faa la, nadzɔ nu na Yehowa.” Aleke dukɔa wɔ nui? ‘Woyi edzi nɔ nunanawo tsɔm vɛ le wo ɖokui si ŋdi sia ŋdi.’ Woƒe nudzɔdzɔawo va sɔ gbɔ ale gbegbe be ɖe ‘wova ɖo asi wo dzi be woadzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ’! (2 Mose 35:5; 36:3, 6) Israel viawo wɔ nu wòsɔ ɖe ale si Yehowa ka ɖe wo dzi la nu vavã.

5, 6. Le Psalmo 110:1-3 ƒe nya nu la, nɔnɔme kae Yehowa kple Yesu wokpɔ mɔ be tadeagula vavãwo aɖe afia le ŋkeke mamlɛawo me?

5 Ðe Yehowa le mɔ kpɔm be ye subɔla siwo anɔ anyi le ŋkeke mamlɛawo me hã atsɔ wo ɖokuiwo ana faa? Ɛ̃! Ƒe 1,000 kple edzivɔwo hafi woava dzi Yesu le anyigba dzi la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã David wògblɔ nya aɖe ɖi tso ɣeyiɣi si me Mesia la anɔ dzi ɖum ŋu. (Mixlẽ Psalmo 110:1-3.) Egblɔe ɖi be ne woɖo Yesu Fiae teti la, eƒe futɔwo atsi tsitre ɖe eŋu. Gake ena míenya hã be ame gbogbo aɖewo anɔ eƒe akpa dzi. Menye ɖe Fia la azi wo dzi be woawɔ dɔ na ye o. Sɔhɛwo gɔ̃ hã atsɔ wo ɖokuiwo ana faa, eye woasɔ gbɔ ale gbegbe be woate ŋu atsɔ wo asɔ kple zãmu gbogbo si dzana ɖe anyigba hafi agu dzena. a

Ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea la sɔ gbɔ abe zãmu ƒe tagegewo ene (Kpɔ memama 5)

6 Yesu nyae be nyagblɔɖi si le Psalmo 110 la ku ɖe ye ŋu. (Mat. 22:42-45) Eya ta esɔ be wòaka ɖe edzi be nuteƒewɔla geɖewo anɔ yeƒe akpa dzi ahalɔ̃ faa atsɔ wo ɖokui ana be yewoaɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba bliboa dzi. Nu kae ŋutinyamenudzɔdzɔwo ɖe fia? Ðe Fia la te ŋu kpɔ ame siwo lɔ̃ faa be yewoaɖe gbeƒã le ŋkeke mamlɛ siawo mea?

“Mɔnukpɔkpɔ Kple Agbanɔamedzie Wònye Nam Be Maɖe Gbeƒã Nya La”

7. Esi woɖo Yesu Fiae teti la, afɔ kawoe wòɖe tsɔ dzra eyomedzelawo ɖo ɖe dɔ si le wo ŋgɔ ŋu?

7 Esi woɖo Yesu Fiae teti la, eɖe afɔ siwo hiã tsɔ dzra eyomedzelawo ɖo ɖe dɔ gã si le wo ŋgɔ la ŋu. Abe ale si míekpɔe le Ta Evelia me ene la, eva lé ŋku ɖe Mawu ƒe amewo ŋu le anyigba dzi tso ƒe 1914 va se ɖe ƒe 1919 ƒe gɔmedzedze, eye wòkɔ wo ŋu. (Mal. 3:1-4) Azɔ le ƒe 1919 ma ke me la, eɖo kluvi nuteƒewɔlaa be wòaxɔ ŋgɔ le ye yomedzelawo dome. (Mat. 24:45) Tso ɣemaɣi la, kluvi la toa gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo wònana le takpekpewo kple agbalẽwo me dzi tea gbe ɖe edzi be gbeƒãɖeɖedɔa nye Kristotɔ ɖe sia ɖe ƒe agbanɔamedzi.

8-10. Aleke woto takpekpewo dzi de dzo gbeƒãɖeɖedɔa mee? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ aɖaka si nye “ Takpekpe Gbãtɔ Siwo De Dzo Gbeƒãɖeɖedɔa Me” hã.)

8 Takpekpe me nuƒowo. Le September 1 va se ɖe 8, 1919 dzi la, Biblia Nusrɔ̃viwo tsɔ didi vevie va ƒo ƒu ɖe Cedar Point, Ohio, U.S.A., be yewoaxɔ mɔfiame le takpekpe gã gbãtɔ si woawɔ le Xexemeʋa Gbãtɔ megbe la me. Le takpekpea ƒe ŋkeke evelia dzi la, Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nuƒo aɖe si me wògblɔ na vavalawo katã le be: “Dɔ vevitɔ si wode asi na Kristotɔ le anyigba dzi . . . ye nye be wòaɖe gbeƒã Aƒetɔ la ƒe gbedeasia.”

9 Takpekpea ɖo eƒe ami me le ŋkeke atɔ̃lia dzi esi Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nuƒo aɖe si ƒe tanyae nye: “Na Míaƒe Hadɔwɔlawo.” Emegbe wova ta nuƒo ma me nyawo ɖe Gbetakpɔxɔ me, le tanya si nye “Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea” te. Egblɔ be: “Esɔ be Kristotɔ natɔ sẽe ahabia eɖokui be, ‘Nu ka tae mele anyigba dzi ɖo?’ Eye ele be nya ma ƒe ŋuɖoɖo nanye be, ‘Ðe Aƒetɔ la ve nunye heɖom eteƒenɔla le anyigba dzi be maɖe gbeƒã eƒe amenuveve gbedeasia na xexea, eye mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzie wònye nam be maɖe gbeƒã gbedeasi ma.’”

10 Le nuƒo vevi ma me la, Nɔviŋutsu Rutherford ɖe gbeƒãe be woadze Nunyonameɣi magazinea (si nye Nyɔ! fifia) tata akpe ɖe Gbetakpɔxɔ ŋu, eye be woazãe le gbeadzi atsɔ ahe amewo ƒe susu ayi Fiaɖuƒea dzi be eyae nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Azɔ ebia vavalawo be ame kawoe lɔ̃ faa be yewoakpɔ gome le magazine sia mama me hã. Takpekpea ŋuti nyatakaka aɖe gblɔ be: “Ale si vavalawo wɔ nui la wɔ nuku ŋutɔ. Kaka woabia nyaa, ame akpe ade siwo katã va takpekpea la tso ɖe tsitrenu zi ɖeka.” b Edze ƒãa be Fia la kpɔ ame siwo lɔ̃ faa be yewoanɔ eƒe akpa dzi hedi vevie be yewoaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea!

11, 12. Nya kae ƒe 1920 ƒe Gbetakpɔxɔ aɖe gblɔ tso ɣeyiɣi si me wòle be woawɔ dɔ si ŋu nya Yesu gblɔ ɖi la ŋu?

11 Gbetakpɔxɔ me nyatiwo. Woto numeɖeɖe siwo wona le Gbetakpɔxɔ me dzi na dɔ si ŋu nya Yesu gblɔ ɖi, be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia la me va nɔ kɔkɔm ɖe edzi nyuie. Na míadzro ƒe 1920-awo ƒe kpɔɖeŋu aɖewo me kpɔ.

12 Gbedeasi kae woaɖe gbeƒãe be Mateo 24:14 me nyawo nava eme? Ɣekaɣie woawɔ dɔ sia? Woɖe nu me le July 1, 1920 ƒe Gbetakpɔxɔ me nyati si nye “Fiaɖuƒe Nya Nyui La” me be: “Nya nyui si míeɖea gbeƒãe la ku ɖe nuɖoanyi xoxo sia ƒe nuwuwu kple Mesia fiaɖuƒea ɖoɖo anyi ŋu.” Wotɔ asi ɣeyiɣi si me woaɖe gbeƒã gbedeasi ma la dzi le nyatia me be: “Ele be woaɖe gbeƒã gbedeasi sia tso esime wowɔ Xexemeʋa Gbãtɔ va se ɖe esime ‘xaxa gã la’ nava.” Eya ta wogblɔ le nyatia me be: “Fifiae nye ɣeyiɣi si me . . . wòle be míaɖe gbeƒã nya nyui sia le Kristodukɔa me yi didiƒe ʋĩi ke.”

13. Aleke ƒe 1921 ƒe Gbetakpɔxɔ aɖe de dzi ƒo na Kristotɔ amesiaminawo be woatsɔ wo ɖokuiwo ana faa?

13 Ðe woazi Mawu ƒe amewo dzi hafi woawɔ dɔ si ƒe nya Yesu gblɔ ɖia? Kura o. Nyati si nye “Milé Dzi Ðe Ƒo,” si wota le March 15, 1921 ƒe Gbetakpɔxɔ me la de dzi ƒo na Kristotɔ amesiaminawo be woatsɔ wo ɖokuiwo ana faa. Wode dzi ƒo na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòabia eɖokui be: “Ðe menye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake kple agbanɔamedzie wònye nam be makpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me oa?” Nyatia yi edzi be: “Míeka ɖe edzi be ne ède dzesii be [mɔnukpɔkpɔe wònye na ye be yeakpɔ gome le dɔ sia me la,] ekema ànɔ abe Yeremiya ene, ame si ƒe dzi me Aƒetɔ la ƒe nyaa le ‘abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe eƒe ƒuwo me ene,’ si wɔe be mete ŋu mia nu o.” (Yer. 20:9) Dzideƒonamenya mawo ɖee fia be Yehowa kple Yesu woka ɖe edzi be nuteƒewɔlawo alɔ̃ faa akpe asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu.

14, 15. Le ƒe 1922 me la, mɔ ka dzie Gbetakpɔxɔ de dzi ƒo na Kristotɔ amesiaminawo be woato ana gbedeasia naɖo amewo gbɔ?

14 Mɔ ka dzie Kristotɔ vavãwo ato ana Fiaɖuƒegbedeasia naɖo amewo gbɔ? Nyati kpui ʋãme aɖe si ƒe tanyae nye “Subɔsubɔdɔa Le Vevie,” si wota le August 15, 1922 ƒe Gbetakpɔxɔ me la de dzi ƒo na Kristotɔ amesiaminawo be “woatsɔ agbalẽ siwo me gbedeasia le la ayi na amewo, woaɖe gbeƒã na wo le woƒe aƒewo me ahana woanya be dziƒofiaɖuƒea gogo.”

15 Eme kɔ ƒãa be tso ƒe 1919 dzi heyi la, Kristo zã eƒe kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa tsɔ te gbe ɖe edzi enuenu be mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzie wònye na Kristotɔwo be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia le anyigba dzi. Aleke Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ mawo wɔ nui esi wode dzi ƒo na wo be woakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me?

“Nuteƒewɔlawo Atsɔ Wo Ðokuiwo Ana Faa”

16. Aleke hamemetsitsi aɖewo wɔ nu ɖe mɔfiame si nye be woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ŋu?

16 Le ƒe 1920-awo kple 1930-awo me la, ame aɖewo meda asi ɖe mɔfiame si nye be ele be Kristotɔ amesiaminawo katã nakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me dzi o. November 1, 1927 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖe nu si nɔ dzɔdzɔm la me be: “Ame aɖewo le hamea me egbea siwo le subɔsubɔm le agbanɔamedzinɔƒe abe hamemetsitsiwo ene . . . gake wogbe be yewomade dzi ƒo na nɔviawo woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me o, eye woawo ŋutɔwo hã gbe gomekpɔkpɔ le eme. . . . Wole alɔme ɖem le mɔfiame si nye be woatsɔ gbedeasi si ku ɖe Mawu kple eƒe Fia kpakple Fiaɖuƒea ŋu la ayi na amewo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu la ŋu.” Nyatia na eme kɔ ƒãa be: “Ɣeyiɣia de azɔ be nuteƒewɔlawo nade dzesi nenem me siawo ahaƒo asa na wo, eye woagblɔ na wo be yewomagatia ame siawo tɔgbi be woaxɔ ŋgɔ le yewo dome abe hamemetsitsiwo ene o.” c

17, 18. Aleke hame akpa gãtɔ wɔ nu ɖe mɔfiame si tso kluvi nuteƒewɔlaa gbɔ ŋui, eye le ƒe 100 siwo va yi me la, nu kae ame miliɔn geɖewo lɔ̃ faa be yewoawɔ?

17 Dzidzɔtɔe la, nɔvi siwo le hameawo me dometɔ akpa gãtɔ wɔ ɖe mɔfiame si tso kluvi nuteƒewɔlaa gbɔ la dzi. Wobui be mɔnukpɔkpɔe wònye na yewo be yewoaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia. March 15, 1926 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ tso wo ŋu be: “Nuteƒewɔlawo atsɔ wo ɖokuiwo ana faa . . . be yewoagblɔ gbedeasi sia na amewo.” Nuteƒewɔla siawo wɔ nu wòsɔ ɖe nyagblɔɖi si le Psalmo 110:3 la nu heɖee fia be yewotsɔ yewo ɖokuiwo na faa be yewoawɔ dɔ na Mesia Fia la.

18 Le ƒe 100 siwo va yi me la, ame miliɔn geɖewo lɔ̃ faa tsɔ wo ɖokuiwo na be yewoawɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa. Le ta ʋɛ siwo kplɔe ɖo me la, míadzro ale si wole gbeƒã ɖemee​—mɔnu kple dɔwɔnu siwo zãm wole​—kple nu siwo le dodom tso gbeƒãɖeɖedɔa me la me. Gake gbã la, mina míadzro nu si tae togbɔ be ɖokuitɔdidi ƒe xexe mee míele hã la, ame miliɔn geɖewo tsɔ wo ɖokuiwo na faa hele Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔm la me. Ne míele eme dzrom la, anyo be míabia mía ɖokui be, ‘Nu ka tae wòle be maɖe gbeƒã nya nyuia na amewo?’

“Miyi Edzi Mianɔ Fiaɖuƒe La . . . Dim Gbã”

19. Nu ka tae míewɔna ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye be ‘míayi edzi anɔ Fiaɖuƒea dim gbã’ la dzi?

19 Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be ‘woayi edzi anɔ Fiaɖuƒe la dim gbã.’ (Mat. 6:33) Nu ka tae míewɔna ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi? Susu vevitɔae nye be míekpɔ Fiaɖuƒea ƒe vevienyenye dze sii, be eya dzie Mawu ato ana eƒe tameɖoɖo nava eme. Abe ale si míekpɔe le ta si do ŋgɔ me ene la, gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu vivivi wova se Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒe dodzidzɔname geɖewo gɔme. Ne Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒe veviwo ge ɖe míaƒe dzi me la, esia ʋãa mí be míadi Fiaɖuƒea gbã.

Abe ale si ŋutsu si ke ɖe kesinɔnu aɖe si woɣla ŋu kpɔ dzidzɔe ene la, nenema kee Kristotɔwo hã kpɔa dzidzɔ be yewoke ɖe nyateƒea ŋu (Kpɔ memama 20)

20. Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe kesinɔnu si woɣla ŋu la ɖee fia be eyomedzelawo awɔ ɖe nuxlɔ̃ame si wòna be woayi edzi anɔ Fiaɖuƒea dim gbã la dzi?

20 Yesu nya be ye yomedzelawo awɔ ɖe nuxlɔ̃ame si yena wo be woayi edzi anɔ Fiaɖuƒea dim gbã la dzi. Esia dze le kpɔɖeŋu si wòwɔ tso kesinɔnu si woɣla ɖe agble me ŋu la me. (Mixlẽ Mateo 13:44.) Yesu ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be esi apadɔwɔla aɖe le eƒe gbe sia gbe dɔ wɔm le agble aɖe me la, eva ke ɖe kesinɔnu aɖe si woɣla ŋu, eye enumake ekpɔ asixɔxɔ si le eŋu la dze sii. Nu kae wòwɔ? “Le dzidzɔ si wòkpɔ ta la, eyi ɖadzra nu sia nu si le esi, eye wòƒle agble la.” Nufiame kae le eme na mí? Ne míeke ɖe Fiaɖuƒe nyateƒea ŋu hekpɔ asixɔxɔ si le eŋu dze sii la, ele be dzi nadzɔ mí míatsɔ nu sia nu si hiã la sa vɔe ale be míayi edzi atsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. d

21, 22. Aleke Fiaɖuƒea ƒe akpadzinɔla wɔnuteƒewo ɖenɛ fiana be yewole Fiaɖuƒea dim gbã? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

21 Menye ɖeko Fiaɖuƒea ƒe akpadzinɔla wɔnuteƒewo gblɔna be yewole Fiaɖuƒea dim gbã ko evɔ o, woɖenɛ fiana le woƒe nuwɔnawo hã me. Wozãa woƒe agbe, ŋutete, kple nunɔamesiwo tsɔ doa Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ɖe ŋgɔ. Ame geɖe tsɔ nu geɖewo sa vɔe hele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Gbeƒãɖela siwo katã tsɔ wo ɖokuiwo na faa alea la kpɔe be Yehowa yraa ame siwo tsɔa Fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe gbãtɔ la vavã. Mina míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa.

22 Avery Bristow kple srɔ̃a Lovenia wodze nyanyuikakadɔa (alo mɔɖeɖedɔa) gɔme le Amerika ƒe anyiehedu aɖe me le ƒe 1920-awo ƒe nuwuwu lɔƒo. Le ƒe aɖewo megbe la, Lovenia gblɔ be: “Tso ɣemaɣi la, nye kple Avery míekpɔ dzidzɔ le mɔɖeɖedɔa me ƒe geɖe. Ete ŋu dzɔna zi geɖe be ɣeaɖewoɣi la, míenyana afi si tututu míakpɔ ga le adze mɔ̃memi alo aƒle nu siwo míaɖa aɖu o. Gake Yehowa toa mɔ aɖe dzi kpena ɖe mía ŋu godoo. Esia na míeyi mɔɖeɖedɔa dzi. Nu siwo míehiã ŋutɔŋutɔ la sua mía si ɣesiaɣi.” Lovenia ɖo ŋku edzi be gbe ɖeka esi yewonɔ subɔsubɔm le Florida ƒe du si nye Pensacola me la, ga vɔ le yewo si keŋkeŋ eye naneke hã meli yewoaɖa o. Gake kaka yewoagbɔ va aƒe me la, yewokpɔ akplo gã eve siwo yɔ fũu kple nu siwo yewoate ŋu aɖa aɖu, eye woŋlɔ kpe ɖe eŋu be: “Etso mia nɔvi lɔlɔ̃ siwo le Pensacola Hamea me gbɔ.” Esi Lovenia nɔ nu ƒom tso ƒe gbogbo siwo wotsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae ŋu la, egblɔ be: “Yehowa megblẽ mí ɖi kpɔ gbeɖe o. Mena míaƒe ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu zu dzodzro ɣeaɖekeɣi kpɔ o.”

23. Aleke nèsena le ɖokuiwò me le Fiaɖuƒe nyateƒe si ŋu nèva ke ɖo la ŋu, eye nu kae nye wò tameɖoɖo kplikpaa?

23 Mí katã míate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa sɔsɔe o. Nɔnɔme siwo me tom mía dometɔ ɖe sia ɖe le la to vovo. Ke hã, ele be mí katã míakpɔe be mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míaɖe gbeƒã nya nyuia tso luʋɔ blibo me. (Kol. 3:23) Esi míekpɔ asixɔxɔ si le Fiaɖuƒe nyateƒe si ŋu míeke ɖo ŋu la dze sii ta la, míelɔ̃ faa—ɛ̃, míedi vevie​—be míatsɔ nu sia nu si hiã la sa vɔe ale be míawɔ subɔsubɔdɔa bliboe ale si míate ŋui. Ðe menye emae nye wò tameɖoɖo kplikpaa oa?

24. Nu vevitɔ siwo wɔm Fiaɖuƒea le le ŋkeke mamlɛ siawo me la dometɔ ɖeka ɖe?

24 Nyateƒee, le ƒe 100 siwo va yi me la, Fia la na eƒe nyagblɔɖi si le Mateo 24:14 la le eme vam. Gake menye ɖe wòle amewo dzi zim be wòawɔ dɔ sia o. Eyomedzelawo ɖe wo ɖokui ɖa tso ɖokuitɔdidi ƒe xexe sia me hetsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoaɖe gbeƒã. Ale si wole gbeƒã ɖem nya nyuia le xexea me katã la nye Yesu ƒe anyinɔɣi le Fiaɖuƒeŋusẽ me ƒe dzesia ƒe akpa aɖe, eye wòganye nu vevitɔ siwo wɔm Fiaɖuƒea le le ŋkeke mamlɛ siawo me la dometɔ ɖeka.

a Le Biblia me la, wozãa zãmu tsɔ hea susu yia nuwo alo amewo ƒe agbɔsɔsɔ dzi zi geɖe.​—1 Mose 27:28; Mixa 5:6.

b Wogblɔ le agbalẽvi si ƒe tanyae nye Ame Siwo Wotsɔ Dɔa De Asi Na (si le yevugbe me) me be: “Ðe wota Nunyonameɣi magazinea be míazãe atsɔ aɖe gbeƒã fiaɖuƒegbedeasia tso aƒe me yi aƒe me. . . . Ne míeɖe gbeƒã le aƒe aɖe me vɔ la, ele be míana magazine sia ɖeka aƒemenɔlaa, ne mewɔ eƒe nudɔdɔ o gɔ̃ hã.” Tso ɣemaɣi la, wode dzi ƒo na nɔviawo ƒe geɖe be woana amewo nawɔ Nunyonameɣi magazinea kple Gbetakpɔxɔ ƒe nudɔdɔ wòanɔ vavam na wo ɣleti sia ɣleti. Tso February 1, 1940 dzi la, wode dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo be woana magazineawo ame sia ame le gbeadzi eye woabu agbɔsɔsɔ si wona ƒe akɔnta.

c Ɣemaɣia, ɖe hamea daa akɔ hetiaa hamemetsitsiwo. Eya ta hamea ate ŋu agbe be yewomada akɔ na ame siwo meda asi ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔ wɔwɔ ƒe ɖoɖoa dzi o. Míadzro ale si wova trɔ ɖe hamemetsitsiwo ɖoɖo le teokrasimɔ nu ŋu la me le Ta 12 lia me.

d Yesu he susu yi nya sia tɔgbi ke dzi le kpɔɖeŋu si wòwɔ ku ɖe asitsala mɔzɔla si le tsatsam le dzonu xɔasi dim ŋu la me. Esi asitsalaa ke ɖe eŋu la, edzra nu sia nu si le esi eye wòƒlee. (Mat. 13:45, 46) Kpɔɖeŋu eveawo fia mí hã be mɔ vovovowo dzie míetona kena ɖe Fiaɖuƒe nyateƒea ŋu. Ame aɖewo va kena ɖe eŋu le vo me, eye ame aɖewo hã dinɛ hafi va kena ɖe eŋu. Gake mɔ ka ke dzi míeto ke ɖe eŋu o, míelɔ̃na faa tsɔa nuwo saa vɔe ale be míatsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.