Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 8

Dɔwɔnu Siwo Wotsɔ Le Gbeƒã Ðem​—Agbalẽwo Tata Be Woatsɔ Aɖe Gbeƒã Le Xexea Me Katã

Dɔwɔnu Siwo Wotsɔ Le Gbeƒã Ðem​—Agbalẽwo Tata Be Woatsɔ Aɖe Gbeƒã Le Xexea Me Katã

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Ale si Yehowa yi edzi le dɔwɔnu siwo hiã la nam mí be míatsɔ aɖe gbeƒã nya nyuia na amewo le dukɔ sia dukɔ, to sia to, kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me

1, 2. (a) Nu kae wɔe be nya nyuia kaka ɖe Roma Fiaɖuƒe bliboa me le ƒe alafa gbãtɔ me? (b) Nu kae ɖo kpe edzi be Yehowa le mɔ fiam mí egbea? (Kpɔ aɖaka si nye “ Wole Nya Nyuia Gɔme Ðem Ðe Gbe Siwo Wu 670 Me”)

 LE ƑE 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, ame siwo ɖi tsa yi Yerusalem la kpɔ nu wɔmoyaa aɖe teƒe. Wosee Galileatɔwo le dutagbe vovovowo dom memie eye nya siwo sem wole hã wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe. Gbɔgbɔ kɔkɔea ye va nusrɔ̃lawo dzi wole gbe bubuwo dom nukutɔe wònye kpeɖodzi be Mawu le megbe na wo. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 2:1-8, 12, 15-17.) Ameƒomevi vovovo siwo tso teƒe vovovo ye va se nya nyui si woɖe gbeƒãe gbe ma gbe, eye esia wɔe be nya nyui sia va kaka ɖe Roma Fiaɖuƒe bliboa me emegbe.​—Kol. 1:23.

2 Mawu subɔlawo medoa gbe vovovowo nukutɔe egbea o. Ke hã, woɖea Fiaɖuƒegbedeasia gɔme ɖe gbe siwo wu 670 me, si wɔe be wole gbeƒã ɖem le gbegbɔgblɔ geɖe me egbea wu ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. (Dɔw. 2:9-11) Agbalẽ gbogbo siwo gbegbe Mawu ƒe amewo le tatam ɖe gbe geɖewo me la wɔe be Fiaɖuƒegbedeasia ɖo anyigba ƒe afi sia afi. a Esia hã nye kpeɖodzi sẽŋu aɖe be Yehowa to Fia Yesu Kristo dzi le mɔ fiam mí le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Mat. 28:19, 20) Mina míadzro dɔwɔnu siwo míezã le dɔ sia wɔwɔ me le ƒe 100 siwo va yi me la me, ne míakpɔ ale si Fia la na hehe mí vivivi be míate ɖe ame ɖekaɖekawo ŋu ahafia Mawu ƒe Nya la woe.​—2 Tim. 2:2.

Fia La Na Dɔwɔnuwo Eƒe Dɔwɔlawo Be Woatsɔ Aƒã Nyateƒea Ƒe Nukuwo

3. Nu ka tae míezãa dɔwɔnu vovovowo le gbeƒãɖeɖedɔa me?

3 Yesu tsɔ “Fiaɖuƒe la ŋuti nya la” sɔ kple nukuwo eye wòtsɔ amewo ƒe dzi sɔ kple anyigba. (Mat. 13:18, 19) Abe ale si ko agbledela zãa dɔwɔnu vovovowo tsɔ dzoboa anyigba hedzranɛ ɖo be nuku nawɔ le edzi nyuie ene la, Yehowa ƒe amewo hã zãa dɔwɔnu vovovowo be woatsɔ adzra ame miliɔn geɖewo ƒe dzi ɖo woaxɔ Fiaɖuƒegbedeasia. Wozã dɔwɔnuawo dometɔ aɖewo hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Wogakpɔtɔ le ɖewo ya zãm, abe agbalẽwo kple magazinewo ene, eye wole vi geɖe ɖem. Mɔnu siwo me míedzro le ta si do ŋgɔ me la dometɔ akpa gãtɔ nye esiwo míezã tsɔ ɖe gbeƒã na ame hahowo, gake dɔwɔnu siwo katã me míadzro le ta sia me ya nye esiwo kpe ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ŋu wote ɖe ame ɖekaɖekawo ŋu.​—Dɔw. 5:42; 17:2, 3.

Wole agbaƒomɔ̃wo kple nyasemɔ̃wo wɔm le Toronto, Canada

4, 5. Alekee wozã agbaƒomɔ̃ le gbeadzi, eye kuxi kae le ezazã ŋu?

4 Nuƒo siwo woléna ɖe agbawo dzi. Tso ƒe 1930-awo va se ɖe 1940-awo me la, gbeƒãɖelawo tsɔa agbaƒomɔ̃ ɖe asi yia amewo gbɔ heƒoa Biblia me nuƒo siwo wolé ɖe agbawo dzi la na wo. Wonyea nuƒo kpui siwo medea miniti atɔ̃ o. Tanya kpuiwo nɔa nuƒoawo si ɣeaɖewoɣi, abe “Mawuɖekaetɔ̃,” “Ŋutiklɔdzo,” kple “Fiaɖuƒe” ene. Aleke wozãa agba siawoe? Nɔviŋutsu Clayton Woodworth, Jr., si xɔ nyɔnyrɔ le United States le ƒe 1930 me la gblɔ be: “Metsɔa agbaƒomɔ̃ sue si le abe akplo ene eye wotsɔa asi tronɛ hafi wòwɔa dɔ la ɖe asi yia amewo gbɔ. Ɣesiaɣi si mazãe la, ele be matsɔ asileƒe la aƒo ɖe eme ahatroe, eye ele be madee nyuie hafi atroe be nyawo naɖi nyuie. Ne meɖo ʋɔtru aɖe nu la, meɖea agbaƒomɔ̃a dana ɖi hedea eƒe asileƒe si wotrona la hafi ƒoa ʋɔa. Ne aƒemenɔlaa ʋu ʋɔa la, megblɔna be, ‘Metsɔ nya vevi aɖe vɛ be maƒo nase.’” Aleke amewo wɔa nui? Nɔviŋusu Woodworth yi edzi be: “Zi geɖe la, amewo ɖea ɖetsɔleme fiana. Gake ɣeaɖewoɣia, ɖeko amewo léa ʋɔa tuna gbla. Eye ɣeaɖewoɣi hã, amewo susuna be ɖe mele agbaƒomɔ̃a dzram.”

Kaka ƒe 1940 naɖo la, nuƒo vovovo 90 ye wolé ɖe agbawo dzi, eye agba siwo dzi wolé wo ɖo la ƒe xexlẽme wu miliɔn ɖeka

5 Kaka ƒe 1940 naɖo la, nuƒo vovovo 90 ye wolé ɖe agbawo dzi, eye agba siwo dzi wolé wo ɖo la ƒe xexlẽme wu miliɔn ɖeka. Nɔviŋutsu John E. Barr si nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Britain ɣemaɣi eye emegbe wòva nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ la gblɔ be: “Tso ƒe 1936 va se ɖe 1945 me la, metsɔa agbaƒomɔ̃ ɖe asi ɣesiaɣi hafi yia gbeadzi. Ne meyi gbeadzi ɣemaɣi eye nyemetsɔe ɖe asi o la, nyemenyana nya si tututu magblɔ o. Ne mele Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒo siwo le agbawo dzi ƒom le ʋɔtruawo nu la, edea dzi ƒo nam ŋutɔ; ɖeko wòwɔna nam abe eya ŋutɔe le gbɔnye ene. Ke hã, kuxi si le agbaƒomɔ̃ zazã ŋue nye be menana gbeƒãɖelaa ŋutɔ tua nufiafia ŋutete ɖo be wòaɖo amewo ƒe dzi gbɔ o.”

6, 7. (a) Aleke ɖaseɖigbalẽviwo zazã ɖe vii, eye kuxi kawoe le ezazã ŋu? (b) Aleke Yehowa ‘va tsɔ nya si míagblɔ la de mía nui’?

6 Ðaseɖigbalẽviwo. Tso ƒe 1933 ƒe gɔmedzedze la, wodea dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woazã ɖaseɖigbalẽviwo le gbeadzi. Ðaseɖigbalẽvia ƒe didime le abe sentimeta 12 kple afã ene, eye eƒe kekeme le abe sentimeta 7 kple afã ene. Biblia me gbedeasi kpui aɖe kple agbalẽ si aƒemenɔlaa ate ŋu axɔ ŋuti numeɖeɖe kpui aɖe nɔa edzi. Gbeƒãɖelaa ƒe dɔ koe nye be wòatsɔ ɖaseɖigbalẽvia na aƒemenɔlaa be wòaxlẽe agatrɔe na ye. Nɔvinyɔnu Lilian Kammerud si va zu dutanyanyuigblɔla le Puerto Rico kple Argentina emegbe la gblɔ be: “Ðaseɖigbalẽvia zazã doa dzidzɔ nam.” Nu ka tae? Egblɔ be: “Menye mí katãe ate ŋu adzra dzeɖonya nyuiwo ɖo agblɔ o, eya ta ɖaseɖigbalẽvia kpena ɖe ŋunye mete ŋu tena ɖe amewo ŋu bɔbɔe.”

Ðaseɖigbalẽvi (Italiagbe me tɔ)

7 Nɔviŋutsu David Reusch si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1918 me gblɔ be: “Ðaseɖigbalẽviwo zazã kpe ɖe nɔviawo ŋu ŋutɔ, elabena wo dometɔ akpa gãtɔ menya nya si tututu woagblɔ le gbeadzi o.” Gake kuxiwo le dɔwɔnu sia hã zazã ŋu. Nɔviŋutsu Reusch gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia míedoa go ame aɖewo siwo susuna be mumuwoe míenye. Le mɔ aɖe nu la, mía dometɔ aɖewo mate ŋu aƒo nu o nyateƒe, elabena míenya nya si míagblɔ o. Gake ɖe Yehowa nɔ mía dzram ɖo abe esubɔlawo ene be míatsɔ eƒe nya ayi na amewo. Eteƒe medidi hafi wòtsɔ nya si míagblɔ de mía nu o, elabena wova fia ale si míazã Ŋɔŋlɔawo le ʋɔtruwo nui mí. Esia va eme to Teokrasi Subɔsubɔ Suku si gɔme wodze le ƒe 1940-awo me dzi.”​—Mixlẽ Yeremiya 1:6-9.

8. Aleke nàɖe mɔ Kristo nana hehe wòe?

8 Agbalẽwo. Tso ƒe 1914 me ke la, Yehowa ƒe amewo ta Biblia srɔ̃gbalẽ vovovo 100 kple edzivɔwo. Wota agbalẽ siawo dometɔ aɖewo koŋ be woatsɔ ana hehe gbeƒãɖelawo be woafia nu nyuie le gbeadzi. Anna Larsen si tso Denmark eye wònye gbeƒãɖela ƒe 70 sɔŋ gblɔ be: “Yehowa to Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple sukugbalẽ vovovo siwo wota dzi kpe ɖe mía ŋu be míanye gbeƒãɖela bibiwo. Meɖo ŋku edzi be agbalẽ siawo dometɔ gbãtɔe nye Teokrasi Kpekpeɖeŋu Na Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo, si woɖe ɖe go le ƒe 1945 me (ele yevugbe me). Bubue nye ‘Wole Dzadzraɖoɖi Na Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ,’ si woɖe ɖe go le ƒe 1946 me (ele yevugbe me). Esi le mía si fifiae nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò, si woɖe ɖe go le ƒe 2001 me.” Ɛ̃, Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple sukugbalẽ siwo katã wota la wɔ akpa vevi aɖe le hehe si nam Yehowa le mí be ‘míadze nyuie anye ye subɔlawo’ la me. (2 Kor. 3:5, 6) Èŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua mea? Ðe nètsɔa wò Subɔsubɔ Suku gbalẽa ɖe asi yia kpekpea kwasiɖa sia kwasiɖa hekplɔa sukudzikpɔlaa ɖo ne ele nya xlẽm tso emea? Ne èwɔnɛ la, ekema èle mɔ ɖem be Kristo nana hehe wò be nànye nufiala bibi.​—2 Kor. 9:6; 2 Tim. 2:15.

9, 10. Akpa vevi kae agbalẽwo wɔ le nyateƒea ƒe nukuwo ƒaƒã kple tsi dede wo me?

9 Yehowa to agbalẽ siwo tam eƒe habɔbɔa le be gbeƒãɖelawo natsɔ aɖe Biblia ƒe nufiafia veviwo me la hã dzi le kpekpem ɖe mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee la ɖe kpe ŋutɔ. Wotae zi gbãtɔ le ƒe 1968 me, eye emetsonu nyuiawo te dzedze enumake. November 1968 ƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ka nya ta be: “Amewo hiã Nyateƒe gbalẽa le gbeadzi ale gbegbe be le September me la, wowɔ zãdɔwɔwɔ ƒe ɖoɖo tɔxɛ aɖe le Brooklyn agbalẽtaƒea be woatsɔ akpɔ hiahiã ma gbɔ.” Nyatakakaa yi edzi be: “Ɣeaɖeɣi le August me la, Nyateƒe gbalẽ agbɔsɔsɔ si hameawo dɔ la sɔ gbɔ wu esi wotana la miliɔn 1 kple afã sɔŋ!” Kaka ƒe 1982 naɖo la, wota agbalẽ sia ƒe kɔpi miliɔn 100 kple edzivɔ ɖe gbegbɔgblɔ 116 me. Le ƒe 14 me (tso ƒe 1968 va se ɖe ƒe 1982 me) la, Nyateƒe gbalẽa zazã wɔe be ame siwo wu miliɔn ɖeka va zu gbeƒãɖelawo. b

10 Le ƒe 2005 me la, woɖe Biblia srɔ̃gbalẽ bubu, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ɖe go, si gale kpe ɖem ŋutɔ. Va se ɖe fifia la, wota miliɔn 200 kple edzivɔwo xoxo ɖe gbegbɔgblɔ 256 sɔŋ me! Nu kae do tso eme? Le ƒe adre pɛ ko me (tso ƒe 2005 va se ɖe 2012 me) la, ame miliɔn 1, akpe 200 sɔŋ ye va zu nya nyui gbeƒãɖelawo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ame siwo míesrɔ̃a Biblia kplii la dzi ɖe edzi tso miliɔn 6 va ɖo miliɔn 8, akpe 700 kple edzivɔ. Ðikeke mele eme o be Yehowa le yayram ɖe agbagba siwo dzem míele be míaƒã Fiaɖuƒe nyateƒea ƒe nukuwo ahade tsi wo la dzi ale gbegbe.​—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 3:6, 7.

11, 12. Le mawunyakpukpui siwo woyɔ nu la, ame vovovo kawoe wotaa míaƒe magazine vovovoawo na?

11 Magazinewo. Le gɔmedzedzea me la, “alẽha sue” la me tɔwo, siwo nye “dziƒoyɔyɔ gome kpɔlawo,” koŋue wotaa Gbetakpɔxɔ magazinea na. (Luka 12:32; Heb. 3:1) Le October 1, 1919 dzi la, Yehowa ƒe habɔbɔa ɖe magazine bubu ɖe go, si ŋu wotrɔ asi le na ame siwo menye Yehowa subɔlawo o. Ame geɖe va kpɔa dzidzɔ ɖe magazine sia si Biblia Nusrɔ̃viwo mana la ŋu ale gbegbe be, ƒe aɖewo va yi la, eƒe xexlẽme si wotana la sɔa gbɔ wu Gbetakpɔxɔ tɔ sãsãsã. Gbã la, woyɔ magazine ma be Nunyonameɣi magazine. Le ƒe 1937 me la, wova trɔ eƒe ŋkɔ be Akɔfafa (ele yevugbe me). Eye le ƒe 1946 me la, wova na ŋkɔe be Nyɔ!

12 Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wotrɔ asi le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ƒe atsyã kple dzedzeme ŋu, gake taɖodzinu si le wo ŋu, si nye be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ahakpe ɖe amewo ŋu woaka ɖe Biblia dzi, ya metrɔ o. Egbea, Gbetakpɔxɔ ƒomevi evee wotana: esi míesrɔ̃na kple esi míemana. Aƒetɔ la ƒe “aƒemesubɔviwo,” siwo nye “alẽha sue” la kple ‘alẽ bubuawo,’ koŋ ye wotaa esi míesrɔ̃na la na. c (Mat. 24:45; Yoh. 10:16) Wotrɔ asi le esi míemana ya ŋu na ame siwo menya nyateƒea haɖe o gake wodea bubu Mawu kple Biblia ŋu. (Dɔw. 13:16) Ame siwo menya nu boo aɖeke tso Yehowa, Mawu vavã la, kple Biblia ŋu o koŋue wotaa Nyɔ! na.​—Dɔw. 17:22, 23.

13. Nu kae ɖe dzesi le míaƒe magazinewo ŋu? (Midzro aɖaka si nye “ Agbalẽ Siwo Wotana Wu Le Xexea Me” hã me.)

13 Tso ƒe 2014 ƒe gɔmedzedze la, wotaa Nyɔ! siwo wu miliɔn 44 kple Gbetakpɔxɔ siwo ade miliɔn 46 sɔŋ ɣleti sia ɣleti. Woɖea Nyɔ! gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 100 me, eye Gbetakpɔxɔ hã ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 200 me, si wɔe be wonye magazine siwo gɔme woɖena hetana wu ɖe sia ɖe le xexea me godoo! Togbɔ be esia ɖe dzesi ŋutɔ hã la, mele be wòawɔ nuku na mí o. Elabena gbedeasi si Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒã le anyigba bliboa dzi ye le magazine siawo me.​—Mat. 24:14.

14. Nu ka ŋue míetsɔa dzo ɖo vevie, eye nu ka tae?

14 Biblia. Le ƒe 1896 me la, Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛwo trɔ ŋkɔ si wona habɔbɔ si wozãna le se nu tsɔ taa míaƒe agbalẽwo la ale be nya “Biblia” nadze le eme; eya ta ŋkɔa va zu Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ. Tɔtrɔ sia sɔ ŋutɔ elabena tso gbe aɖe gbe ke la, Bibliae nye dɔwɔnu vevitɔ si wotsɔ kakaa Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. (Luka 24:27) Le ɖekawɔwɔ me kple ŋkɔ sia si wozãna na habɔbɔa le se nu la, Mawu ƒe amewo tsɔa dzo ɖe Biblia tata kple dzidedeƒo na amewo be woaxlẽe ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1926 me la, míeta Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔ aɖe, (The Emphatic Diaglott) si gɔme Benjamin Wilson ɖe la le mía ŋutɔ míaƒe agbalẽtaƒe. Tso ƒe 1942 me la, míeta Biblia bubu (King James Version) ƒe kɔpi 700,000 sɔŋ hemae na amewo. Le ƒe eve pɛ ko megbe la, míegadze Biblia bubu (American Standard Version) si me Yehowa ƒe ŋkɔ dze le le teƒe 6,823 sɔŋ la tata gɔme. Kaka ƒe 1950 naɖo la, míema Biblia sia ƒe kɔpi 250,000 kple edzivɔ.

15, 16. (a) Nu kae doa dzidzɔ na wò le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa ŋu? (Midzro aɖaka si nye “ Wole Tsɔtsɔe Dom Biblia Gɔmeɖeɖe” hã me.) (b) Aleke nàɖe mɔ Yehowa naɖo wò dzi gbɔe?

15 Le ƒe 1950 me la, woɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo​—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa ɖe go le Eŋlisigbe me. Eye woƒo Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa ƒe babla vovovoawo nu ƒu heɖee ɖe go wònye agbalẽ ɖeka le ƒe 1961 me. Gɔmeɖeɖe sia de bubu Yehowa ŋu, elabena le eƒe Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, wogbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔa ɖo teƒe siwo wòdze le le Hebrigbe gbãtɔa me. Azɔ hã, Mawu ƒe ŋkɔa dze le teƒe 237 sɔŋ le Biblia sia ƒe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, wogbugbɔna toa eme hetrɔa asi le emenyawo ŋu be wòade pɛpɛpɛ ahanya xlẽ bɔbɔe. Wowɔ asitɔtrɔ sia tɔgbi nyitsɔ laa, le ƒe 2013 me. Va se ɖe ƒe 2013 ma me la, wota Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe miliɔn 201 kple edzivɔ ɖe gbegbɔgblɔ 121 sɔŋ me.

16 Aleke ame aɖewo se le wo ɖokui me esi woxlẽ Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa le wo degbe me? Ŋutsu aɖe si tso Nepal gblɔ be: “Le ame geɖe gome la, Nepalgbe me Biblia xoxo si le mía si la gɔmesese sesẽ, elabena wozã nya siwo amewo megazãna egbea o le eme. Gake fifia míate ŋu axlẽ Biblia yeye sia ase egɔme bɔbɔe, elabena wozã nya siwo míezãna gbe sia gbe la le eme.” Esi nyɔnu aɖe si le Central African Republic xɔ Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa le Sangogbe me hete exexlẽ la, aɖatsi dze gege le mo nɛ wògblɔ be: “Fifia mate ŋu axlẽ Mawu ƒe Nyaa le mía degbe me wòade dzi gbɔ nam.” Abe nyɔnu ma ene la, ne míawo hã míexlẽa Biblia gbe sia gbe la, ke míele mɔ ɖem be Yehowa naƒo nu na mí wòaɖo míaƒe dzi gbɔ.​—Ps. 1:2; Mat. 22:36, 37.

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Dɔwɔnu Kple Hehe Siwo Nam Wole Mí Ŋu

17. Aleke nàɖee afia be yekpɔa ŋudzedze ɖe dɔwɔnu kple hehe siwo wonaa mí ŋu, eye nu kae ado tso esia wɔwɔ me?

17 Ðe nèkpɔa ŋudzedze ɖe dɔwɔnu kple hehe siwo Fia Yesu Kristo yi edzi le mía nam ŋua? Ðe nèdia ɣeyiɣi xlẽa agbalẽ siwo Mawu ƒe habɔbɔa tana, eye nèzãa wo tsɔ kpena ɖe ame bubuwo ŋua? Ne èwɔnɛ la, ke wò hã àte ŋu agblɔ nya siwo Nɔvinyɔnu Opal Betler, si xɔ nyɔnyrɔ le October 4, 1914 dzi la gblɔ. Egblɔ be: “Le ƒe siwo va yi me la, nye kple srɔ̃nye [Edward] míezã agbaƒomɔ̃ kple ɖaseɖigbalẽviwo le gbeƒãɖeɖedɔa me. Míezã agbalẽwo, agbalẽviwo, kple magazinewo hã tsɔ ɖi ɖase tso aƒe me yi aƒe me. Míekpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛwo kple gbɔlɔlɔwo me eye míema gbedeasi siwo wota ɖe agbalẽviwo me. Emegbe wona hehe mí be míawɔ gbugbɔyiɖakpɔewo [si míeyɔna fifia be tɔtrɔyiwo] ahasrɔ̃ Biblia kple ɖetsɔlemetɔwo le woƒe aƒewo me. Enye dzidzɔ na mí be míebiã ŋku ɖe dɔ siawo ŋu le míaƒe agbe me.” Yesu do ŋugbe be ye yomedzelawo ƒe ŋku abiã ɖe nukuwo ƒaƒã kple exaxa ŋu, eye woakpɔ dzidzɔ ɖekae le esia wɔwɔ me. Abe Opal ene la, ame miliɔn geɖe ate ŋu aɖo kpe edzi be ŋugbedodo ma le eme vam nyateƒe.​—Mixlẽ Yohanes 4:35, 36.

18. Mɔnukpɔkpɔ gã kae su mía si?

18 Ame siwo mele Fiaa ƒe akpa dzi fifia o dometɔ geɖe ate ŋu abu Mawu ƒe amewo be wonye “ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo.” (Dɔw. 4:13) Gake bu eŋu kpɔ lo: Fia la na ame tsɛ siawo le agbalẽtatadɔ gã nyadri aɖe wɔm​—woawoe le agbalẽ siwo gɔme woɖena ɖe gbe geɖewo me hemaa wo wu ɖe sia ɖe le xexea me la tam! Gawu la, Fia la naa hehe mí hedea didia mía me be míazã dɔwɔnu siawo atsɔ akaka nya nyuia na amewo le dukɔ sia dukɔ me. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye na mí be míele dɔ wɔm kple Kristo le nyateƒea ƒe kuwo ƒãm hele nuku geɖe ŋem tso eme esi nusrɔ̃lawo le dzidzim ɖe edzi!

a Le ƒe 10 siwo va yi ɖeɖe ko me la, Yehowa ƒe amewo trɔ asi le agbalẽwo kple nu bubu siwo dzro Biblia me nyawo me la biliɔn 20 kple edzivɔwo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame biliɔn 2, miliɔn alafa 7 kple edzivɔ siwo zãa Internet le xexea me godoo hã ate ŋu ayi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea.

b Biblia srɔ̃gbalẽ bubu siwo kpe ɖe nɔviawo ŋu va yi dometɔ aɖewoe nye Mawu Ƒe Saŋku (wotae le ƒe 1921 me, ele yevugbe me), “Mawu Nanye Nyateƒetɔ” (wotae le ƒe 1946 me, ele yevugbe me), Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi (wotae le ƒe 1982 me), kple Sidzedze Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me (woatae le ƒe 1995 me).

c Woɖe ale si míeva se ame siwo nye “aƒemesubɔviwo” gɔmee fifia la me le July 15, 2013 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 23, memama 13 lia me.