Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 20

Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔ La

Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔ La

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Ale si Kristotɔwo ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo le hiãɣi

1, 2. (a) Nɔnɔme sesẽ ka mee Kristotɔwo ɖo le Yudea? (b) Lɔlɔ̃ɖeɖefia ka teƒee Yudea Kristotɔawo kpɔ?

 LE ƑE 46 M.Ŋ. me lɔƒo la, dɔ gã aɖe to le Yudea. Nuɖuɖu vɔ le dua me eye ʋɛ siwo susɔ la xɔ asi ale gbegbe be Kristo yomedzela siwo le Yudea la mate ŋu aƒle wo o. Dɔ wu wo ɖi tsi ɖe wo ŋu, eye woɖe ŋu ɖi na ku le dɔwuame ta. Ke hã, eteƒe madidi o, woakpɔ Yehowa ƒe xɔname teƒe le mɔ aɖe si Kristo yomedzelawo mekpɔ ɣemaɣi kpɔ o nu. Nu kae dzɔ?

2 Nɔnɔme sesẽ si me Yudatɔ Kristotɔwo ɖo le Yerusalem kple Yudea la wɔ nublanui na wo nɔvi Kristotɔ siwo le Antioxia (Siria)—Yudatɔwo kple esiwo menye Yudatɔwo o siaa—wodzɔ nu be woatsɔ akpe ɖe woƒe haxɔsetɔawo ŋu. Azɔ wodɔ nɔviŋutsu eve siwo dzi woate ŋu aka ɖo, siwo nye Barnaba kple Saul, wotsɔ kpekpeɖeŋununanaawo yi na Yerusalem hamemetsitsiwo. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 11:27-30; 12:25.) Kpɔ ale si lɔlɔ̃ gã sia si Antioxia nɔviawo ɖe fia la awɔ dɔ ɖe wo nɔvi siwo hiã tu le Yudea dzii ɖa!

3. (a) Nu ka tae Mawu ƒe ame siwo li egbea la srɔ̃a kpɔɖeŋu si ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Antioxia ɖo? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ aɖaka si nye “ Kpekpeɖeŋunadɔ Gã Gbãtɔ Si Míewɔ Le Egbeŋkekeawo Me” hã.) (b) Nyabiase kawo mee míadzro le ta sia me?

3 Ƒe alafa gbãtɔ me nudzɔdzɔ siae nye zi gbãtɔ si nuŋlɔɖiwo ɖee fia be Kristotɔ siwo le dukɔ aɖe me la ɖo kpekpeɖeŋununanawo ɖe wo nɔvi siwo le dukɔ bubu me. Míawo hã míesrɔ̃a Antioxia nɔviawo ƒe kpɔɖeŋu egbea. Ne míese be afɔku alo nɔnɔme sesẽ aɖe va mía nɔvi siwo le nuto bubuwo me dzi la, míetsona kpla naa kpekpeɖeŋu wo. a Be míakpɔ ale si kpekpeɖeŋunadɔ sia do ƒome kple míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa bubuawoe la, mina míadzro nyabiase etɔ̃ aɖewo me tso kpekpeɖeŋunadɔa ŋu: Nu ka tae míebua kpekpeɖeŋunadɔ siwo míewɔna la be enye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe? Taɖodzinu kawoe le kpekpeɖeŋunadɔ siawo ŋu? Aleke kpekpeɖeŋunadɔa ɖea vi na míi?

Nu Si Ta Míebua Míaƒe Kpekpeɖeŋunadɔa Be Enye “Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe”

4. Nya kae Paulo gblɔ na Korintotɔwo tso Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

4 Paulo ɖe nu me le eƒe agbalẽ evelia si wòŋlɔ na Korintotɔwo me be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ma ɖe akpa eve. Togbɔ be Kristotɔ amesiaminawoe Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na hã la, egbea, emenyawo ku ɖe Kristo ƒe ‘alẽ bubuawo’ hã ŋu. (Yoh. 10:16) Míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa gbãtɔae nye ‘subɔsubɔdɔ si dzraa amewo kple Mawu dome ɖo,’ si nye míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa. (2 Kor. 5:18-20; 1 Tim. 2:3-6) Akpa eveliae nye subɔsubɔdɔ si míewɔna tsɔ naa kpekpeɖeŋu míaƒe haxɔsetɔwo. Paulo yɔe tẽe be ‘kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔ.’ (2 Kor. 8:4) Helagbe me nya di·a·ko·niʹa gɔmee woɖe be “subɔsubɔdɔ” le nyagbɔgblɔ siwo nye ‘subɔsubɔdɔ si dzraa amewo kple Mawu dome ɖo’ kpakple ‘kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔ’ siaa me. Nu ka tae esia ɖe dzesi?

5. Nu ka tae wòɖe dzesi be Paulo yɔ kpekpeɖeŋunadɔa be subɔsubɔdɔ?

5 Esi Paulo zã Helagbe me nya ɖeka na dɔ eve siawo la, efia be ebu kpekpeɖeŋunadɔa hã be ele ko abe subɔsubɔdɔ bubu siwo Kristo hamea wɔna ene. Egblɔ do ŋgɔ le eƒe agbalẽ gbãtɔ me be: “Subɔsubɔdɔ vovovowoe li, ke hã, Aƒetɔ [ɖeka] ma kee; eye dɔ vovovowoe li, . . . Gake gbɔgbɔ ɖeka ma kee wɔa dɔ siawo katã.” (1 Kor. 12:4-6, 11) Azɔ hã Paulo gblɔ tso subɔsubɔdɔ vovovo siwo katã hamea wɔna la ŋu be wonye “subɔsubɔdɔ kɔkɔe.” b (Rom. 12:1, 6-8) Mewɔ nuku o be ekpɔe be esɔ be yeazã yeƒe ɣeyiɣi ƒe akpa aɖe atsɔ ‘asubɔ ame kɔkɔewo’!—Rom. 15:25, 26.

6. (a) Abe ale si Paulo ɖe emee ene la, nu ka tae kpekpeɖeŋunadɔa nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe? (b) Ƒo nu tso ale si wole kpekpeɖeŋunadɔa wɔm le xexea me katã egbeae ŋu. (Kpɔ aɖaka si nye “Ne Afɔku Dzɔ!” le axa 214.)

6 Paulo kpe ɖe Korinto nɔviawo ŋu be woase egɔme be kpekpeɖeŋunadɔa nye woƒe subɔsubɔdɔa kple tadedeagu si wotsɔna naa Yehowa ƒe akpa aɖe. Eɖe nu me be esi Kristotɔwo ‘bɔbɔna ɖe Kristo la ŋuti nya nyuia te’ tae wowɔa kpekpeɖeŋunadɔwo ɖo. (2 Kor. 9:13) Esia fia be didi vevie si le Kristotɔwo me be yewoatsɔ Kristo ƒe nufiafiawo ade dɔwɔwɔ mee ʋãa wo wonaa kpekpeɖeŋu wo nɔvi xɔsetɔwo. Le Paulo ƒe nya nu la, nu siwo wowɔna tsɔ kpena ɖe wo nɔviwo ŋu dɔmenyotɔe la nye “Mawu ƒe amenuveve geɖe” si wòɖe fia to woamawo dzi. (2 Kor. 9:14; 1 Pet. 4:10) Eya ta esɔ ŋutɔ be esi December 1, 1975 ƒe Gbetakpɔxɔ nɔ nu ƒom tso kpekpeɖeŋunana mía nɔviwo le hiãɣi ŋu la, egblɔ be: “Ele be míaka ɖe edzi bliboe be Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo wodea asixɔxɔ gã aɖe subɔsubɔdɔ sia ƒomevi ŋu.” Ɛ̃, míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa vevi aɖee kpekpeɖeŋunadɔa nye vavã.—Rom. 12:1, 7; 2 Kor. 8:7; Heb. 13:16.

Taɖodzinu Nyui Siwo Le Kpekpeɖeŋunadɔa Ŋu

7, 8. Taɖodzinu siwo le kpekpeɖeŋununana ƒe subɔsubɔdɔa ŋu dometɔ gbãtɔ ɖe? Ðe eme.

7 Taɖodzinu kawoe le kpekpeɖeŋunadɔ siwo míewɔna ŋu? Paulo ɖo nya sia ŋu le eƒe lɛta evelia si wòŋlɔ na Korintotɔwo me. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 9:11-15.) Le kpukpui siawo me la, Paulo yɔ taɖodzinu vevi etɔ̃ siwo gbɔ míate ŋu aɖo to “kpekpeɖeŋunana ƒe dutoƒo subɔsubɔdɔ” sia dzi. Mina míadzro wo me ɖekaɖeka.

8 Gbã la, míaƒe kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔa hea kafukafu vɛ na Yehowa. Míade dzesii be Paulo he nɔviawo ƒe susu yi Yehowa Mawu dzi enuenu le kpukpui atɔ̃ siwo le memama si do ŋgɔ me la me. Apostoloa he woƒe susu yi nyawo abe “wodaa akpe na Mawu” kple “woada akpe geɖe na Mawu” dzi. (Kpukpui 11, 12) Eƒo nu tso ale si kpekpeɖeŋunadɔa nana Kristotɔwo ‘doa Mawu ɖe dzi,’ eye wokafua “Mawu ƒe amenuveve geɖe” lae hã ŋu. (Kpukpui 13, 14) Eye Paulo wu numeɖeɖe siwo wona tso kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔa ŋu la nu kple nya siawo be: “Woada akpe na Mawu.”—Kpukpui 15; 1 Pet. 4:11.

9. Aleke míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa ate ŋu aɖɔ amewo ƒe susu ɖoe? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Abe ale si wònɔ le Paulo gome ene la, Mawusubɔla siwo li egbea hã bua kpekpeɖeŋunadɔa be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoato edzi akafu Yehowa ahaɖo atsyɔ̃ na eƒe nufiafiawo. (1 Kor. 10:31; Tito 2:10) Le nyateƒe me la, míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa wɔa akpa vevi aɖe le ame siwo bua susu vɔ̃ ɖe Yehowa kple eƒe Ðasefowo ŋu la ƒe susu ɖɔɖɔɖo me. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: Nyɔnu aɖe ŋlɔ klã ɖe eƒe aƒe ƒe agbo ŋu be: “Míele Yehowa Ðasefowo Dim Le Afi Sia O.” Gbe ɖeka la, ahomya sesẽ aɖe va gblẽ nu le woƒe nutoa me, eye wòkpɔ ale si kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo va nɔ eƒe aƒelika aɖe ƒe aƒe si gbã la dzram ɖo. Elé ŋku ɖe ale si wonɔ dɔa wɔm le lɔlɔ̃ me la ŋu hena ŋkeke aɖewo, eye wòyi ɖabia be ame kawoe wonye hã. Esi wòse be Yehowa Ðasefowoe wonye la, ewɔ mo yaa nɛ eye wògblɔ be: “Mitsɔe kem be mebua susu vɔ̃ ɖe mia ŋu tsã.” Nu kae do tso eme? Eɖe nu si wòŋlɔ klã ɖe eƒe agboa ŋu la ɖa.

10, 11. (a) Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be míele míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa ƒe taɖodzinu evelia gbɔ ɖom? (b) Agbalẽ kae le kpekpem ɖe kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo ŋu? (Kpɔ aɖaka si nye “Dɔwɔnu Aɖe Si Le Kpekpem Ðe Kpekpeɖeŋunadɔlawo Ŋu.”)

10 Evelia, enana ‘míekpɔa míaƒe haxɔsetɔwo ƒe hiahiãwo gbɔ nyuie.’ (2 Kor. 9:12a) Ne mía nɔviwo ɖo xaxa me la, míedina vevie be míakpɔ nu siwo hiã wo kpata la gbɔ na wo ahana woƒe fukpekpewo dzi naɖe akpɔtɔ. Nu ka tae? Elabena Kristo hamea me tɔwo katã nye “ŋutilã ɖeka,” eye ne “ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinu bubuawo katã kpea fu kplii.” (1 Kor. 12:20, 26) Eya ta ne afɔku aɖe dzɔ la, lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ ʋãa mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo egbea woɖea asi le woƒe dɔwo ŋu hetsona kpla yina ɖanaa kpekpeɖeŋu wo nɔvi siwo le nuto siwo me afɔkua dzɔ le. (Yak. 2:15, 16) Le kpɔɖeŋu me, esi tsunami gblẽ nu le Japan le ƒe 2011 me la, United States alɔdzedɔwɔƒea ɖo lɛta ɖe Nutome Xɔtukɔmiti siwo le United States hebia nenye be “nɔvi ʋɛ aɖewo siwo dze” la alɔ̃ ayi aɖana kpekpeɖeŋu le Fiaɖuƒe Akpata siwo gbã la tutu me hã. Aleke nɔviawo wɔ nui? Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 600 kloe tsɔ wo ɖokuiwo na faa, eye wolɔ̃ be yewoatsɔ yewo ŋutɔ yewoƒe kotokumega aɖo yameʋu ayi Japan aɖana kpekpeɖeŋu! United States alɔdzedɔwɔƒea gblɔ be: “Ale si nɔviawo wɔ nui la wɔ nuku na mí ŋutɔ.” Esi Japan nɔvi aɖe bia kpekpeɖeŋunadɔwɔla aɖe si tso duta be nu ka tae wòtsɔ eɖokui na be yeava na kpekpeɖeŋu hã la, eɖo eŋu nɛ be: “Mía nɔvi siwo le Japan la nye ‘míaƒe ŋutilã’ ƒe akpa aɖe. Woƒe vevesesewoa, míaƒe vevesesee, eye woƒe fukpekpewoa, míaƒe fukpekpee.” Ɣeaɖewoɣi la, ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ʋãa kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo wotsɔa woƒe agbe dea afɔku me gɔ̃ hã be yewoana kpekpeɖeŋu yewo nɔvi xɔsetɔwo. c1 Yoh. 3:16.

11 Ame siwo menye Ðasefo o hã kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi afɔku aɖe gblẽ nu le United States ƒe nuto si nye Arkansas me le ƒe 2013 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe kafu ale si Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tso kpla ɖe kpekpeɖeŋunana ŋu la hegblɔ be: “Yehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo na woƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo nyuie ale gbegbe be ne afɔku dzɔ la, wote ŋu naa kpekpeɖeŋu si hiã la nyuie, le mɔ lédziname aɖe nu.” Nyateƒee, abe ale si apostolo Paulo gblɔe ene la, míekpɔa mía nɔvi siwo ɖo xaxa me la ƒe ‘hiahiãwo gbɔ na wo nyuie.’

12-14. (a) Nu ka tae míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa ƒe taɖodzinu etɔ̃lia gbɔ ɖoɖo le vevie ŋutɔ? (b) Nya kawoe amewo gblɔ si ɖe ale si gbegbe wòle vevie be míagatrɔ ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu le afɔkuwo megbe la fiae?

12 Etɔ̃lia, enana míekpena ɖe ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo la ŋu be woagatrɔ ɖe woƒe gbɔgbɔmedɔwo ŋu. Nu ka tae esia le vevie? Paulo gblɔ be ne mía nɔviwo ɖo nɔnɔme sesẽ me eye míekpe ɖe wo ŋu la, esia ʋãa wo be “woada akpe geɖe na Mawu.” (2 Kor. 9:12b) Mɔ nyuitɔ si dzi ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo ato ada akpe geɖe na Mawue nye be woagatrɔ ɖe woƒe gbɔgbɔmedɔwo ŋu kaba ale si woate ŋui. (Flp. 1:10) Ƒe 1945 ƒe Gbetakpɔxɔ aɖe gblɔ be: “Paulo da asi ɖe . . . nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖoa dzi elabena wotoa edzi kpɔa . . . wo nɔvi Kristotɔ siwo hiã tu la ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ ale be woate ŋu akpɔ asinu kple ŋusẽ geɖe awɔ ɖaseɖiɖidɔ si Yehowa de wo si.” Taɖodzinu ma kee le míawo hã si egbea. Ne mía nɔvi siwo dzi afɔku dzɔ ɖo gatrɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, menye woƒe aƒelika siwo dzi nu te ɖo koe wodoa ŋusẽe o, ke wodoa ŋusẽ wo ɖokuiwo hã.—Mixlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4.

13 Se ame siwo ŋu wokpe ɖo le nɔnɔme sesẽwo me eye wogadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme kple ale si esia wɔwɔ do ŋusẽ woe la ƒe numenya aɖewo ɖa. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Yayrae wònye na mí be míaƒe ƒomea gatrɔ ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu. Esi míele akɔ fam na ame bubuwo la, ena míeŋlɔ míaƒe dzimaɖitsitsiwo be vie.” Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Tɔtrɔ ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu na nye susu dzo le nu siwo afɔkua gblẽ le mía ŋu la dzi. Ena mese le ɖokuinye me be mele dedie.” Nɔvinyɔnu bubu hã gblɔ be: “Togbɔ be naneke meli míawɔ tso nɔnɔme siwo me afɔkua kplɔ mí dee dometɔ aɖewo ŋu o hã la, gbeadzisubɔsubɔdɔa na míaƒe ƒomea ƒe susu dze akɔ anyi. Nuƒoƒo na amewo tso xexe yeye si míele mɔ kpɔm na ŋu do ŋusẽ míaƒe kakaɖedzi be eteƒe madidi o, woawɔ nuwo katã yeye.”

14 Kpekpeawo dede hã nye gbɔgbɔmedɔ bubu si ŋu wòle be míaƒe haxɔsetɔ siwo dzi afɔku dzɔ ɖo la nagatrɔ ɖo kaba ale si woate ŋui. Bu nu si me Kiyoko to la ŋu kpɔ. Enye mía nɔvinyɔnu aɖe si esusɔ vie wòaxɔ ƒe 60. Esi tsunami aɖe dzɔ le woƒe nutoa me la, eƒe nuwo katã dome gblẽ, negbe awu kple afɔkpa siwo wòdo koe susɔ nɛ. Etɔtɔ vevie eye meganya ale si wòle agbea nɔgee o. Le ɣeyiɣi ma me la, hamemetsitsi aɖe va gblɔ nɛ be yewoanɔ yeƒe ʋu me awɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo. Kiyoko gblɔ be: “Hamemetsitsia kple srɔ̃a kpakple nye kple nɔvinyɔnu bubu míenɔ anyi ɖe ʋua me wɔ kpekpea. Togbɔ be kpekpea menɔ abe ale si wònɔna le Fiaɖuƒe Akpata me ene o hã la, ɖeko wònɔ abe nukunu aɖee dzɔ ene; ena meŋlɔ nu si tsunamia gblẽ le ŋunye la be enumake. Nye susu dze akɔ anyi. Kpekpe ma na mekpɔ ale si gbegbe hadede kple mía nɔvi Kristotɔwo doa ŋusẽ míi.” Nɔvinyɔnu bubu hã gblɔ tso kpekpe siwo wòde le afɔku aɖe megbe teti la ŋu be: “Woawoe lé nye agbe ɖe te le nɔnɔme sesẽ mawo me!”—Rom. 1:11, 12; 12:12.

Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔa Hea Viɖe Mavɔwo Vɛ

15, 16. (a) Viɖe kae Kristotɔ siwo nɔ Korinto kple teƒe bubuwo la kpɔ tso kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ me? (b) Aleke kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ ɖea vi na míawo hã egbeae?

15 Esi Paulo nɔ nu me ɖem tso kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔa ŋu la, eƒo nu tso ale si gomekpɔkpɔ le dɔ sia me aɖe vi na Korintotɔawo kple Kristotɔ bubuwoe hã ŋu. Egblɔ na wo be: “[Yudatɔ Kristotɔ siwo le Yerusalem, siwo ŋu wokpe ɖo la, le] kokoƒoƒo dzi ɖe mia ta, eye miele wo dzrom vevie, le Mawu ƒe amenuveve geɖe si wòna mi la ta.” (2 Kor. 9:14) Ɛ̃, Korintotɔawo ƒe dɔmenyonunanawo ʋã Yudatɔ Kristotɔwo be woado gbe ɖa ɖe Korinto nɔviawo (Yudatɔwo kple esiwo menye Yudatɔwo o siaa) ta, eye woƒe lɔlɔ̃ na wo nu gasẽ ɖe edzi.

16 Esi December 1, 1945 ƒe Gbetakpɔxɔ nɔ te ɖe Paulo ƒe nya siawo dzi le nu me ɖem tso viɖe si míekpɔna tso kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ me egbea ŋu la, egblɔ be: “Ne Mawu ƒe ame kɔkɔewo dzɔ nu be woatsɔ akpɔ wo nɔvi siwo le afi bubu ƒe nuhiahiãwo gbɔ la, kpɔ ale si gbegbe esia nana woƒe ɖekawɔwɔa me gasẽnae ɖa!” Nenema tututue ame siwo kpɔa gome le kpekpeɖeŋunadɔwo me egbea la sena le wo ɖokui me. Hamemetsitsi aɖe si kpɔ gome le kpekpeɖeŋunadɔ me le tsiɖɔɖɔ aɖe megbe la gblɔ be: “Kpekpeɖeŋunadɔa wɔwɔ na be mía kple mía nɔviawo dome gava le kplikplikpli wu tsã.” Nɔvinyɔnu aɖe si kpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si wonɛ le afɔku aɖe megbe ŋu la gblɔ be: “Nɔvilɔlɔ̃ si le mía dome la na míele Paradiso si ava anyigba dzi kpuie la ɖɔm kpɔ xoxo.”—Mixlẽ Lododowo 17:17.

17. (a) Aleke Yesaya 41:13 me nyawo vaa eme le kpekpeɖeŋunadɔwo gome? (b) Gblɔ ale si míaƒe kpekpeɖeŋunadɔa hea kafukafu vɛ na Yehowa eye wònana míaƒe ɖekawɔwɔ me gasẽna ɖe edzi la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo. (Kpɔ aɖaka si nye “Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo Tsoa Xexea Ƒe Akpa Vovovowo Naa Kpekpeɖeŋu” hã.)

17 Ne afɔku dzɔ eye kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo va kpekpeɖeŋu na ge la, nɔvi siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la kpɔa Mawu ƒe ŋugbedodo sia me vava teƒe le mɔ tɔxɛ aɖe nu be: “Nye Yehowa, wò Mawu, ame si le gbɔgblɔm na wò be, mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.” (Yes. 41:13) Esi mía nɔvinyɔnu aɖe tsi agbe le afɔku dziŋɔ aɖe me la, egblɔ be: “Ale si gbegbe afɔkua gblẽ nu la na mɔkpɔkpɔ bu ɖem, gake Yehowa do eƒe asi ɖa helém. Kpekpeɖeŋu si nɔviawo nam la wu gbɔgblɔ.” Esi dzɔdzɔmefɔku gblẽ nu le nuto aɖe me la, hamemetsitsi eve ƒo nu ɖe hame si me wole nu esi woŋlɔ be: “Anyigbaʋuʋua do nuxaxa geɖe na nɔviawo, gake míekpɔe be Yehowa to mía nɔviwo dzi le kpekpem ɖe mía ŋu. Míesea nu tso kpekpeɖeŋunadɔ siwo mía nɔviwo wɔna ŋu, gake fifia mía ŋutɔ míekpɔe kple míaƒe ŋku.”

Ðe Wò Hã Àte Ŋu Akpɔ Gome Le Emea?

18. Nu kae nàte ŋu awɔ ne èdi be yeakpɔ gome le kpekpeɖeŋunadɔ me? (Kpɔ aɖaka si nye “Ekpɔ Ŋusẽ Ðe Taɖodzinu Si Yome Wòti Le Agbe Me Dzi” hã.)

18 Ðe wò hã nèdi be yeaɖɔ dzidzɔ si le kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ me la kpɔa? Ne nenemae la, míedi be míana nànya be ame siwo wɔa Fiaɖuƒe Akpata tudɔwo domee wotiaa kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo tsoe zi geɖe. Eya ta bia miaƒe hamemetsitsiwo be yedi be yeakpe dɔ ma wɔwɔ ƒe agbalẽvi ɖo. Hamemetsitsi aɖe si si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su le kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ me la gblɔ nuxlɔ̃amenya sia be: “Ne Afɔku Ŋuti Kpekpeɖeŋunakɔmiti memia asi wò o la, ke mègazɔ mɔ yi afi si afɔku dzɔ le be yeana kpekpeɖeŋu o.” Esia wɔnɛ be kpekpeɖeŋunadɔa zɔna ɖe ɖoɖo nyui nu.

19. Aleke kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo wɔa akpa vevi aɖe le kpeɖoɖo edzi be Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwoe míenye me?

19 Nyateƒee, kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ nye mɔ vevi aɖe si dzi míato awɔ ɖe se si Kristo de na mí be ‘míalɔ̃ mía nɔewo’ la dzi. Míetoa lɔlɔ̃ɖeɖefia sia dzi ɖenɛ fiana be Kristo ƒe nusrɔ̃lawoe míenye vavã. (Yoh. 13:34, 35) Yayra ka gbegbee nye esi wònye na mí egbea be ame geɖewo tsɔa wo ɖokuiwo nana faa be yewoana kpekpeɖeŋu si hiã la Mawu Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒewo ahato esia dzi ahe kafukafu vɛ na Yehowa!

a Kpekpeɖeŋunadɔ siwo míewɔ na míaƒe haxɔsetɔwo koŋ ŋue míaƒo nu tsoe le ta sia me. Gake zi geɖe la, míekpena ɖe ame siwo menye Ðasefowo o hã ŋu.—Gal. 6:10.

b Paulo zã nya di·aʹko·nos (subɔla) ƒe nuyɔyɔ agbɔsɔsɔme tɔ tsɔ ɖɔ “subɔsubɔdɔwɔlawo.”—1 Tim. 3:12.

c Kpɔ nyati si nye “Kpekpe Ðe Míaƒe Haxɔsetɔwo Ŋu Le Bosnia,” le November 1, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 23-27.