Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 18

Afi Si Wokpɔa Ga Le Na Fiaɖuƒea Ƒe Dɔwo Wɔwɔ

Afi Si Wokpɔa Ga Le Na Fiaɖuƒea Ƒe Dɔwo Wɔwɔ

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Nu si ta Yehowa ƒe amewo dzɔa nu tsɔ kpea asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu kple ale si wowɔa esiae

1, 2. (a) Aleke Nɔviŋu- tsu Russell ɖo nya ŋu na osɔfo aɖe si di be yeanya ale si wowɔna kpɔa ga tsɔ kpɔa Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe dɔwo dzi? (b) Nu kawo mee míadzro le ta sia me?

 GBE ɖeka la, Tɔtrɔ Yeye Sɔlemehaa ƒe osɔfo aɖe te ɖe Nɔviŋutsu Charles T. Russell ŋu hebiae be aleke wowɔna kpɔa ga tsɔ kpɔa Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe dɔwo dzii hã.

Nɔviŋutsu Russell gblɔ nɛ be: “Míetsɔa nudzɔgbawo tsanae o.”

Osɔfoa biae be: “Ke afi kae míekpɔa gaa le?”

Nɔviŋutsu Russell ɖo eŋu nɛ be: “Ne meto nyateƒea na wò hã, maxɔ edzi ase o. Nyaa koe nye be ne ɖetsɔlemetɔwo va la, míetsɔa agba ɖoa ŋɔtinu na wo dometɔ aɖeke o. Gake wonya be míezãa ga. Eya ta wogblɔna na wo ɖokuiwo be, ‘Wozãa ga ɖe xɔ sia ŋu . . . Aleke nye hã mate ŋu akpe asi ɖe gazazã sia ŋui?’”

Ðeko osɔfoa ke nu ɖe te le Nɔviŋutsu Russell kpɔm dũu.

Russell yi edzi be: “Nyateƒea ŋutɔŋutɔ koe ma tom mele na wò. Woawo ŋutɔ koe bianam be, ‘Mate ŋu adzɔ nu vi aɖe atsɔ akpe asi ɖe dɔa ŋua?’ Ne Aƒetɔ la yra ame aɖe eye wòkpɔ nu vi aɖe la, edina be yeazãe atsɔ akpe asi ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Ne nu mele ame aɖe si o la, nu ka tae míazi edzi be wòadzɔ nu?” a

2 “Nyateƒea ŋutɔŋutɔ” koe ma Nɔviŋutsu Russell to nɛ vavã. Tso blema ke la, lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe Mawu ƒe amewo tsɔna kpea asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu. Míadzro esia ƒe kpɔɖeŋu siwo le Ŋɔŋlɔawo me la dometɔ aɖewo kple ale si míele esia wɔm egbeae la me le ta sia me. Ne míele ale si wowɔna kpɔa ga na Fiaɖuƒea ƒe dɔwo egbea me dzrom la, anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Aleke mate ŋu akpe asi ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋuti gazazãwo ŋui?’

“Ame Sia Ame, Si Lɔ̃ Tso Dzi Me Faa La, Nadzɔ Nu”

3, 4. (a) Kakaɖedzi kae le Yehowa si ku ɖe esubɔla vavãwo ŋu? (b) Aleke Israel viwo kpe asi ɖe avɔgbadɔa tutu ŋui?

3 Yehowa ka ɖe esubɔla vavãwo dzi. Enya be ne wona mɔnukpɔkpɔ wo la, lɔlɔ̃ na Mawu aʋã wo woatsɔ dzidzɔ adzɔ nu faa tso dzi me. Mina míadzro esia ƒe kpɔɖeŋu eve si Israel viwo ɖo le blema la me kpɔ.

4 Esi Yehowa ɖe Israel viwo tso Egipte megbe la, ebia tso wo si be woatu avɔgbadɔ si woate ŋu akaka ahatu ɖe teƒe bubu bɔbɔe la hena tadedeagu. Ale si woatui kple nu siwo woade eme siaa bia nunɔamesi geɖe zazã. Yehowa bia tso Mose si be wòana mɔnukpɔkpɔ dukɔa be woakpe asi ɖe dɔ sia ŋu. Egblɔ be: “Ame sia ame, si lɔ̃ tso dzi me faa la, nadzɔ nu na Yehowa.” (2 Mose 35:5) Aleke dukɔa wɔ nui esi wònye be ɖeko wodo le kluvinyenye sesẽ me teti koe nye ema? (2 Mose 1:14) Wokpe asi ɖe dɔa ŋu wòwɔ nuku ŋutɔ, elabena wotsɔ sika, klosalo, kple kesinɔnu bubu siwo le wo si la na faa. Ðewohĩ nu siawo dometɔ geɖe nye esiwo woxɔ tso Egiptetɔ siwo wonye kluvi na tsã la gbɔ. (2 Mose 12:35, 36) Israel viawo ƒe nudzɔdzɔawo va sɔ gbɔ ale gbegbe be ɖe wova ɖo asi wo dzi be woadzudzɔ “nunanawo tsɔtsɔ vɛ.”—2 Mose 36:4-7.

5. Aleke Israel viwo wɔ nui esi David na mɔnukpɔkpɔ wo be woadzɔ nu atsɔ akpe asi ɖe gbedoxɔa tutu ŋu?

5 Anɔ abe ƒe 475 megbe la, David tsɔ eya ŋutɔ ƒe “sika kple klosalo” na be yeatsɔ akpe asi ɖe gbedoxɔa tutu ŋu. Esiae nye xɔ gbãtɔ si wotu ɖe teƒe aɖe koŋ na tadedeagu vavãtɔ le anyigba dzi. David na mɔnukpɔkpɔ Israel vi bubuawo hã be woadzɔ nu, esi wòbia wo be: “Ame kae lɔ̃ le eɖokui si be, yeana nu Yehowa egbea?” Dukɔ la mehe ɖe megbe kura o, “wona nu Yehowa tso dzi blibo me faa.” (1 Kron. 29:3-9) Esi David nya be Yehowa ŋutɔ gbɔe nu siawo katã tso ta la, egblɔ nɛ le gbedodoɖa me be: “Nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me míexɔ wo le hetsɔ na wò.”—1 Kron. 29:14.

6. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ga geɖe hiã le Fiaɖuƒea ƒe dɔwo wɔwɔ me egbea, eye nyabiase kawoe fɔ ɖe te?

6 Mose loo alo David mezi Mawu ƒe amewo dzi be woadzɔ nu o. Ke boŋ woawo ŋutɔwo koe dzɔ nu faa tso dzi me. Ke egbe ya ɖe? Míenya nyuie be ga geɖe hiã be woatsɔ awɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe dɔwo. Ga geɖe hiã hafi woate ŋu ata Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo, atu míaƒe tadeaguƒewo kple alɔdzedɔwɔƒewo ahalé be na wo, alo ana kpekpeɖeŋu siwo hiã kpata la mía nɔvi siwo dzi afɔku dzɔ ɖo. Eya ta esia fɔ nyabiase vevi aɖewo ɖe te: Aleke míewɔna kpɔa ga na nu siawo wɔwɔ? Ðe wòle be woazi Fia la yomedzelawo dzi hafi woadzɔ nua?

“Míaɖe Kuku Alo Aƒo Koko Na Amegbetɔwo Gbeɖe Be Woana Gakpekpeɖeŋu Mí O”

7, 8. Nu ka tae Yehowa ƒe amewo meɖea kuku na amewo be woadzɔ ga na yewo o?

7 Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo tsɔ mawusubɔsubɔ wɔ gadimɔnui, gake Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛwo ya gbe be yewomawɔ nu nenema o. Esi Russell dze Gbetakpɔxɔ tata gɔme la, egblɔ le tata evelia me, le tanya si nye, “Miedi Be Yewoayi Edzi Axɔ Zion Gbetakpɔxɔa?” te be: “Míexɔe se be YEHOWAE le megbe na ‘Zion Gbetakpɔxɔ’ la, eye esi wòle alea ta la, míaɖe kuku alo aƒo koko na amegbetɔwo gbeɖe be woana gakpekpeɖeŋu mí o. Ne Eya ame si gblɔ be: ‘Tɔnyee sika kple klosalo siwo katã le towo dzi nye’ la do kpo ga si míehiã la tsɔtsɔ na mí la, ke míase egɔme be ɣeyiɣia de be míatɔ te etata gbɔ.” (Hag. 2:7-9) Ƒe 130 kple edzivɔe nye esia va yi, gake wometɔ te Gbetakpɔxɔ tata kpɔ o, eye wɔna mevɔ le habɔbɔ si le etam hã ŋu kpɔ o!

8 Yehowa ƒe amewo meɖea kuku na amewo be woadzɔ ga na yewo o. Wometsɔa nudzɔgbawo tsana alo ɖoa lɛta ɖe amewo be woadzɔ nu o. Womewɔa ɖoɖo ɖe gadimɔnuwo, abe nuŋeŋezãwo, nu ewolia, alo dzigbenudzɔdzɔwo ene hã ŋu o. Wolé nya si wogblɔ le Gbetakpɔxɔ me ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la me ɖe asi be: “Míebui gbeɖe kpɔ be esɔ be míabia ga be míatsɔ awɔ Aƒetɔ la ƒe dɔa abe ale si sɔlemehawo wɔnɛ ene o . . . Míawo ya míekpɔe be ayemɔ vovovo siwo dzi wotona xɔa ga le amewo si le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la mesɔ o, eye esia medzea Aƒetɔ la ŋu o. Aƒetɔ la meyrana ɖe ame siwo si woxɔ ga siawo le loo alo nu siwo wotsɔa ga siawo wɔna la dzi o.” b

“Ame Sia Ame Newɔ Abe Ale Si Wòɖo Le Eƒe Dzi Me Ene”

9, 10. Susu siwo ta míedzɔa nu tso dzi me faa dometɔ ɖeka ɖe?

9 Mehiã kura be woazi mí Fiaɖuƒea teviwo dzi egbea hafi míadzɔ nu o. Ke boŋ míetsɔa dzidzɔ dzɔa ga kple nunɔamesi bubuwo tsɔ kpea asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu. Nu ka tae míedzɔa nu faa tso dzi me? Susu etɔ̃ aɖewo tae.

10 Gbã la, míedzɔa nu faa elabena míelɔ̃ Yehowa eye míedi be míawɔ ‘nu si dzea eŋu.’ (1 Yoh. 3:22) Edzea Yehowa ŋu ŋutɔ ne esubɔlawo dzɔ nu faa tso dzi me. Mina míadzro nya siwo apostolo Paulo gblɔ tso Kristotɔwo ƒe nudzɔdzɔ ŋu la me kpɔ. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 9:7.) Kristotɔ vavã mehena ɖe megbe le nudzɔdzɔ ŋu alo tsɔa dzizizi wɔnɛ o. Ke boŋ edzɔa nu le esi “wòɖo le eƒe dzi me” be yeadzɔe ta. c Esia fia be edea ŋugble tso hiahiã si li kple akpa si wòate ŋu awɔ le eme ŋu hafi dzɔa nu. Yehowa melɔ̃a nu le ame siawo tɔgbi gbɔ o, elabena “ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” Woɖe nya sia gɔme le Biblia aɖe me be: “Mawu lɔ̃a ame siwo lɔ̃a nunana.”

Mía nɔvi sue siawo hã tsɔ dzidzɔ le nu dzɔm le Mozambique

11. Nu kae ʋãa mí míetsɔa míaƒe nu nyuitɔwo kekeake naa Yehowa?

11 Evelia, míedzɔa nu faa be míatsɔ ada akpe na Yehowa ɖe ale si wòyraa mí le mɔ geɖe nu la ta. Mina míadzro Mose ƒe Sea me gɔmeɖose aɖe si kpe ɖe Israel viwo ŋu wodzro wo ɖokuiwo me la me kpɔ. (Mixlẽ 5 Mose 16:16, 17.) Wobia tso Israel ŋutsu ɖe sia ɖe si be ne ele ŋkekenyui siwo woɖuna zi etɔ̃ le ƒea me ɖuƒe yim la, wòatsɔ nunana aɖewo ɖe asi ‘le ale si Yehowa yrae nu.’ Eya ta hafi ŋutsu ɖe sia ɖe nade ŋkekenyui aɖe la, ele be wòade ŋugble tso ale si Yehowa yrae ŋu ahadzro eƒe dzi me akpɔe ɖa be nu nyuitɔ kekeake kawoe yeate ŋu atsɔ ana Yehowa hã. Nenema kee ne míawo hã míede ŋugble tso mɔ vovovo siwo nu Yehowa yraa mí le ŋu la, eʋãa mí be míatsɔ míaƒe nu nyuitɔwo kekeake anɛ. Nu siwo míedzɔna kple mɔ bubu siwo dzi míetona naa nu tso dzi blibo me la ɖea ale si gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe ale si Yehowa le mía yramee ŋu la fiana.—2 Kor. 8:12-15.

12, 13. Aleke míaƒe nudzɔdzɔwo ɖenɛ fiana be míelɔ̃ míaƒe Fia la, eye nu agbɔsɔsɔme kae ame sia ame dzɔna?

12 Etɔ̃lia, míetoa míaƒe nudzɔdzɔwo dzi ɖenɛ fiana be míelɔ̃ míaƒe Fia Yesu Kristo. Le mɔ ka nu? De dzesi nya si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le eƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me. (Mixlẽ Yohanes 14:23.) Yesu gblɔ be: “Ne ame aɖe lɔ̃am la, alé nye nya la me ɖe asi.” Yesu ƒe “nya” la ƒe akpa vevi aɖee nye se si wòde be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le anyigba bliboa dzi. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Míeléa “nya” ma me ɖe asi ne míewɔa míaƒe ŋutete katã le asikpekpe ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu me, eye míate ŋu awɔ esia to míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo zazã dzi. Míetoa esia dzi ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mesia Fia la.

13 Ɛ̃, mí Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒewo míedina be míadzɔ nu tso dzi blibo me atsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒea ŋu. Aleke míewɔa esiae? Ame sia ame ŋutɔe tsoa nya me le esia ŋu. Ame sia ame dzɔa nu le eƒe ŋutete nu. Míenya be nu mede míaƒe haxɔsetɔwo dometɔ geɖe dzi tututu o. (Mat. 19:23, 24; Yak. 2:5) Gake nyanya be Yehowa kple Via wodea asixɔxɔ nu suetɔ kekeake si míate ŋu adzɔ tso dzi blibo me ŋu ate ŋu afa akɔ na mía nɔvi siawo.—Marko 12:41-44.

Aleke Wodzɔa Gawoe?

14. Ƒe geɖe va yi la, nu kae Yehowa Ðasefowo biana be amewo nawɔ hafi axɔ míaƒe agbalẽwo?

14 Ƒe geɖe va yi la, Yehowa Ðasefowo kaa ga home aɖe koŋ be amewo nadzɔ hafi axɔ míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo. Ga home si wokana la le sue ale gbegbe be ame siwo dzi nu mede o gɔ̃ hã ate ŋu axɔ agbalẽawo. Gake ne Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo kpɔe be ame aɖe tsɔ ɖe le nyaa me gake ga mele esi wòana ɖe agbalẽa ta o la, wolɔ̃na faa tsɔa agbalẽa nɛ. Woƒe didi vevitɔe nye be woatsɔ agbalẽawo na dzinyuitɔ siwo axlẽe wòaɖe vi na wo.

15, 16. (a) Tɔtrɔ yeye kae Dɔdzikpɔhaa wɔ le mɔ si dzi míato ana agbalẽ amewoe ŋu tso ƒe 1990 me? (b) Aleke míewɔa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe? (Kpɔ aɖaka si nye “ Aleke Wozãa Míaƒe Nudzɔdzɔwoe?” hã.)

15 Tso ƒe 1990 me la, Dɔdzikpɔhaa trɔ asi le mɔ si dzi míato ana agbalẽ amewoe ŋu. Woɖoe be tso ƒe ma me le United States la, womagaka ga aɖeke ɖe míaƒe agbalẽawo ŋu azɔ o, ke boŋ ame siwo axɔe la nawɔ lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ ɖe eta. Woŋlɔ lɛta ɖo ɖe hamewo katã le dukɔ ma me heɖe nu me be: “Tso fifia dzi la, womagaka ga aɖeke koŋ, alo ahe susu yi ga home aɖe gɔ̃ hã dzi, be gbeƒãɖelawo alo ame siwo tsɔa ɖe le míaƒe agbalẽwo me la nana ɖe magazineawo kple agbalẽ bubuawo ta o. . . . Ne ame aɖe ŋutɔ di be yeawɔ lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ atsɔ akpe asi ɖe Biblia fiafia dɔa ŋu la, ate ŋu awɔe faa, gake mele be woakpɔ mɔ be ame nawɔ esia kokoko hafi axɔ agbalẽa o.” Tɔtrɔ yeye sia na wòva dze ƒãa be mawusubɔsubɔdɔ si wotsɔa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo doa alɔe ye wònye wɔm míele eye be “míetsɔa Mawu ƒe nya la tsaa asi” o. (2 Kor. 2:17) Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wova dze ɖoɖo yeye sia gɔme le dukɔ bubuwo hã me va se ɖe esime wòxɔ xexea me katã.

16 Aleke míewɔa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe? Wodaa nudzɔɖakawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me ŋuɖɔɖotɔe be wòagahe amewo ƒe susu o. Ame siwo lɔ̃ ate ŋu adzɔ nu ade eme, alo aɖo woƒe nudzɔdzɔawo ɖe dɔwɔha siwo Yehowa Ðasefowo zãna le se nu la dometɔ ɖeka tẽe. Ƒe sia ƒe la, wotaa nyati aɖe ɖe Gbetakpɔxɔ me tsɔ ɖea ale si míate ŋu awɔ lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siawo ƒomevi la me.

Aleke Wozãa Gawoe?

17-19. Ðe ale si wozãa míaƒe nudzɔdzɔwo ɖe nu siwo gbɔna ŋui me (a) xexea me katã ƒe dɔa, (b) Fiaɖuƒe Akpatawo tutu le xexea me katã, kple (d) hamea ƒe gazazãwo.

17 Xexea me katã ƒe dɔa. Wozãa ga siwo míedzɔna ƒe ɖe tsɔ kpɔa xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋuti gazazãwo gbɔ. Gazazã siawo dometɔ aɖewoe nye ga siwo wozãna ɖe agbalẽwo tata kple wo mama le xexea me godoo, alɔdzedɔwɔƒewo alo Betel ƒewo tutu kple beléle na wo, kple teokrasi suku vovovoawo wɔwɔ ŋu. Tsɔ kpe ɖe ŋu la, wozãa ga ɖe dutanyanyuigblɔlawo, dzikpɔla mɔzɔlawo, kple mɔɖela veviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Wozãa míaƒe nudzɔdzɔwo tsɔ naa kpekpeɖeŋu siwo hiã kpata la mía nɔvi siwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo hã. d

18 Fiaɖuƒe Akpatawo tutu le xexea me katã. Habɔbɔa zãa míaƒe nudzɔdzɔawo ƒe ɖe hã tsɔ tua Fiaɖuƒe Akpata na hame siwo hiãe alo adzra esi le wo si xoxo la ɖo na wo. Esi hameawo yia edzi dzɔa nu ta la, esia wɔnɛ be habɔbɔa gakpɔa ga tsɔ tua akpata na hame bubu siwo hiãe. e

19 Hamea ƒe gazazãwo gbɔ kpɔkpɔ. Wozãa hamea ƒe nudzɔdzɔwo hã tsɔ kpɔa Fiaɖuƒe Akpataa ŋuti gazazãwo gbɔ. Hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo hã be hamea nanɔ ga aɖe ɖom ɖe alɔdzedɔwɔƒea atsɔ akpe asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu. Ne woawɔ esia la, ele be woatsɔe aɖo hamea ŋkume gbã. Ne hamea da asi ɖe edzi la, ke woate ŋu anɔ gaa ɖom ɖa. Nɔviŋutsu si kpɔa hamea ƒe ganyawo dzi la wɔa nuŋlɔɖi tso hamea ƒe nudzɔdzɔawo kple ale si wozã woe ŋu ɣleti sia ɣleti woxlẽna na hamea.

20. Aleke míate ŋu atsɔ ‘míaƒe nu vevitɔwo’ ade bubu Yehowa ŋui?

20 Ne míede ŋugble tso ga si gbegbe wozãna ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ŋu le xexea me katã ŋu la, eʋãa mí be ‘míatsɔ míaƒe nu vevitɔwo ade bubu Yehowa ŋu.’ (Lod. 3:9, 10) Míenyae be míaƒe nu vevitɔwo ƒe ɖewoe nye míaƒe ŋusẽ, susu me ŋutetewo, kple Mawu ŋuti sidzedze si su mía si. Míedina be míawɔ nu siawo ŋu dɔ bliboe le Fiaɖuƒedɔa me. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be míaƒe ŋutilãmenunɔamesiwo hã nye míaƒe nu vevitɔwo. Mina míaɖoe kplikpaa be míayi edzi adzɔ nu ale si míate ŋui, ɣesiaɣi si míate ŋui. Míetoa míaƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siawo dzi dea bubu Yehowa ŋu hekpea asi ɖe Mesia Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu.

a Edze le July 15, 1915 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 218-219.

b Edze le August 1, 1899 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 201.

c Agbalẽnyala aɖe gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe be “wòɖo le eƒe dzi me” la he susu yi ale si ame awɔ ɖoɖo ɖe nane ŋu koŋ be yeawɔ dzi. Egblɔ kpee be: “Togbɔ be dzidzɔ aɖe yɔa ame me le ɣeyiɣi si tututu me wòdzɔ nu hã la, ele be wòanye nu si ŋu wòwɔ ɖoɖo ɖo do ŋgɔ hewɔnɛ ɖe ɖoɖo aɖe koŋ nu.”—1 Kor. 16:2.

d Àte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋunadɔ si míewɔna ŋuti nyawo le Ta 20 lia me.

e Àte ŋu akpɔ Fiaɖuƒe Akpata tutu ŋuti nyatakakawo le Ta 19 lia me.