Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 10

Fia La Le Eƒe Amewo Ŋu Kɔm Le Gbɔgbɔ Me

Fia La Le Eƒe Amewo Ŋu Kɔm Le Gbɔgbɔ Me

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Ale si Yesu le eyomedzelawo ŋu kɔm le gbɔgbɔ me kple nu si ta wòle esia wɔm

1-3. Nu kae Yesu wɔ esi wòkpɔe be wonɔ ɖi ƒom gbedoxɔa?

 YESU dea bubu gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la ŋu vevie, elabena enya teƒe si tɔgbi wònye. Tso gbe aɖe gbe ke la, gbedoxɔae nye afi si koŋ tadedeagu vavãtɔ yia edzi le le anyigba dzi. Gake ele be tadedeagu ma nanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe, elabena enye tadedeagu na Mawu kɔkɔe, Yehowa. Eya ta bu ale si Yesu anya se le eɖokui me esi wòva gbedoxɔa me le Nisan 10, ƒe 33 M.Ŋ. dzi eye wòkpɔe be wonɔ ɖi ƒom teƒea la ŋu kpɔ. Nu kawoe nɔ edzi yim?—Mixlẽ Mateo 21:12, 13.

2 Asitsala kple gaɖɔlila ŋuklẽlawo bɔbɔ nɔ anyi ɖe gbedoxɔa ƒe akpa si nye Dukɔwo Me Tɔwo Ƒe Xɔxɔnua henɔ ame siwo va afi ma be yewoasa vɔ na Yehowa la tafam. a Yesu “[nyã] ame siwo le nu dzram kple ame siwo le nu ƒlem le gbedoxɔa me la katã do goe, eye wòmu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo.” (Tsɔe sɔ kple Nexemiya 13:7-9.) Ebu fɔ ɖokuitɔdila mawo be wotsɔ ye Fofo ƒe aƒe la wɔ “adzodalawo ƒe doe.” Yesu to esia dzi ɖe ale si wòdea bubu gbedoxɔa kple nu si wòle tsitre ɖi na ŋu la fia. Ele be tadedeagu si wotsɔna naa Fofoa la nanɔ dzadzɛ!

3 Ƒe alafa geɖe le ema megbe, esi woɖo Yesu zi dzi abe Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia ene vɔ la, egakɔ gbedoxɔ aɖe ŋu, eye esia ka mí ame siwo katã di be míasubɔ Yehowa le mɔ nyuitɔ nu egbea. Gbedoxɔ ka ŋue wòkɔ?

“Lewi Viwo” Ŋu Kɔkɔ

4, 5. (a) Tso ƒe 1914 va ɖo ƒe 1919 ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, aleke wokɔ Yesu yomedzela amesiaminawo ŋui? (b) Ðe Mawu ƒe amewo ŋu kɔkɔ la se ɖe afi ma? Ðe eme.

4 Abe ale si míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta Evelia me ene la, esi woɖo Yesu zi dzi le ƒe 1914 me megbe la, eya kple Fofoa wova lé ŋku ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa, si nye ɖoɖo siwo wowɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu la ŋu. b Esi wova lé ŋku ɖe gbedoxɔa ŋu vɔ la, Fia la kpɔe be ehiã be yeakɔ “Lewi viwo,” si le tsitre ɖi na Kristotɔ amesiaminawo, la ŋu. (Mal. 3:1-3) Tso ƒe 1914 va ɖo ƒe 1919 ƒe gɔmedzedze lɔƒo me la, Yehowa, Galólola la, ɖe mɔ eƒe amewo to dodokpɔ kple nɔnɔme sesẽ geɖewo me be yeatsɔ akɔ wo ŋu. Dzidzɔtɔe la, amesiamina mawo to dodokpɔ sesẽ mawo me do dedie, si na wo ŋu kɔ nyuie azɔ eye wole klalo be yewoaɖee afia be yewodi vevie be yewoawɔ dɔ na Mesia Fia la!

5 Ðe ema fia be Mawu ƒe amewo ŋu kɔkɔ se ɖe afi ma? Ao. Le ŋkeke mamlɛawo katã me la, Yehowa to Mesia Fia la dzi le kpekpem ɖe eyomedzelawo ŋu be woanɔ dzadzɛ ale be woate ŋu ayi edzi anɔ gbɔgbɔmegbedoxɔa me. Míadzro ale si wòle wo ŋu kɔm le agbenɔnɔ kple hakplɔɖoɖo gome la me le ta eve siwo kplɔ esia ɖo me. Gake mina míadzro ale si wòle wo ŋu kɔm le gbɔgbɔ me la me gbã. Ado ŋusẽ míaƒe xɔse ŋutɔ be míadzro nu siwo wɔm Yesu le—esiwo dzena gaglã kple esiwo medzena gaglã o siaa—tsɔ le kpekpem ɖe eyomedzelawo ŋu be woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me la me.

“Mikɔ Mia Ðokui Ŋu!”

6. Aleke nya siwo Yehowa gblɔ na Yudatɔ aboyomewo la na míese nu si wòfia be woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me la gɔme?

6 Nu kae wòfia be woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me? Be míaɖo nya sia ŋu la, mina míadzro nya siwo Yehowa gblɔ na Yudatɔwo esi ɣeyiɣia de be woatrɔ agbɔ tso aboyo me le Babilon le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me la me kpɔ. (Mixlẽ Yesaya 52:11.) Gbedoxɔa dzadzraɖo kple tadedeagu vavãtɔ gbugbɔɖoanyi ta koŋue Yudatɔawo atrɔ agbɔ va Yerusalem ɖo. (Ezra 1:2-4) Yehowa di be yeƒe amewo naɖe asi le Babilontɔwo ƒe subɔsubɔnuwɔna ɖe sia ɖe ŋu. De dzesii be nya siwo wògblɔ na wo la dometɔ ɖe sia ɖe nye sedede. Egblɔ be: “Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o!,” “miʋu tso wo dome,” “mikɔ mia ɖokui ŋu!” Mele be woatsɔ alakpasubɔsubɔ nuwɔna aɖeke aƒo ɖi tadedeagu vavãtɔ o. Eya ta nya ta kae míaƒo azɔ? Be woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me fia be woaƒo asa na alakpasubɔsubɔ ƒe nufiafiawo kple eƒe nuwɔna ɖe sia ɖe.

7. Ðoɖo ka dzie Yesu to le kpekpem ɖe eyomedzelawo ŋu be woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me?

7 Esi woɖo Yesu Fiae megbe teti la, ewɔ ɖoɖo aɖe si dze gaglã, si dzi wòato akpe ɖe eyomedzelawo ŋu be woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me. Ðoɖo mae nye be Kristo ɖo kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la le ƒe 1919 me. (Mat. 24:45) Hafi ƒe ma naɖo la, Biblia Nusrɔ̃viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu tso alakpasubɔsubɔ nufiafia geɖe me xoxo. Gake egahiã be woakɔ wo ŋu ɖe edzi le gbɔgbɔ me. Kristo to eƒe kluvi nuteƒewɔla la dzi na numekɔkɔ eyomedzelawo vivivi be ele be woaɖe asi le azãɖuɖu kple kɔnu aɖewo ŋu. (Lod. 4:18) Mina míadzro wo dometɔ aɖewo me kpɔ.

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Naɖu Kristmas-a?

8. Nu kae Biblia Nusrɔ̃viwo nya tso Kristmas ŋu tso gbe aɖe gbe ke, gake nu ka gɔmee womese ɣemaɣi o?

8 Biblia Nusrɔ̃viwo nya tso gbe aɖe gbe ke be trɔ̃subɔsubɔ mee Kristmas dzɔ tso eye be menye December 25 dzie wodzi Yesu o. Le kpɔɖeŋu me, December 1881 ƒe Zion Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Wokplɔ trɔ̃subɔla miliɔn geɖewo va sɔlemehaa me. Togbɔ be wotrɔ ŋkɔ be yewozu kristotɔwo hã la, womeɖe asi le woƒe trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo ŋu o, elabena ɖeko wotrɔ ŋkɔ na woƒe trɔ̃nuawo be wozu sɔlemeha nunɔlawo, eye wotrɔ ŋkɔ na woƒe trɔ̃subɔsubɔzãwo be wozu kristotɔwo ƒe azãwo. Azã siawo dometɔ ɖekae nye Kristmas.” Le ƒe 1883 me la, woɖe nu me le Gbetakpɔxɔ me nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Ɣekaɣie Wodzi Yesu?” me be October ƒe gɔmedzedze lɔƒoe wodzi Yesu. c Ke hã, Biblia Nusrɔ̃viawo mese egɔme ɣemaɣi be ele be yewoadzudzɔ Kristmas ɖuɖu o. Brooklyn Betel ƒomea me tɔwo kura gɔ̃ hã gakpɔtɔ nɔ eɖum. Gake nuwo va dze tɔtrɔ le ƒe 1926 megbe. Nu ka tae?

9. Nu ka gɔmee Biblia Nusrɔ̃viwo va se tso Kristmas ŋu?

9 Biblia Nusrɔ̃viawo yi edzi wɔ numekuku tsitotsito tso nya sia ŋu eye wova se egɔme be afi si Kristmas dzɔ tso kple nu siwo yia edzi le azã ma ɖuɣi la katã medea bubu Mawu ŋu o. Nyati si nye “Afi Si Kristmas Dzɔ Tso,” si wota ɖe December 14, 1927 ƒe Nunyonameɣi magazinea me la gblɔ be trɔ̃subɔlawo ƒe azãe Kristmas nye; edo ƒome kple trɔ̃subɔsubɔ eye wòdoa dzidzɔkpɔkpɔ yome nɔnɔ ɖe ŋgɔ. Woɖe eme le nyatia me be Kristo mede se be woaɖu azã sia o, eye wotsɔ ŋkubiãnya sia ƒo etae be: “Esi wònye be xexea, míaƒe ŋutilã, kple Abosam kpɔa dzidzɔ ɖe azã sia . . . ŋu ta la, edze ƒãa be mesɔ be ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na be yewoasubɔ Yehowa bliboe la nayi edzi akpɔ gome le eɖuɖu me o.” Eya ta mewɔ nuku o be Betel ƒomea megaɖu Kristmas le December ma me o, eye womegaɖui kpɔ hã o va se ɖe egbe!

10. (a) Aleke woklo nu le Kristmas ŋu le December 1928 me? (Kpɔ aɖaka si nye “ Kristmas, Eƒe Dzɔtsoƒe Kple Taɖodzinu” hã.) (b) Aleke woxlɔ̃ nu Mawu ƒe amewo tso ŋkekenyui kple azãɖuɖu bubu siwo wòle be woaƒo asa na la ŋui? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nukoklo Le Ŋkekenyui Kple Azãɖuɖu Bubuwo Dzi.”)

10 Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wogaxlɔ̃ nu Biblia Nusrɔ̃viawo vevie tso Kristmas ŋu. Le December 12, 1928 dzi la, Nɔviŋutsu Richard H. Barber, si nye Brooklyn Betel ƒomea me tɔ la ƒo nuƒo ʋãme aɖe le radio dzi tsɔ klo nu le trɔ̃subɔsubɔnuwɔna nyɔŋu siwo me azã sia dzɔ tso la dzi. Aleke Mawu ƒe amewo wɔ nu ɖe mɔfiame sia si me kɔ, si tso míaƒe dɔwɔƒegã la ŋui? Nɔviŋutsu Charles Brandlein gblɔ tso ɣeyiɣi si me eya kple eƒe ƒomea wodzudzɔ Kristmas ɖuɖu la ŋu be: “Ðe wòve mí be míaɖe asi le trɔ̃subɔsubɔnuwɔna mawo ŋua? Kura o! . . . Ðeko wòle na mí abe awu xoxo vuvu aɖe tsɔtsɔ ƒu gbe ene.” Nɔviŋutsu Henry A. Cantwell, si va zu dzikpɔla mɔzɔla emegbe, hã se le eɖokui me nenema. Egblɔ be: “Dzidzɔe wònye na mí be míeɖe asi le nu mawo ŋu tsɔ ɖee fia be míelɔ̃ Yehowa vavã.” Kristo yomedzela siwo nɔ anyi ɣemaɣi la lɔ̃ faa wɔ tɔtrɔ siwo hiã heɖe asi le azã ma si dzɔ tso alakpasubɔsubɔ me la ɖuɖu ŋu. dYoh. 15:19; 17:14.

11. Aleke míate ŋu aɖee afia be Mesia Fia la ƒe akpa dzie míele vavã?

11 Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi Biblia Nusrɔ̃vi wɔnuteƒe mawo ɖo ɖi na mí! Ele be woƒe kpɔɖeŋu nyui sia naʋã mí míabia mía ɖokui be: ‘Aleke mewɔa nu ɖe mɔfiame siwo tsoa habɔbɔa gbɔ la ŋui? Ðe metsɔa dzidzɔ xɔa wo hewɔna ɖe wo dzia?’ Ne míelɔ̃na faa ɖoa to la, aɖee afia be Mesia Fia la ƒe akpa dzie míele vavã, ame si le kluvi nuteƒewɔlaa zãm tsɔ le gbɔgbɔmenuɖuɖu nam mí ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.—Dɔw. 16:4, 5.

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nazã Atitsogaa?

Atitsoga kple fiakuku ƒe akɔtadzesia (Kpɔ memama 12 kple 13)

12. Ƒe geɖe va yi la, aleke Biblia Nusrɔ̃viwo bua atitsogae?

12 Ƒe geɖe va yi la, Biblia Nusrɔ̃viwo bua atitsoga be enye dzesi si sɔ be Kristotɔwo nazã. Womebui be ele be yewoade ta agu na atitsoga ya o, elabena wonya be trɔ̃subɔsubɔ menyo o. (1 Kor. 10:14; 1 Yoh. 5:21) Le keke ƒe 1883 me ke la, Gbetakpɔxɔ na eme kɔ nyuie be “tadedeagu na nɔnɔmewɔwɔe ɖe sia ɖe nye ŋunyɔ na Mawu.” Gake le gɔmedzedzea me la, Biblia Nusrɔ̃viwo susui be yewoate ŋu azã atitsoga le mɔ aɖewo nu wòasɔ. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔa dzidzɔ dea atitsoga kple fiakuku ƒe akɔtadzesi woƒe awuwo ŋu. Wose egɔme ɣemaɣi be esia nye dzesi be yewoka ɖe edzi be ne yewowɔ nuteƒe va se ɖe ku me la, yewoaxɔ agbefiakuku la. Tso ƒe 1891 me la, wodze atitsoga kple fiakuku ƒe akɔtadzesia tata ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe akpa dzi.

13. Numekɔkɔ kawoe wona Kristo yomedzelawo tso atitsoga zazã ŋu? (Kpɔ aɖaka si nye “ Numekɔkɔ Siwo Wona Vivivi Tso Atitsoga Zazã Ŋu” hã.)

13 Biblia Nusrɔ̃viawo melɔ̃a nu le atitsoga kple fiakuku ƒe akɔtadzesia gbɔ kura o. Gake tso ƒe 1920-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, wova ɖe nu me na Kristo yomedzelawo vivivi tso atitsoga zazã ŋu. Nɔviŋutsu Grant Suiter, si va zu Dɔdzikpɔhaa me tɔ emegbe la gblɔ tso takpekpe aɖe si wowɔ le Detroit, Michigan (U.S.A.) le ƒe 1928 me ŋu be: “Le takpekpe ma me la, menye ɖeko wogblɔ be mehiã be míazã atitsoga kple fiakuku ƒe akɔtadzesia o, ke boŋ wona eme kɔ na mí ƒãa hã be enye nu gbegblẽ.” Le ƒe ʋɛ siwo kplɔe ɖo me la, wogana numekɔkɔ geɖe tso nya sia ŋu. Eme va kɔ nyuie be mele be woazã atitsoga le tadedeagu si le dzadzɛ hele kɔkɔe la me o.

14. Aleke Mawu ƒe amewo wɔ nu ɖe numekɔkɔ siwo wona wo vivivi tso atitsoga ŋu la ŋui?

14 Aleke Mawu ƒe amewo wɔ nu ɖe numekɔkɔ siwo wona wo vivivi tso atitsoga ŋu la ŋui? Ðe woyi edzi nɔ atitsoga kple fiakuku ƒe akɔtadzesi si gbɔ womelɔ̃a nu le o la zãma? Nɔvinyɔnu Lela Roberts, si le Yehowa subɔm hena ƒe geɖe la gblɔ be: “Esi míenya se nu si wòle tsitre ɖi na gɔme nyuie ko la, míedzudzɔ ezazã enumake.” Nɔvinyɔnu wɔnuteƒe bubu si ŋkɔe nye Ursula Serenco hã ɖe ale si ame geɖe se le wo ɖokui me la gblɔ ale: “Míeva se egɔme be nu si ŋu míedea asixɔxɔe tsã be enye dzesi na mía Aƒetɔ ƒe ku kple míaƒe nuteƒewɔwɔ abe Kristotɔwo ene la, sigbeɖe trɔ̃subɔsubɔ ƒe dzesie wònye. Le ɖekawɔwɔ me kple Lododowo 4:18 me nyawo la, dzi dzɔ mí be kekelia me va kɔ ɖe edzi.” Kristo yomedzela wɔnuteƒe mawo medi be yewoakpɔ gome le alakpasubɔsubɔ nuwɔna makɔmakɔ aɖeke me kura o!

15, 16. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedi vevie be míana Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe anyigbadzixɔxɔnuawo nanɔ dzadzɛ?

15 Esiae míawo hã míeɖo kplikpaa be míawɔ egbea. Míenya be Kristo le ɖoɖo aɖe si míekpɔna gaglã, si nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la, dzi tom le kpekpem ɖe eyomedzelawo ŋu be woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me. Eya ta ne woto gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo wonaa mí dzi kɔ to dzi na mí be alakpasubɔsubɔ mee nuwɔna alo kɔnu aɖewo dzɔ tso la, míewɔa asitɔtrɔ siwo hiã la enumake ɖokuibɔbɔtɔe. Abe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nɔ anyi le Kristo ƒe anyinɔɣia ƒe gɔmedzedze ene la, míeɖoe kplikpaa be míana Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe anyigbadzixɔxɔnuawo nanɔ dzadzɛ.

16 Le ŋkeke mamlɛawo katã me la, Kristo le nu siwo medzena gaglã o hã wɔm, be yeatsɔ akpɔ Yehowa ƒe amewo ƒe hamewo ta tso ame siwo ate ŋu aƒo ɖi hamea le gbɔgbɔ me la si me. Aleke wòle esia wɔmee? Mina míakpɔe ɖa.

“Ame Vɔ̃ɖiwo” Me Mama Tso “Ame Dzɔdzɔewo” Gbɔ

17, 18. Le ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua me la, nu kae nya siwo gbɔna la fia? (a) Ðɔ si woɖi ɖe ƒu me, (b) “Tɔmelã ɖe sia ɖe ƒomevi” ɖeɖe, (d) Tɔmelã nyuiawo dede nugowo me, (ɖ) Tɔmelã manyomanyoawo tsɔtsɔ ƒu gbe.

17 Míaƒe Fia Yesu Kristo ƒe ŋku le Mawu ƒe amewo ƒe hame siwo le xexea me katã la ŋu be yeakpɔ wo ta. Togbɔ be míate ŋu akpɔ esia gaglã o hã la, Kristo kple mawudɔlawo le amewo me mama dɔ aɖe wɔm. Yesu ƒo nu tso esia ŋu le ɖɔ ŋuti kpɔɖeŋua me. (Mixlẽ Mateo 13:47-50.) Kpɔɖeŋu sia gɔme ɖe?

Ðɔ la le tsitre ɖi na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le ameƒomea ƒe atsiaƒua me (Kpɔ memama 18)

18 “Ðɔ aɖe si woɖi ɖe ƒu me.” Ðɔ la le tsitre ɖi na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa eye atsiaƒu la le tsitre ɖi na ameƒomea, si wole gbeƒã ɖem na. Eɖea “tɔmelã ɖe sia ɖe ƒomevi.” Nya nyuia hea ame ƒomevi vovovowo—ame siwo wɔa ŋgɔyiyi va zua Kristotɔ vavãwo kple ame geɖe siwo ate ŋu aɖe ɖetsɔleme fia gbã gake womeva wɔa ɖeka kple tadedeagu vavãtɔ o siaa. e Woƒo tɔmelãnyuiawo nu ƒu” ɖe nugowo me. Woƒoa dzinyuitɔwo nu ƒu ɖe hamewo, siwo wotsɔ sɔ kple nugowo, la me be woatsɔ tadedeagu si le dzadzɛ na Yehowa. “Wotsɔ manyomanyoawo ya ƒu gbe.” Le ŋkeke mamlɛawo katã me la, Kristo kple mawudɔlawo le “ame vɔ̃ɖiwo” me mam ɖa tso “ame dzɔdzɔewo” gbɔ. f Eya ta womeɖea mɔ na ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui mele o—ɖewohĩ ame siwo medi be yewoaɖe asi le dzixɔse kple nuwɔna gbegblẽwo ŋu o—la be woava ƒo ɖi hamea o. g

19. Aleke nèsena le ɖokuiwo me tso nu siwo wɔm Kristo le be yeatsɔ akpɔ Mawu ƒe amewo kple tadedeagu vavãtɔa ta be woayi edzi anɔ dzadzɛ la ŋu?

19 Ðe mede dzi ƒo na mí ŋutɔ be míenya be míaƒe Fia Yesu Kristo le ame siwo le eƒe dzikpɔkpɔ te la ta kpɔm oa? Eye ɖe mefaa akɔ na mí ŋutɔ be míenya be ale si Yesu ʋã ŋu ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu le ƒe alafa gbãtɔ me hekɔ gbedoxɔa ŋu la, nenema kee wògale ŋu ʋãm ɖe tadedeagu vavãtɔ kple tadeagula vavãwo ŋu egbea oa? Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be Kristo le dɔ dzi vevie be yeakpɔ Mawu ƒe amewo ta be woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me ahatsɔ subɔsubɔ vavã si le dzadzɛ ana Yehowa! Eya ta mina míaƒo asa na alakpasubɔsubɔ nuwɔna ɖe sia ɖe atsɔ aɖee afia be míewɔa nuteƒe na Fia la kple eƒe Fiaɖuƒea.

a Esi wònye be gaku aɖe koŋ li wòle be Yudatɔ siwo va gbedoxɔa me nazã atsɔ axe gbedoxɔmedzɔ si woxena ƒe sia ƒe ta la, eva hiãna be woaɖɔli ga, eye gaɖɔlilawo biana be woaxe fe na yewo ɖe ga si woɖɔli na wo ta. Azɔ hã, ele be woaƒle lã siwo woatsɔ asa vɔe. Anɔ eme be asi si wodona ɖe lãwo ŋu kple ga home si gaɖɔlilawo xɔna la gbɔ eme akpa eya tae Yesu yɔ wo be “adzodalawo” ɖo.

b Yehowa ƒe ame siwo le anyigba dzi la dea ta agu nɛ le gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ƒe anyigbadzixɔxɔnuawo.

c Woɖe eme le nyatia me be gbɔgblɔ be wodzi Yesu le December, si nye vuvɔŋɔli, me “mewɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ be alẽkplɔlawo nɔ gbedzi nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm o.”—Luka 2:8.

d Nɔviŋutsu Frederick W. Franz gblɔ le lɛta aɖe si wòŋlɔ na nɔvi aɖe le November 14, 1927 dzi me be: “Míegale Kristmas ɖu ge le Betel ƒe sia me o. Betel ƒomea da asi ɖe edzi be míadzudzɔ Kristmas ɖuɖu.” Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Nɔviŋutsu Franz gblɔ le lɛta bubu si wòŋlɔ le February 6, 1928 dzi me be: “Aƒetɔ la le mía ŋu kɔm vivivi tso vodada siwo me Abosam ƒe Babilon habɔbɔa kplɔ mí de tsã la me.”

e Le kpɔɖeŋu me, bu eŋu kpɔ; le ƒe 2013 me la, gbeƒãɖela 7,965,954 ye míenye le xexea me godoo, gake ame 19,241,252 sɔŋ ye de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe ma me.

f Tɔmelã nyuiawo me mama tso manyomanyoawo gbɔ to vovo na alẽwo me mama tso gbɔ̃wo gbɔ. (Mat. 25:31-46) Alẽwo me mama tso gbɔ̃wo gbɔ, alo ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo be wonye alẽwo alo gbɔ̃wo, ayi edzi le xaxa gã si gbɔna me. Va se ɖe ɣemaɣi la, ame siwo nye tɔmelã manyomanyowo la agate ŋu atrɔ ava Yehowa gbɔ, eye woaƒo wo nu ƒu ɖe nugowo, alo hamewo, me.—Mal. 3:7.

g Mlɔebaa, woatsɔ tɔmelã manyomanyoawo aƒu gbe ɖe kpodzo bibi me, si le tsitre ɖi na tsɔtsrɔ̃ si ava wo dzi le etsɔme.