Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 15

Míaƒe Subɔsubɔblɔɖe Taʋiʋli

Míaƒe Subɔsubɔblɔɖe Taʋiʋli

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Ale si Kristo kpe ɖe eyomedzelawo ŋu woʋli woƒe gomenɔamesi be woawɔ Mawu ƒe sewo dzi tae hedze agbagba be dziɖu- ɖuwo nada asi ɖe habɔbɔa dzi le se nu

1, 2. (a) Nu kae ɖo kpe edzi be Mawu Fiaɖuƒea ƒe dukɔmevie nènye? (b) Nu ka tae wòva hiãna be Yehowa Ðasefowo naʋli woƒe subɔsubɔblɔɖe ta ɣeaɖewoɣi?

 MAWU Fiaɖuƒea ƒe dukɔmevie nènyea? Abe Yehowa Ðasefo ene la, míeka ɖe edzi godoo be àɖo nya sia ŋu be ɛ̃! Ke nu kae nye wò dukɔmevinyenyea ƒe kpeɖodzi? Menye dukɔmevigbalẽ alo agbalẽ bubu aɖeke si dziɖuɖua nana ye o. Ke boŋ ale si nèle Yehowa Mawu subɔm ye. Subɔsubɔ vavãtɔ bia nu geɖe wu nu siwo dzi nèxɔ se dzro ko. Ebia hã be nàwɔ ɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe sewo dzi le wò agbenɔnɔ me. Le mí katã gome la, Yehowa subɔsubɔ kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi—ale si míehea mía viwo kple nyametsotso siwo míewɔna le atikewɔnyawo me hã le eme.

2 Ke hã, menye ɣesiaɣie xexea dea bubu míaƒe dukɔmevinyenye vevitɔ kekeake sia kple eƒe nudidi siwo nu míenɔa agbe ɖo la ŋu o. Dziɖuɖu aɖewo dze agbagba be yewoaxe mɔ ɖe míaƒe subɔsubɔa ƒe akpa aɖewo nu alo be yewoabu mo nɛ kura. Eva hiãna ɣeaɖewoɣi be Mesia dziɖuɖua teviwo naʋli ablɔɖe si le wo si be woawɔ woƒe Fiaa ƒe sewo dzi la ta. Ðe esia wɔ nukua? Ao. Elabena eva hiã zi geɖe be Yehowa ƒe ame siwo nɔ anyi le blema hã naʋli ablɔɖe si le wo si be woasubɔ Yehowa ta.

3. Nu ka tae wòva hiã be Mawu ƒe amewo naʋli woƒe agbe ta le Fiasrɔ̃ Ester ƒe ɣeyiɣia me?

3 Le kpɔɖeŋu me, eva hiã be Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le Fiasrɔ̃ Ester ƒe ɣeyiɣia me la naʋli woƒe agbe ta. Nu ka tae? Haman, si nye ame evelia kplɔ fiaa ɖo le Persia fiaɖuƒea me la vɔ̃ɖi ŋutɔ. Edoe ɖe Persia Fia Axasweros gbɔ be wòana woawu Yudatɔ siwo katã le eƒe fiaɖuƒea me le esi woƒe “sewo to vovo tso dukɔ sia dukɔ tɔ gbɔ” ta. (Ester 3:8, 9, 13) Ðe Yehowa gblẽ esubɔlawo ɖia? Ao. Eyra ɖe agbagba si Ester kple Mardoxai dze be Persia fia nakpɔ Mawu ƒe amewo ta la dzi.—Ester 9:20-22.

4. Nu kawo mee míadzro le ta sia me?

4 Ke míaƒe ɣeyiɣiawo me ya ɖe? Míekpɔe le ta si do ŋgɔ me be dziɖuɖuwo tsia tsitre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ɣeaɖewoɣi. Míadzro mɔ siwo nu dziɖuɖu mawo dze agbagba be yewoaxe mɔ ɖe míaƒe subɔsubɔa nu la dometɔ aɖewo me le ta sia me. Míama wo ɖe akpa etɔ̃ siwo gbɔna me: (1) gome si le mía si be míawɔ dɔ abe habɔbɔ ene ahasubɔ le mɔ si míedi nu, (2) gome si le mía si be míatia dɔdamɔnu siwo wɔ ɖeka kple Biblia me gɔmeɖosewo, kple (3) gome si le dzilawo si be woazã Yehowa ƒe dzidzenuwo atsɔ ahe wo viwoe. Le go etɔ̃awo katã me la, míakpɔ ale si Mesia Fiaɖuƒea ƒe dukɔmevi wɔnuteƒewo ʋli vevie be yewoakpɔ yewoƒe dukɔmevinyenye xɔasia ta kple ale si Yehowa yra ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzii.

Agbagbadzedze Be Míana Woada Asi Ðe Habɔbɔa Dzi Le Se Nu Ahana Subɔsubɔblɔɖe Mí

5. Vi kae wòɖena na mí Kristotɔ vavãwo ne woda asi ɖe míaƒe habɔbɔa dzi le se nu?

5 Ðe wòhiã be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo nada asi ɖe míaƒe habɔbɔa dzi le se nu hafi míasubɔ Yehowa? Ao. Gake ne woda asi ɖe habɔbɔa dzi le se nu la, enana subɔsubɔdɔa wɔwɔ nɔa bɔbɔe na mí. Le kpɔɖeŋu me, enana míekpena le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo me le ablɔɖe me, enana míetaa Biblia srɔ̃gbalẽawo heɖoa wo ɖa bɔbɔe, eye wònana míeɖea gbeƒã nya nyuia na amewo le dutoƒo kplamatsɛdonuwo manɔmee. Woda asi ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le se nu le dukɔ geɖewo me, si wɔe be wosubɔna le ablɔɖe me abe subɔsubɔha bubu siwo le se nu le dukɔ mawo me ene. Ke nu kae dzɔna ne dziɖuɖu aɖewo gbe be yewomada asi ɖe míaƒe habɔbɔa dzi le se nu o, alo di be yewoaxe mɔ ɖe míaƒe ablɔɖe nu?

6. Nɔnɔme sesẽ ka mee Yehowa Ðasefowo to le Australia le ƒe 1940-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo?

6 Australia. Le ƒe 1940-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, Australia dukɔa dziɖula gblɔ be míaƒe dzixɔsewo “le nu gblẽm” elabena woɖea dzi le amewo ƒo be woagayi aʋa o. Eya ta woɖo asi mía dzi. Ðasefowo megate ŋu ɖea gbeƒã le dutoƒo o, eye ɖe wobena hafi wɔa kpekpeawo. Dziɖuɖua tu Betel si le dukɔa me hexɔ míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo. Wode se ɖe míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔ̃ hã nu eye ne wokpɔe le ame aɖe si ko eɖo nya me. Australia Ðasefoawo wɔ dɔ le adzame hena ƒe geɖe. Gake wova kpɔ gbɔdzɔe mlɔeba esi Australia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ɖe mɔxeɖenua ɖa le June 14, 1943 dzi.

7, 8. Ƒo nu tso ale si mía nɔviwo ʋli woƒe subɔsubɔblɔɖe ta le Russia hena ƒe geɖee ŋu.

7 Russia. Soviet Union ƒe Kɔmiunist dziɖuɖua ɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi hena ƒe geɖe, gake wova da asi ɖe mía dzi le se nu le ƒe 1991 me. Esi Soviet Union dziɖuɖua nu yi la, Russia Dziɖuɖu yeyea hã va da asi ɖe míaƒe habɔbɔa dzi le se nu le ƒe 1992 me. Gake eteƒe medidi o, ale si míele dzidzim ɖe edzi kabakaba la do dziku na tsitretsiɖeŋulawo, vevietɔ Russia Ortodɔks Sɔlemehaa me tɔwo. Eya ta tso ƒe 1995 va se ɖe 1998 me la, tsitretsiɖeŋulaawo tsɔ nya ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu zi atɔ̃ sɔŋ le ʋɔnu be wonye nu vlo wɔlawo. Le go atɔ̃awo katã me la, lɔya siwo wotsɔ ɖe mía ŋu mete ŋu ɖo kpe nutsotsoa dzi o. Gake esia mesu eme na tsitretsiɖeŋulaawo o, wogatsɔ nya ɖe mía ŋu le ƒe 1998 me be míaƒe subɔsubɔhaa le nu gblẽm le amewo ŋu. Ðasefoawo ɖu dzi gbã, gake tsitretsiɖeŋulawo bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃, eye le May 2001 me la, wobu fɔ Ðasefoawo le nyadɔdrɔ̃ evelia me. Ðasefoawo hã gatsɔ nyaa yi ʋɔnudrɔ̃ƒe bubu le ƒe ma ƒe October me, gake le ƒe 2004 me la, ʋɔnudrɔ̃ƒe ma hã bu fɔ Ðasefowo heɖo asi dɔwɔha si wozãna le se nu le Moscow la dzi.

8 Esia he yometiti sesẽ geɖewo vɛ. (Mixlẽ 2 Timoteo 3:12.) Wodze Ðasefowo dzi zi geɖe hewɔ nu vevi wo. Woxɔ míaƒe agbalẽwo le wo si. Womegakpɔ mɔ awɔ kpekpewo le tadedeaguƒe siwo wotu alo haya me o. Ðe mèkpɔe be nɔnɔmea asesẽ na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ŋutɔ oa? Ðasefoawo tsɔ nyaa yi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe le ƒe 2001 me, eye le ƒe 2004 me la, wogana nyatakaka bubuwo Ʋɔnudrɔ̃ƒea. Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me le ƒe 2010 me. Ʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔe be subɔsubɔha siwo lé fu Ðasefowo koŋue ƒoe ɖe Russia dziɖuɖua nu wòɖo asi mía dzi, eye wogblɔ be kpeɖodzi aɖeke meli be Ðasefowo wɔ nu gbegblẽ aɖeke o, eya ta yewomekpɔ susu si tae ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔwo bu fɔ wo ɖo o. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ hã be asiɖoɖo míaƒe dɔa dzi nye gome siwo le mía si le se nu la tete ɖe to. Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa ʋli Ðasefoawo ƒe subɔsubɔblɔɖe ta. Togbɔ be Russia dziɖuɖumegãwo gbe wɔwɔ ɖe nyametsotso sia dzi hã la, ena dzi ɖo Mawu ƒe amewo ƒo le dukɔ ma me.

Titos Manoussakis (Kpɔ memama 9)

9-11. Aleke Yehowa ƒe amewo ʋli woƒe subɔsubɔblɔɖe ta le Greece, eye nu kawoe do tso eme?

9 Greece. Le ƒe 1983 me la, Titos Manoussakis haya xɔ sue aɖe le Heraklion (si le Crete) be Yehowa Ðasefo ʋɛ siwo le afi ma la nanɔ kpekpe wɔm le eme. (Heb. 10:24, 25) Gake eteƒe medidi o, Ortodɔks osɔfo aɖe yi ɖasama Ðasefoawo na kpovitɔwo be womekpɔ mɔ azã xɔa na woƒe subɔsubɔwɔnawo o. Nu ka tae? Esi Ðasefoawo ƒe dzixɔsewo to vovo tso Ortodɔks Sɔlemehaa tɔ gbɔ ta koe! Eya ta kpovitɔawo kplɔ Titos Manoussakis kple Ðasefo etɔ̃ bubuwo yi ʋɔnu. Ʋɔnudrɔ̃ƒea do fe na wo heɖe gbe be woalé wo de gaxɔ me ɣleti eve. Abe Mawu Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒewo ene la, Ðasefoawo bu ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe afiatsotsoa be enye mɔxexe ɖe yewoƒe subɔsubɔblɔɖe nu, eya ta wobia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na yewo. Gake esi wogabu fɔ wo le dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe bubuawo ta la, wova tsɔ nyaa yi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒe gãtɔ mlɔeba.

10 Esi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ eƒe nyametsotsoa mlɔeba le ƒe 1996 me la, ame siwo le tsitre tsim ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu ƒe mo koe ke dzo. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be “Yehowa Ðasefowo hã le subɔsubɔha siwo ŋu Greece dukɔa ƒe se ɖe mɔ ɖo be wonye ‘subɔsubɔha nyanyɛ’ la dome,” eya ta ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔawo ƒe afiatsotsoa nye “mɔxexe ɖe Ðasefowo ƒe subɔsubɔblɔɖe nu.” Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ hã be menye Greece dziɖuɖua ƒe dɔe wònye be “wòakpɔe ɖa be subɔsubɔha aɖe ƒe dzixɔsewo alo nuwɔnawo sɔ alo mesɔ o.” Eya ta wote fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔawo ƒe fɔbubua me heʋli Ðasefoawo ƒe subɔsubɔblɔɖe ta!

11 Ðe aʋadziɖuɖu ma na wodzudzɔ fuɖeɖe na Ðasefowo le Greece-a? Nublanuitɔe, meva eme nenema o. Nya sia ƒomevi aɖe gava fɔ ɖe te le Greece ƒe du si nye Kassandreia me, eye wodrɔ̃e ƒe 12 sɔŋ hafi va wɔ nyametsotso mamlɛtɔ le ƒe 2012 me. Le esia gome la, Ortodɔks bisiɔp aɖee tsɔ nya ɖe mía ŋu. Greece dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso afia be Mawu ƒe amewo tɔ dzɔ. Ʋɔnudrɔ̃ƒea yɔ Greece dukɔa ŋutɔ ƒe dukplɔse si ɖe mɔ ɖe subɔsubɔblɔɖe ŋu tsɔ ɖo kpe woƒe nyametsotsoa dzi hegblɔ be nya siwo wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu enuenu be womenye subɔsubɔha nyanyɛ o la mele eme o. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be: “‘Yehowa Ðasefowo’ meɣlaa woƒe nufiafiawo o; esia fia be wole eɖem fia ame sia ame le dukɔa me be subɔsubɔha nyanyɛ yewonye.” Dzidzɔ gã ka gbegbee nye esi wònye na hame sue si le Kassandreia la be yewoate ŋu akpe le yewo ŋutɔ yewoƒe Fiaɖuƒe Akpata me azɔ asubɔ Yehowa!

12, 13. Aleke tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba be ‘yewoazã se atsɔ awɔ fu’ Mawu ƒe amewo le France, eye aleke nuwo va yii?

12 France. Mɔnu si Mawu ƒe amewo ƒe futɔ aɖewo zãnae nye be ‘yewoazã se atsɔ awɔ fu ame.’ (Mixlẽ Psalmo 94:20.) Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1990-awo ƒe domedome lɔƒo la, France dziɖuɖumegã siwo kpɔa adzɔxenyawo gbɔ la te dɔwɔha si Yehowa Ðasefowo zãna le se nu le dukɔa me ƒe ganyawo me toto. Dudɔnunɔla si kpɔa dukɔa ƒe ganyawo dzi la ɖe woƒe taɖodzinua gblɔ ale: “Ðasefowo ƒe ganyawo me toto ate ŋu ana míakpɔ nu si dzi míanɔ te ɖo aɖo asi woƒe dɔwɔhaa dzi alo atsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnu . . . , si awɔe be woƒe dɔwo magatsɔ afɔ o, alo be woadzudzɔ dɔwɔwɔ le dukɔa me kuraa.” Togbɔ be womekpɔ kuxi aɖeke esi woto dɔwɔhaa ƒe ganyawo me o hã la, adzɔdzikpɔƒea ka adzɔ gã aɖe na Ðasefoawo be woanɔ xexem. Ne woƒe ayemɔnu ma dze edzi na wo la, naneke meli nɔviwo awɔ tsɔ wu be woadzra alɔdzedɔwɔƒea hafi akpɔ ga axe adzɔ gã ma gbegbe o. Afɔku gã aɖe ŋutɔe nye ema dze ŋgɔ Mawu ƒe amewo, gake womena ta o. Ðasefoawo tsɔ ŋkubiã ʋli wo ɖokuiwo ta be adzɔ si woka na yewo mesɔ o, eye mlɔeba wova tsɔ nyaa yi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒe gãtɔ le ƒe 2005 me.

13 Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me le June 30, 2011 dzi. Wogblɔ be esi subɔsubɔblɔɖe le dukɔa me ta la, dukɔa mekpɔ mɔ ake ŋku ɖe subɔsubɔha aɖeke ƒe dzixɔsewo alo nuwɔnawo me be yeakpɔ ɖa be esɔ alo mesɔ hã o, negbe ɖe nya sesẽ aɖe do mo ɖa hafi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ kpee be: “Adzɔ . . . si woka na Ðasefoawo la agblẽ nu le woƒe ganyawo ŋu eye wòaxe mɔ na woƒe hameviwo be woagawɔ woƒe subɔsubɔdɔa ale si wodii o.” Ʋɔnudrɔ̃lawo katã tsɔ nu sɔsɔe tso afia be Yehowa Ðasefoawo tɔ dzɔ! Edzɔ dzi na Yehowa ƒe amewo ŋutɔ be France dziɖuɖua gbugbɔ adzɔ siwo katã wòxɔ le Ðasefowo si va yi la na wo hexe deme ƒu edzi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe gbe na dziɖuɖua hã be wòate fli ɖe ɖoɖo si wòwɔ be yeaxɔ Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea ɖe adzɔ si tsi wo ŋu ta la me.

Àte ŋu anɔ gbe dom ɖa ɖe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ŋu setɔwo le nu madzɔmadzɔ wɔm ɖo egbea la ta edziedzi

14. Akpa kae wò hã nàte ŋu awɔ le míaƒe subɔsubɔblɔɖe taʋiʋli me?

14 Abe ale si Ester kple Mardoxai wowɔe le blema ene la, Yehowa ƒe ame siwo li egbea hã ʋlia woƒe subɔsubɔblɔɖe ta ale be woate ŋu asubɔ Yehowa le mɔ si wòdi nu. (Ester 4:13-16) Ðe wò hã àte ŋu awɔ akpa aɖe le esia mea? Ɛ̃. Àte ŋu anɔ gbe dom ɖa ɖe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ŋu setɔwo le nu madzɔmadzɔ wɔm ɖo egbea la ta edziedzi. Gbedodoɖa siawo nye mɔ nyui aɖe si dzi míato akpe ɖe mía nɔvi siwo le yometiti kple nɔnɔme sesẽ bubuwo me tom la ŋu. (Mixlẽ Yakobo 5:16.) Ðe Yehowa sea gbedodoɖa siawoa? Ʋɔnudrɔ̃nya siwo gbegbe me míeɖu dzi le la ɖo kpe edzi be esea wo!—Heb. 13:18, 19.

Gome Si Le Mía Si Be Míatia Dɔdamɔnu Siwo Wɔ Ðeka Kple Míaƒe Dzixɔsewo

15. Nu ka tae Mawu ƒe amewo medoa ʋu o?

15 Abe ale si míekpɔe le Ta 11 lia me ene la, wonɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi na mɔfiame siwo me kɔ Mawu Fiaɖuƒea teviwo be woaƒo asa na ʋuzazã le mɔ gbegblẽ nu, si va zu nuwɔna si bɔ egbea. (1 Mose 9:5, 6; 3 Mose 17:11; mixlẽ Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.) Togbɔ be míelɔ̃na wodoa ʋu na mí o hã la, míedina be woazã dɔdamɔnu nyuitɔ kekeake na mía ŋutɔwo kple míaƒe ame veviwo ne dɔdamɔnu mawo metsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu o. Dukɔ geɖewo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔwo da asi ɖe edzi be gome le dukɔmeviwo si be woanɔ te ɖe woƒe dzitsinya kple subɔsubɔdzixɔsewo dzi atia dɔdamɔnu aɖe alo agbee. Gake Mawu ƒe amewo do go nya sia ŋuti kuxi sesẽwo le dukɔ aɖewo ya me. Mina míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

16, 17. Nu kae wowɔ ɖe mía nɔvinyɔnu aɖe si le Japan la ŋu le kɔdzi, si gbã dzi nɛ ŋutɔ, eye aleke Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖawo ŋui?

16 Japan. Eva hiã be woawɔ dɔ sesẽ aɖe na Misae Takeda si xɔ ƒe 63 eye wònye srɔ̃nyɔnu le Japan. Abe Mawu Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒe ene la, ena eme kɔ na ɖɔktaa be yemedi be woado ʋu na ye o. Gake le ɣleti aɖewo megbe la, eva see be wodo ʋu na ye le dɔa wɔɣi, eye esia gbã dzi nɛ ŋutɔ. Esi Nɔvinyɔnu Takeda se le eɖokui me be wotrɔ ye to eme hewɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ye ŋu ta la, etsɔ nya ɖe kɔadzi kple ɖɔkta siwo wɔ dɔa nɛ ŋu le ʋɔnu le June 1993 me. Enye nyɔnu ɖokuibɔbɔla si ƒe gbe me fa miɔɔ, gake xɔse sẽŋu le esi. Togbɔ be eƒe lãme mesẽ tututu ɣemaɣi o hã la, etsɔ dzinɔameƒo ɖe eɖokui nu le ʋɔnudrɔ̃ƒea ŋgɔ gaƒoƒo ɖeka kple edzivɔ sɔŋ. Eku le ɣleti ɖeka megbe esi wòde ʋɔnudrɔ̃ƒea zi mamlɛtɔ. Ðe eƒe xɔse kple dzinɔameƒo mewɔ dɔ ɖe dziwò ŋutɔ oa? Nɔvinyɔnu Takeda gblɔ be yedo gbe ɖa na Yehowa edziedzi be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖu dzi le nya sia me. Eka ɖe edzi bliboe be Yehowa aɖo yeƒe gbedodoɖaa ŋu. Ðe wòɖo eŋua?

17 Ƒe etɔ̃ le Nɔvinyɔnu Takeda ƒe ku megbe la, Japan ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso afia be etɔ dzɔ, eye be mesɔ be woado ʋu nɛ esi wòna wonya do ŋgɔ be yemedoa ʋu o. Wogblɔ le nyametsotso sia si wowɔ le February 29, 2000 dzi la me be “gome le ame sia ame si be wòawɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso” le nya sia ŋu, eye “ele be woade bubu gomenɔamesi sia ŋu.” Agbagba si Nɔvinyɔnu Takeda dze be yeaʋli yeƒe gomenɔamesi be yeatia dɔdamɔnu si wɔ ɖeka kple yeƒe dzitsinya si yetsɔ Biblia na hehee ta la wɔe be fifia, Ðasefo siwo le Japan megavɔ̃na be woava zi yewo dzi ado ʋu na yewo le atikewɔnyawo me o.

Pablo Albarracini (Kpɔ memama 18 va se ɖe 20)

18-20. (a) Aleke Argentina ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖewo nɔ te ɖe atikewɔwɔ ŋuti agbalẽvi si mía nɔvi aɖe kpe ɖo la dzi ʋli gome si le esi be wòagbe ʋudodo tae? (b) Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ aɖee fia be míebɔbɔ mía ɖokui ɖe Kristo te le ʋudonyawo me?

18 Argentina. Nu kae Fiaɖuƒea ƒe dukɔmeviwo awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe atikewɔwɔ ŋuti nyametsotso siwo ate ŋu ado mo ɖa le ɣeyiɣi si woawo ŋutɔwo mate ŋu aƒo nu o me ŋu? Ne míekpe ʋumadomado ŋuti agbalẽvi ɖo henana wònɔa mía ŋu ɣesiaɣi la, ate ŋu aƒo nu ɖe mía nu le se nu. Nu mae Pablo Albarracini wɔ. Le May 2012 me la, Pablo hã nɔ teƒe aɖe si adzoblasuwo va tee kpɔ be yewoada adzo le, eye woda tui tre ɖe enu. Eyi ɖi me hafi wokɔe yi kɔdzi, eya ta eya ŋutɔ mate ŋu aɖe eɖokui nu be yemedoa ʋu o. Ke hã, ʋumadomado ŋuti agbalẽvi si wòkpe ɖo hede asi ete anɔ abe ƒe ene aɖewoe nye ema la nɔ eŋu. Togbɔ be eƒe agbe ɖo afɔku me eye ɖɔkta aɖewo susui be ʋudodo koe ate ŋu axɔe ɖe agbe hã la, wole klalo be yewoawɔ ɖe eƒe didi si wòŋlɔ ɖe agbalẽvia me dzi ahazã dɔdamɔnu bubu nɛ. Gake Pablo fofo, si menye Yehowa Ðasefo o la yi ɖaxɔ agbalẽ tso ʋɔnudrɔ̃ƒe be woado ʋu na ye via.

19 Pablo srɔ̃ yi ɖadi lɔya enumake wotsɔ nyaa yi ʋɔnudrɔ̃ƒe bubu. Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me la, ʋɔnudrɔ̃ƒe evelia te fli ɖe agbalẽ si ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔ na be woado ʋu na Pablo la me hetso afia be ele be woawɔ ɖe dɔnɔa ƒe didi si wòŋlɔ ɖi la dzi. Pablo fofo hã gatsɔ nyaa yi Argentina ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ be woagbugbɔ adrɔ̃. Gake Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa gblɔ be “susu aɖeke meli si ta woagbe Pablo ƒe didia dzi wɔwɔ o, elabena edze ƒãa be eya ŋutɔ bu nuwo ŋu nyuie hafi [kpe agbalẽvia ɖo be woagado ʋu na ye o], eye gome le esi hã be wòawɔ nyametsotso ma na eɖokui.” Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ kpee be: “Ame sia ame si meganye ɖevi o la kpɔ mɔ aŋlɔ dɔdamɔnu siwo wòdi kple esiwo medi o la ɖi do ŋgɔ . . . Ele be ɖɔkta ɖe sia ɖe si akpɔ egbɔ nawɔ ɖe eƒe didi ma dzi.”

Ðe nèkpe agbalẽvi si akpe ɖe ŋuwò le ʋudonyawo me la ɖo xoxoa?

20 Wokpɔ Nɔviŋutsu Albarracini gbɔ ʋumadomadoe eye wòhaya nyuie. Woa kple srɔ̃a wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yewokpe agbalẽvi ma ɖo do ŋgɔ. Eto afɔ vevi ma si wòɖe, si ate ŋu adze abe nu tsɛ aɖe ko ene la dzi ɖee fia be yebɔbɔ ɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia Kristo te. Ðe wò kple wò ƒomea hã mieɖe afɔ ma tɔgbi xoxoa?

April Cadoreth (Kpɔ memama 21 va se ɖe 24)

21-24. (a) Aleke wòdzɔe be Canada ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ va wɔ nyametsotso vevi aɖe ku ɖe ʋudodo na ɖeviwo ŋu? (b) Aleke nya sia ate ŋu ade dzi ƒo na ɖevi siwo le Yehowa subɔm?

21 Canada. Le ɖeviwo gome la, nu si dzi ʋɔnudrɔ̃ƒewo daa asi ɖo zi geɖee nye be dzilawoe kpɔ mɔ atso nya me le atikewɔmɔnu nyuitɔ si woazã na wo viwo ŋu. Gake ɣeaɖewoɣi la, ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖewo tsoa nya me be woawɔ ɖe ɖevi siwo tsi le susu me hã ƒe didiwo dzi le atikewɔnyawo me. Aleae wòdzɔ le April Cadoreth gome. Esi April xɔ ƒe 14 la, dɔléle aɖe na ʋu nɔ ɖuɖum ɖe lãme nɛ vevie, eya ta woxɔe ɖe kɔdzi. Ɣleti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, ekpe atikewɔwɔ ŋuti agbalẽvi ɖo be woagado ʋu na ye o, nenye be yeƒe agbe ɖo afɔku me kura gɔ̃ hã. Ðɔkta si nɔ egbɔ kpɔm la gbe be yemawɔ ɖe eƒe didia dzi o eye wòyi ʋɔnudrɔ̃ƒe ɖaxɔ agbalẽ si aɖe mɔ nɛ wòado ʋu na April. Eya ta wodo ʋu atukpa etɔ̃ nɛ akpasesẽ. April tsɔ nu si wowɔ ɖe eŋu la sɔ kple ame gbɔ dɔdɔ sesẽe.

22 April kple edzilawo tsɔ nyaa yi ʋɔnu. Le ƒe eve megbe la, nyaa va ɖo Canada ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ. Togbɔ be Ʋɔnudrɔ̃ƒea mena wotrɔ se si ɖe mɔ be ɖɔktawo ate ŋu axɔ agbalẽ le ʋɔnudrɔ̃ƒe ado ʋu na ɖeviwo o hã la, wotso afia be April tɔ dzɔ eye be ɖevi ɖe sia ɖe si tsi le susu me la kpɔ mɔ awɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso le atikewɔnyawo me. Eya ta wobia be woaxe ga siwo ƒomea gblẽ le nyaa dɔdrɔ̃ me la na wo. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be: “Le atikewɔnyawo me la, ne edze le ɖevi aɖe si mexɔ ƒe 16 haɖe o ŋu be etsi le susu me ate ŋu awɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso la, ekema ele be woaɖe mɔ nɛ wòagblɔ eƒe susu le dɔdamɔnu si woazã nɛ ŋu.”

23 Nu si ɖe dzesi le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa ƒe afiatsotso sia ŋue nye be ena gomenɔamesi ɖevi siwo tsi le susu me la azɔ le se nu be woagblɔ woƒe susu. Do ŋgɔ na esia la, Canada ʋɔnudrɔ̃ƒewo ate ŋu aɖe mɔ na ɖɔktawo be woado ʋu na ɖevi ɖe sia ɖe si mexɔ ƒe 16 haɖe o kple susu be ɖevia ƒe nyonyo tae. Gake afiatsotso sia wɔe be ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖeke magate ŋu aɖe mɔ be woado ʋu na ɖevi si mexɔ ƒe 16 haɖe o ne womena mɔnukpɔkpɔ ɖevia be wòaɖee afia be yetsi le susu me awɔ nyametsotso ma hafi o.

“Nyanya be nye hã mewɔ akpa sue aɖe le Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ me heɖee fia be Satana nye aʋatsokala nana mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ”

24 Ðe April kpɔ dzidzɔ be yeʋli ye ɖokui ta le ʋɔnu ƒe etɔ̃ sɔŋua? Ɛ̃! April ŋutɔ, si nye gbesiagbe mɔɖela fifia eye wòle lãmesẽ nyui me la, gblɔ be: “Nyanya be nye hã mewɔ akpa sue aɖe le Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ me heɖee fia be Satana nye aʋatsokala nana mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ.” April ŋuti nya sia ɖee fia be ɖeviwo hã ate ŋu atsɔ dzinɔameƒo anɔ te sesĩe ahato esia dzi aɖo kpe edzi be Mawu Fiaɖuƒea ƒe dukɔmevie yewonye vavã.—Mat. 21:16.

Gome Si Le Mía Si Be Míafia Yehowa Ƒe Dzidzenuwo Mía Viwo

25, 26. Kuxi kae doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi le srɔ̃gbegbe megbe?

25 Yehowa de dɔ asi na dzilawo be woafia yeƒe dzidzenuwo wo viwo. (5 Mose 6:6-8; Ef. 6:4) Dɔ sia mele bɔbɔe o, gake egasesẽna ɖe edzi ne srɔ̃gbegbe ge ɖe nyaa me. Srɔ̃gbegbe ate ŋu ana dzila si gbɔ ɖeviawo anɔ nazu nya sesẽ. Le kpɔɖeŋu me, dzila Ðasefo adi be ye viwo nanɔ ye gbɔ ne yeafia Kristotɔwo ƒe dzidzenu wo, gake dzila si menye Ðasefo o ate ŋu agbe. Aleke kee wòɖale o, ele be dzila Ðasefoa nanyae be togbɔ be yewogbe yewo nɔewo hã la, ɖeviawo dzilawo koe yewogakpɔtɔ nye.

26 Ate ŋu adzɔ be dzila si menye Ðasefo o nayi aɖabia le ʋɔnu be woana ɖeviawo nanɔ ye gbɔ kple susu be yeaxe mɔ na dzila Ðasefoa be wòagafia eƒe dzixɔsewo ɖeviawo o. Wo dometɔ aɖewo gblɔna be Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo ava gblẽ nu le ɖeviawo ŋu. Woƒe susue nye be esia ana ɖeviawo mava nɔ gome kpɔm le dzigbezãwo kple azã bubuwo ɖuɖu me o, eye be ne atikewɔnya sesẽwo do mo ɖa la, womalɔ̃ woado ʋu na wo atsɔ “axɔ wo ɖe agbe” o. Dzidzɔtɔea, nu si dzi ʋɔnudrɔ̃ƒe geɖewo nɔa te ɖo wɔa nyametsotso le nya siawo tɔgbi gomee nye nu si aɖe vi na ɖeviawo, ke menye susu be dzila ɖeka ƒe dzixɔsewo agblẽ nu le ɖevia ŋu o. Mina míakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

27, 28. Nyametsotso kae Ohio Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ wɔ le nya si wotsɔ ɖe dzila Yehowa Ðasefo aɖe ŋu be eƒe dzixɔsewo fiafia via agblẽ nu le ɖevia ŋu me?

27 United States. Le ƒe 1992 me la, Ohio Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ gbugbɔ nya sia tɔgbi aɖe drɔ̃. Nyaa ye nye be vifofoa, si menye Yehowa Ðasefo o gblɔ be vidadaa si nye Ðasefo la ƒe dzixɔsewo fiafia ye viŋutsu ava gblẽ nu le ɖevia ŋu. Esi ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔ drɔ̃ nyaa la, elɔ̃ ɖe vifofoa ƒe nyawo dzi hetso nya me be ele be ɖevia nanɔ egbɔ. Woɖe mɔ na vidadaa, si ŋkɔe nye Jennifer Pater la be ate ŋu ava srã ɖevia kpɔ faa gake mekpɔ mɔ “afia nui tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo ŋu le mɔ aɖeke nu o.” Ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔa ƒe nyametsotso sia ate ŋu afia hã be Nɔvinyɔnu Pater mekpɔ mɔ aƒo nu tso Biblia alo Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo gɔ̃ hã ŋu na viaŋutsua, si ŋkɔe nye Bobby, o. Ðe mèkpɔe be esia ate ɖe nɔvinyɔnua dzi ŋutɔ oa? Ɛ̃, nyaa te ɖe edzi ŋutɔ, gake egblɔ be yekpɔe be ele be yeaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahakpɔ esinu be wòawɔ aʋa na ye. Egblɔ emegbe be: “Yehowa megblẽm ɖi kura o.” Yehowa ƒe habɔbɔa kpe ɖe eya kple eƒe lɔya ŋu wotsɔ nyaa yi Ohio Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ be woagbugbɔ adrɔ̃.

28 Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa te fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔ ƒe nyametsotsoa me hegblɔ be: “Gome le dzila ɖe sia ɖe si be wòafia nu via; esia fia be dzila kpɔ mɔ afia nu via tso eƒe dzixɔse kple agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo ŋu.” Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ hã be ne kpeɖodzi aɖeke meli be Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo agblẽ nu le ɖevia ƒe susu kple ŋutilãmededienɔnɔ ŋu o la, ʋɔnudrɔ̃ƒea mekpɔ mɔ anɔ te ɖe dzilaa ƒe dzixɔsewo dzi agbe be ɖevia naganɔ egbɔ o. Nyateƒeae nye be ʋɔnudrɔ̃ƒea mekpɔ kpeɖodzi aɖeke be Ðasefowo ƒe dzixɔsewo agblẽ nu le ɖevia ƒe susu kple ŋutilãmededienɔnɔ ŋu o.

Ʋɔnudrɔ̃ƒe geɖewo tso afia be gome le dzila Kristotɔwo si be wo viwo nanɔ wo gbɔ

29-31. Nu ka tae wogbe be nɔvinyɔnu aɖe si le Denmark ƒe vinyɔnu naganɔ egbɔ o, eye nyametsotso kae Denmark ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ wɔ le nya sia ŋu?

29 Denmark. Nya sia tɔgbi dze ŋgɔ Anita Hansen hã esi srɔ̃a si woa kplii wogbe wo nɔewo la yi ɖabia le ʋɔnudrɔ̃ƒe be woana yewo vinyɔnu Amanda, si xɔ ƒe adre la nanɔ ye gbɔ. Togbɔ be nuto si me wole ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe ɖe mɔ na Nɔvinyɔnu Hansen le ƒe 2000 me be via Amanda nanɔ egbɔ hã la, vifofoa tsɔ nyaa yi ʋɔnudrɔ̃ƒe bubu, eye ʋɔnudrɔ̃ƒe ma te fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔ ƒe nyametsotsoa me hetsɔ ɖevia na fofoa be wòanɔ egbɔ. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be esi dzilawo ƒe subɔsubɔdzixɔsewo to vovo ta la, vifofoae dze wu atso nya me le subɔsubɔha si me ɖevia anɔ ŋu. Eya ta ne míagblɔe la, esi Nɔvinyɔnu Hansen nye Yehowa Ðasefo ta koe wòva dzɔ be via Amanda megale egbɔ o!

30 Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, dzi ɖena le Nɔvinyɔnu Hansen ƒo wòtɔtɔna ale gbegbe be meganyana nya si tututu wòagblɔ le gbedodoɖa me o. Egblɔ be: “Gake mekpɔ akɔfafa geɖe tso nya siwo le Romatɔwo 8:26 kple 27 la me. Mesena le ɖokuinye me be Yehowa sea nye dzimenya siwo nyemete ŋu ɖe gblɔ o gɔme nam. Eƒe ŋkuwo le ŋunye eye megblẽm ɖi ɣeaɖekeɣi kpɔ o.”—Mixlẽ Psalmo 32:8; Yesaya 41:10.

31 Nɔvinyɔnu Hansen tsɔ nyaa yi Denmark ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ. Esi Ʋɔnudrɔ̃ƒea nɔ eƒe nyametsotsoa gblɔm la, egblɔ be: “Nu si aɖe vi na ɖevia wu koŋ dzie wòle be woanɔ te ɖo atso nya me le dzila si gbɔ ɖevia anɔ ŋu.” Egblɔ hã be menye nya tsɔtsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe “dzixɔsewo kple nufiafiawo” ŋu dzie woanɔ te ɖo awɔ nyametsotso sia o, ke boŋ ŋutete si le dzila ɖe sia ɖe si be wòalé be na ɖevia ŋue wòle be woalé ŋku ɖo. Nɔvinyɔnu Hansen ƒe dzi koe dze eme esi Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso afia be yewokpɔe be dzila nyui aɖee wònye eya ta Amanda nagatrɔ ava nɔ egbɔ.

32. Aleke Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔ dzila Ðasefowo ta be woagate woƒe gomenɔamesiwo ɖe to o?

32 Europa dukɔ vovovowo. Le dukɔ aɖewo me la, womete ŋu kpɔ ta na dzila si gbɔ ɖeviwo anɔ ƒe nya aɖewo le dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo o. Eya ta nya mawo va do ɖe Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe. Le nya siawo dometɔ eve me la, Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔe be dukɔawo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo de dzila siwo menye Ðasefo o dzi ɖe dzila Ðasefowo ŋu le woƒe subɔsubɔdzixɔsewo ta. Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea yɔ nuwɔna ma be enye ameŋkumekpɔkpɔ eye wògblɔ be “mesɔ be woanɔ te ɖe subɔsubɔha si me ame le dzi ate eƒe gomenɔamesi ɖe to o.” Vidada Ðasefo aɖe si Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso sia ɖe vi na la ɖe ale si gbegbe wòna eƒe dzi dze emee la gblɔ ale: “Evem ŋutɔ esi wotsɔ nya ɖe ŋunye be mele nu gblẽm le vinyewo ŋu, evɔ nu si medi be mawɔ koe nye be mafia Kristotɔwo ƒe dzidzenu wo ahahe wo le mɔ nyuitɔ nu.”

33. Aleke dzila Ðasefo ate ŋu awɔ gɔmeɖose si le Filipitɔwo 4:5 la ŋu dɔe?

33 Gake dzila Ðasefo siwo ʋlia woƒe gomenɔamesi ta le ʋɔnu be yewoaƒã Biblia me dzidzenuwo ɖe yewo viwo ƒe dzi me la dzea agbagba be yewoaɖe nugɔmesese kple dadasɔ afia. (Mixlẽ Filipitɔwo 4:5.) Abe ale si ko wokpɔe be gome le yewo si be yewoafia Mawu ƒe mɔ yewo viawoe la, nenema kee wolɔ̃na ɖe edzi be dzila si menye Ðasefo o hã ate ŋu awɔ akpa aɖe le ɖeviawo hehe me ne edii. Aleke dzila Ðasefowo bua wo viwo hehe ƒe agbanɔamedzia nu vevii?

34. Nu kae dzila Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso Yudatɔ siwo nɔ anyi le Nexemiya ŋɔli ƒe kpɔɖeŋua me?

34 Yudatɔ siwo nɔ anyi le Nexemiya ŋɔli ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Woku kutri vevie gbugbɔ ɖo Yerusalem ƒe gli siwo gbã. Wonya be esia akpɔ yewo ŋutɔ kple yewoƒe ƒomeawo ta tso dukɔ siwo ƒo xlã yewo ƒe amedzidzedze me. Eya ta Nexemiya de dzi ƒo na wo be: “Miwɔ aʋa ɖe mia nɔviwo, miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta!” (Nex. 4:8) Yudatɔ mawo kpɔe be mele be yewoawɔ alɔgblɔdɔ le aʋa ma me kura o. Nenema kee egbea hã, dzila siwo nye Yehowa Ðasefowo kua kutri vevie be yewoahe yewo viwo le nyateƒea me. Wonyae be ɖeviawo doa go nu geɖe le suku alo nutoa me siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi. Ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo ate ŋu ato mɔ̃ɖaŋunuwo hã dzi age ɖe aƒea me. Dzilawo, miɖo ŋku edzi be ele be miadze agbagba ɖe sia ɖe awɔ aʋa ɖe mia viwo ta ale be woanɔ dedie le gbɔgbɔ me ahalé fɔ ɖe nyateƒea ŋu.

Ka Ðe Edzi Be Yehowa Le Megbe Na Esubɔla Vavãwo

35, 36. Nu nyui kawoe do tso eme esi Yehowa Ðasefowo ʋli woƒe gomenɔamesiwo ta le se nu, eye nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

35 Ðikeke mele eme o be Yehowa yra ɖe esubɔla vavã siwo li egbea ƒe agbagbadzedze be yewoaʋli yewoƒe subɔsubɔblɔɖe ta dzi. Ale si Mawu ƒe amewo ʋlia wo ɖokuiwo ta le nya siawo me la zua ɖaseɖiɖi nyui aɖe na ʋɔnudrɔ̃ƒewo kple amehawo zi geɖe. (Rom. 1:8) Nu nyui bubu si gado tso senya siwo me míeɖu dzi le mee nye be wona gomenɔamesi aɖewo va su ame geɖe siwo menye Ðasefowo o hã si. Gake abe Mawu ƒe amewo ene la, menye míaƒe taɖodzinue nye be míatrɔ hadomegbenɔnɔ ƒe ɖoɖowo alo ana míaƒe ŋkɔ nanyɔ o. Nu si koŋ tae Yehowa Ðasefowo ʋlia woƒe gomenɔamesiwo ta le ʋɔnudrɔ̃ƒewoe nye be woato ema dzi ado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ.—Mixlẽ Filipitɔwo 1:7.

36 Negadzɔ gbeɖe be míaŋlɔ xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyui si mía nɔvi mawo ɖo esi woʋli Yehowa subɔsubɔ ƒe ablɔɖe ta la be o! Mina míawo hã míawɔ nuteƒe ahaka ɖe edzi bliboe be Yehowa le megbe na mí eye wòyi edzi le ŋusẽ dom mí be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.—Yes. 54:17.