Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 22

Fiaɖuƒea Ana Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Nava Eme Le Anyigba Dzi

Fiaɖuƒea Ana Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Nava Eme Le Anyigba Dzi

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Ale si Fiaɖuƒea ana ŋugbe siwo katã Mawu do ku ɖe anyigbaa kple ameƒomea ŋu la nava eme

1, 2. (a) Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míabu Paradiso mɔkpɔkpɔa be enye nu ŋutɔŋutɔ? (b) Nu kae ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse be míaka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi?

 NƆVIŊUTSU wɔnuteƒe aɖee nye ema va ɖo kpekpea eye ɖeɖi te eŋu le ŋkekea ƒe hloloetsotsowo ta. Eƒe aƒetɔ si ƒe nya me sẽ ŋutɔ la wɔ ŋlɔmi le eŋu, agbagbadzedze be yeakpɔ ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ zu taɖui nɛ, eye dɔléle sesẽ aɖe si le fu ɖem na srɔ̃a hã na wòtsi dzimaɖi. Esi wodze ha si woatsɔ adze kpekpea gɔme ƒoƒo la, eƒe dzi koe dze eme miɔɔ, elabena dzi dzɔe be yeva ye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo dome le Fiaɖuƒe Akpataa me. Hadzidzia ku ɖe Paradiso mɔkpɔkpɔa ŋu, eye haa me nyawo bia tso esi be wòakpɔ ale si mɔkpɔkpɔ ma ava emee ɖaa le susu me, be wòakpɔ eɖokui le Paradisoa me. Ha ma dea dzi gbɔ nɛ xoxoxo, eye esi woa kple eƒe ƒomea wole edzim le kpekpea me la, mɔkpɔkpɔ si yɔ eƒe dzi me fũu la na wòŋlɔ eƒe nuteɖeamedziawo be.

2 Ðe wò hã nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Nenemae wòle le mía dometɔ akpa gãtɔ gome. Gake ne míato nyateƒe la, ale si agbea le sesẽm le nuɖoanyi xoxo sia me la ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míabu Paradiso mɔkpɔkpɔa be enye nu ŋutɔŋutɔ. “Ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” mee míele, eye womate ŋu ayɔ paradiso atɔ ɖe xexe si me míele fifia ŋu kura o. (2 Tim. 3:1) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míabu míaƒe mɔkpɔkpɔa be enye nu ŋutɔŋutɔ? Azɔ hã, aleke míawɔ aka ɖe edzi be eteƒe madidi o, Mawu Fiaɖuƒea aɖu anyigba bliboa dzi? Mina míadzro Yehowa ƒe nyagblɔɖi ʋɛ aɖewo siwo va eme na eƒe amewo le blema la me. Emegbe míadzro ale si nyagblɔɖi mawo kple emawo tɔgbi le eme vam egbeae hã me. Ne esiawo do ŋusẽ míaƒe xɔse vɔ la, míadzro ale si nyagblɔɖi mawo ava eme le etsɔmee hã me mlɔeba.

Ale Si Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Va Eme Na Eƒe Amewo Le Blema

3. Ŋugbedodo kae fa akɔ na Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon?

3 Bu ale si agbea nɔ na Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me ŋu kpɔ. Aboyo mee wodzi wo dometɔ geɖe ɖo abe wo dzilawo ŋutɔ ke ene, eye agbea sesẽ na wo. Babilontɔwo ɖua fewu le wo ŋu le esi woxɔ Yehowa dzi se ta. (Ps. 137:1-3) Yehowa do ŋugbe na eƒe amewo be yeagaƒo wo nu ƒu ake ɖe wo denyigba dzi. Yudatɔwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ katã ɖo ŋugbedodo lédziname ma ŋu le woƒe aboyomenɔɣia katã. Yehowa gblɔ be yeawɔ nu nyui geɖewo na wo le wo de. Etsɔ Yudatɔwo ƒe anyigba si wòagbugbɔ aɖɔ ɖo na wo la sɔ kple Eden bɔ—si nye paradiso—gɔ̃ hã. (Mixlẽ Yesaya 51:3.) Mawu na wòdze ƒãa le ŋugbedodo siawo me be yeakpɔ woƒe nuhiahiã ɖe sia ɖe gbɔ na wo ale gbegbe be naneke meli si ŋu woagatsi dzi ɖo o. Le mɔ ka nu? Mina míadzro esia ŋuti nyagblɔɖi aɖewo me kpɔ.

4. Kakaɖedzi kae Yehowa na Yudatɔwo tso dedienɔnɔ le wo denyigba dzi ŋu?

4 Dedienɔnɔ. Menye paradisonyigba ŋutɔŋutɔ dzie aboyomeawo atrɔ agbɔ va o, ke boŋ wo denyigba si zu aƒedo ƒe 70 sɔŋ eye wòdidi tso afi si wole gbɔ, si wo dometɔ akpa gãtɔ mekpɔ kpɔ o la dzie woatrɔ ava. Dzatawo, amegãxiwo, lãklewo, kple lã lénu bubuwo bɔ ɖe anyigba siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la dzi ɣemaɣi. Eya ta ƒome ƒe tawo ate ŋu atsi dzi be: ‘Aleke mawɔ akpɔ srɔ̃nye kple vinyewo ta be woanɔ dedie? Ke nye alẽ kple nyiwo hã ɖe, aleke mawɔ akpɔ wo ta?’ Esɔ le dzɔdzɔme nu be woatsi dzi ɖe nya siawo ŋu. Ke azɔ, de ŋugble tso Mawu ƒe ŋugbedodo si le Yesaya 11:6-9 ŋu kpɔ, ne nàkpɔe ɖa be ɖe mafa akɔ na Yudatɔ mawo ŋutɔ o hã. (Mixlẽe.) Yehowa to hakpanya ŋɔnɔe mawo dzi na kakaɖedzi aboyome mawo be woawo ŋutɔwo kple woƒe lãhawo anɔ dedie. Dzata aɖu gbe le gɔmesesea nu be dzata aɖeke mava dze Yudatɔwo ƒe lãhawo dzi ahavuvu wo o. Yudatɔ wɔnuteƒeawo mavɔ̃ na lã lénu mawo le mɔ aɖeke nu o. Yehowa do ŋugbe be ne yeƒe amewo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi la, woanɔ dedie le gbegbe kple avewo me gɔ̃ hã.—Eze. 34:25.

5. Nyagblɔɖi kawoe kpe ɖe aboyomeawo ŋu woka ɖe edzi be Yehowa ana nu siwo hiã la yewo le agbɔsɔsɔ me ne yewotrɔ gbɔ va yewo de?

5 Nu siwo hiã la kpɔkpɔ le agbɔsɔsɔ me. Ðewohĩ woatsi dzi ɖe nu bubu aɖewo hã ŋu. Ðewoe nye: ‘Ðe mate ŋu akpɔ nye ƒomea dzi ne míetrɔ yi mía dea? Afi kae míanɔ? Ðe dɔwɔɖui aɖe le afi ma, eye ɖe wòanyo wu dɔ manyatalenu siwo wɔm míele le mía dziɖulawo te le aboyo me afi sia?’ Yehowa ɖo biabia mawo hã ŋu le nya siwo wòtsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖilawo wogblɔ ɖi me. Yehowa do ŋugbe be tsi adza le edzaɣi na yeƒe ame siwo aɖo to ye, si awɔe be woƒe anyigba ‘awɔ nu le agbɔsɔsɔ me eye nukuawo anyo.’ (Yes. 30:23) Le aƒe kple dɔwɔɖui si ana dzidzeme ame gome la, Yehowa do ŋugbe sia ku ɖe eƒe amewo ŋu be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o.” (Yes. 65:21, 22) Ɛ̃, agbea adze edzi na wo le mɔ geɖe nu wu ale si wònɔ na wo esi wonɔ trɔ̃subɔlawo dome le aboyo me le Babilon. Ke woƒe kuxi sesẽtɔ kekeakewo, siwo kplɔ wo de aboyoa me ya ɖe? Ðe woakpɔ ta na woawo hã?

6. Lãmesẽkuxi kawoe nɔ Mawu ƒe amewo ŋu do ŋgɔ na woƒe aboyo me yiyi, eye kakaɖedzi kae Yehowa na eƒe ame siwo atrɔ agbɔ tso aboyo me?

6 Gbɔgbɔmelãmesẽ me nɔnɔ. Ƒe gbogbo aɖewo hafi Mawu ƒe amewo nava yi aboyo me la, wodze dɔ le gbɔgbɔ me. Yehowa gblɔ na eƒe amewo to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Ta blibo la katã dze dɔ, eye dzi blibo la le dɔ lém.” (Yes. 1:5, NW) Wozu ŋkuagbãtɔwo kple tokunɔwo le gbɔgbɔ me, elabena woyi edzi tu woƒe towo be woagase Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo o, eye womia woƒe ŋkuwo be woagakpɔ eƒe mɔfiame nyuiwo adze sii o. (Yes. 6:10; Yer. 5:21; Eze. 12:2) Ne kuxi siawo aganɔ Yudatɔ siwo atrɔ agbɔ tso aboyo me ŋu la, ɖe dedienɔnɔ aɖe ate ŋu asu wo sia? Menye ɖeko ema awɔe be Yehowa nagado dziku ɖe wo ŋu ake oa? Eya ta esɔ ŋutɔ be Yehowa na kakaɖedzi wo esi wòdo ŋugbe na wo be: “Le ɣemaɣi la tokunɔwo ase agbalẽ sia me nyawo, eye ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋkuwo akpɔ nu tso blukɔ kple viviti me.” (Yes. 29:18) Ɛ̃, Yehowa ada gbe le eƒe ame siwo wòhe to na eye wotrɔ dzi me la ŋu le gbɔgbɔ me. Ne woyi edzi ɖo toe hewɔ ɖe eƒe nyawo dzi la, ana mɔfiame kple numekɔkɔ siwo axɔ wo ɖe agbe la wo.

7. Aleke ŋugbe siwo Mawu do na eƒe ame siwo nɔ aboyo me la va emee, eye nu ka tae wòle be ema nado ŋusẽ míaƒe xɔse?

7 Ðe Yehowa wɔ ɖe eƒe ŋugbedodoawo dzia? Nu siwo dzɔ le ŋutinya me la ɖo biabia sia ŋu. Esi Yudatɔwo trɔ gbɔ va wo de la, Yehowa yra wo wonɔ anyi le dedienɔnɔ me, nu siwo hiã wo la su wo si le agbɔsɔsɔ me, eye wonɔ gbɔgbɔmelãmesẽ me hã. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa kpɔ wo ta tso dukɔ siwo ƒo xlã wo, siwo sesẽ wu wo hesɔ gbɔ wu wo hã la si me. Lã lénuwo megblẽ Yudatɔwo ƒe lãhawo dome o. Ele eme baa be mɔ sue aɖe nu koe nyagblɔɖi mawo siwo Yesaya, Yeremiya, Ezekiel, kple ame bubuwo ŋlɔ ɖi tso paradiso ƒe nɔnɔme ŋu la va eme na Yudatɔawo le ya, gake ale si wova eme na wo la na wokpɔ dzidzɔ ale gbegbe eye wòsɔ ɖe nu siwo wohiã ɣemaɣi la nu. Ne míede ŋugble tso nu si Yehowa wɔ na eƒe amewo le blemaɣeyiɣi mawo me ŋu la, míaƒe xɔse asẽ ŋu ɖe edzi. Ne mɔ sue ma si nu nyagblɔɖi mawo va eme le la do dzidzɔ na Mawu ƒe amewo nenema gbegbe ɖe, ke aleke emevava gãtɔa anɔ? Mina míadzro ale si Yehowa na nya mawo le eme vam na mí egbeae la me kpɔ.

Ale Si Yehowa Dze Eƒe Ŋugbedodowo Dzi Wɔwɔ Le Míaƒe Ɣeyiɣia Me

8. “Anyigba” ka ƒomevie Mawu na eƒe amewo egbea?

8 Yehowa ƒe amewo meƒo ƒu wɔ dukɔ ɖeka ŋutɔŋutɔ egbea o, eye wo katã womele anyigba ƒe teƒe ɖeka aɖe koŋ hã o. Ke boŋ, Kristotɔ amesiaminawo ƒo ƒu wɔ gbɔgbɔmedukɔ, si nye “Mawu ƒe Israel.” (Gal. 6:16) Woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ hã wɔ ɖeka kpli wo le ‘gbɔgbɔmenyigba’ si Yehowa Mawu na wo la dzi, afi si wole eyama subɔm le le ɖekawɔwɔ me. Subɔsubɔ siae nye nu vevitɔ na wo le agbe me. (Yoh. 10:16; Yes. 66:8) Ke “anyigba” ka ƒomevie Yehowa na mí? Eyae nye míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa. Enye gbɔgbɔmenyigba si dzi Mawu ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe nɔnɔme siwo anɔ abe Eden bɔ me tɔ ene la le eme vam le le gbɔgbɔmegɔmesese nu. Mina míadzro eƒe kpɔɖeŋu aɖewo me kpɔ.

9, 10. (a) Alekee nyagblɔɖi si le Yesaya 11:6-9 le eme vam egbea? (b) Nu kae ɖo kpe edzi be ŋutifafa le Mawu ƒe amewo dome?

9 Dedienɔnɔ. Le nyagblɔɖi si le Yesaya 11:6-9 me la, woƒo nu tso ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa wɔnuku aɖe ŋu. Nyagblɔɖia gblɔ be ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa anɔ gbemelãwo kple aƒemelãwo kpakple amegbetɔwo siaa dome. Ðe nya mawo le eme vam le gbɔgbɔmegɔmesese nu egbea? Ɛ̃ ɖe! Kpukpui 9 lia ɖe nu si tae lã wɔadãwo mawɔ vɔ̃ aɖeke alo ahe gbegblẽ aɖeke vɛ o la me be: “Elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu me ene.” Ðe “sidzedze Yehowa” sua lãwo si wotrɔa woƒe nɔnɔmea? Ao ɖe. Amegbetɔ siwo va dze si Mawu Dziƒoʋĩtɔ la heva nya ale si wòwɔa nu le ŋutifafa me lae srɔ̃a eyama hetrɔa woƒe nɔnɔme. Susu ma tae le míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa me egbea la, míekpɔe be nyagblɔɖi ma le eme vam le mɔ lédziname aɖe nu. Le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖua te la, Kristo yomedzelawo le asi ɖem le nuwɔwɔ adãtɔe abe lã ene kple nɔnɔme manyomanyo bubuwo ŋu hele ale si woanɔ ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me kple wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu gbɔgbɔmetɔwo la srɔ̃m.

10 Le kpɔɖeŋu me, míedzro Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me va yi le agbalẽ sia me, eye míekpɔ Ŋɔŋlɔawo me dzidzenu siwo dzi míetu gɔmesese si su mía si le nya sia ŋu la ɖo, kple ale si wotia mía yome le esia tae. Ðe mewɔ nuku ŋutɔ be le ŋutasesẽ ƒe xexe sia me la, “dukɔ” gã aɖe li, si me tɔwo gbe be yewomakpɔ gome le ŋutasẽnuwɔna ƒomevi aɖeke me o, nenye be wotsɔ ku do ŋɔdzi na wo kura gɔ̃ hã oa? Ɛ̃, esia nye kpeɖodzi sẽŋu be Mesia Fia la teviwo le ŋutifafa si tɔgbi ŋu Yesaya ƒo nu tsoe la me egbea vavã! Yesu gblɔe ɖi be lɔlɔ̃ si anɔ ye yomedzelawo domee woatsɔ ade dzesi wo. (Yoh. 13:34, 35) Kristo tsɔ dzigbɔɖi le ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa’ dzi tom le nu fiam Kristotɔ vavãwo katã be woatu ŋutifafa, lɔlɔ̃, kple tufafa ɖo le hamea me.—Mat. 24:45-47.

11, 12. Dɔ ka ƒomevie to le xexea me egbea, gake aleke Yehowa le nuɖuɖu nam eƒe amewo le agbɔsɔsɔ mee?

11 Nu siwo hiã la kpɔkpɔ le agbɔsɔsɔ me. Gbɔgbɔmedɔ le amewo wum le xexea me egbea. Biblia xlɔ̃ nu be: “Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, ke menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.” (Amos 8:11) Ðe gbɔgbɔmedɔ le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dukɔmeviwo hã wum egbea? Yehowa gblɔe ɖi be nɔnɔme si me yeƒe amewo anɔ la ato vovo kura na yeƒe futɔwo tɔ esi wògblɔ be: “Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la, dɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo ano nu, ke miawo la, tsikɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la, ŋu akpe mi.” (Yes. 65:13) Ðe nèkpɔe be nya mawo le eme vam egbea?

12 Gbɔgbɔmenuɖuɖu si nam wole mí egbea la yi edzi le dzidzim ɖe edzi abe tɔsisi si le ta kekem hele goglom ɖe edzi ene. Míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo, videowo kple nya siwo woléna ɖe mɔ̃ dzi, kpekpeawo kple takpekpewo, kpakple nu siwo wodana ɖe míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea la katã nye gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo siwo le mía si sum le xexe sia si me gbɔgbɔmedɔ to le la me. (Eze. 47:1-12; Yoel 4:18) Ðe mèkpɔa dzidzɔ ŋutɔ esi nèle ŋugbe si Yehowa do be yeana nu siwo hiã la mí le agbɔsɔsɔ me la me vava teƒe kpɔm le wò agbe me gbe sia gbe oa? Ðe nèkpɔa egbɔ be yeaɖu nu le Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu gbe sia gbea?

Wokpena ɖe mía ŋu le míaƒe hamewo me be míaɖu nu nyuie, anɔ dedie ahanɔ lãmesẽ me le gbɔgbɔ me

13. Aleke nèkpɔe be ŋugbe si Yehowa do be yeana ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋkuwo naʋu eye tokunɔwo ƒe towo naʋu la le eme vam egbeae?

13 Gbɔgbɔmelãmesẽ me nɔnɔ. Ame akpa gãtɔ ƒe ŋkuwo gbã eye woƒe towo ku le gbɔgbɔ me egbea. (2 Kor. 4:4) Gake Kristo le dɔ yɔm amewo le xexea me godoo. Ðe nèle ale si ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋkuwo le ʋuʋum eye tokunɔwo ƒe towo le ʋuʋum la kpɔma? Ne èkpɔe Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze vavãtɔ va su amewo si, eye woɖe asi le subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafia siwo na woƒe ŋkuwo gbã eye woƒe towo ku tsã be woagase nyateƒea ahakpɔe adze sii o ŋu la, ke ŋugbedodo siae nye ema nèkpɔ wòle eme vam be: “Le ɣemaɣi la tokunɔwo ase agbalẽ sia me nyawo, eye ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋkuwo akpɔ nu tso blukɔ kple viviti me.” (Yes. 29:18) Ame akpe alafa geɖewo le gbɔgbɔmedɔyɔyɔ sia kpɔm le xexea me godoo ƒe sia ƒe. Ɣesiaɣi si ame aɖe do go le Babilon Gã la me heva wɔ ɖeka kple mí be yeasubɔ le gbɔgbɔmeparadisoa me la, enyea kpeɖodzi sẽŋu be Yehowa le eƒe ŋugbedodowo dzi wɔm vavã!

14. Ŋugbledede tso nu kawo ŋue ado ŋusẽ míaƒe xɔse?

14 Le agbalẽ sia ƒe ta ɖe sia ɖe me la, míekpɔ kpeɖodzi sẽŋu siwo ɖee fia be Kristo kplɔ eyomedzelawo va gbɔgbɔmeparadiso me le nuwuɣi sia me vavã. Mina míayi edzi anɔ ŋugble dem tso mɔ vovovo siwo nu wole mía yram le paradiso sia me egbeae la ŋu. Esia awɔe be xɔse si le mía si ɖe Yehowa ƒe etsɔmeŋugbedodowo ŋu la ayi edzi anɔ sesẽm ɖe edzi.

‘Wò Fiaɖuƒe Neva’

15. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be anyigbaa azu paradiso?

15 Tso gɔmedzedzea me ke la, Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be yeawɔ anyigba bliboa wòazu paradiso. Etsɔ Adam kple Xawa da ɖe paradisobɔ me eye wògblɔ na wo be woadzi ayɔ anyigba la dzi ahalé be na nu gbagbe bubu siwo yewɔ ɖe edzi. (1 Mose 1:28) Gake Adam kple Xawa va dze Satana yome hedze aglã, si wɔe be wokplɔ woƒe dzidzimeviwo katã de nu vɔ̃, blibomademade, kple ku me. Ke hã, Mawu metrɔa eƒe tameɖoɖo gbeɖe o. Ne enya gblɔ nya aɖe ko la, ele be wòava eme bliboe godoo. (Mixlẽ Yesaya 55:10, 11.) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo ava yɔ anyigba sia dzi le xexea me katã ƒe paradiso me, eye woaɖu edzi le gɔmesesea nu be woalé be na Yehowa ƒe nuwɔwɔ bubu siwo katã anɔ paradisoa me la lɔlɔ̃tɔe. Ɣemaɣi la, nyagblɔɖi siwo ku ɖe paradiso ƒe nɔnɔme ŋu, siwo va eme zi gbãtɔ na Yudatɔ siwo nɔ aboyo me la, ava eme bliboe azɔ le mɔ si lolo wu nu. Mina míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

16. Nya kae Biblia gblɔ tso dedienɔnɔ si míakpɔ le Paradiso me ŋu?

16 Dedienɔnɔ. Ŋugbedodo lédziname siwo le Yesaya 11:6-9 la ava eme bliboe le gɔmesese ŋutɔŋutɔ nu mlɔeba. Ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo siaa anɔ dedie ahaɖe dzi ɖi le afi sia afi si woayi le anyigba dzi. Ame aɖeke magavɔ̃ na nɔvia amegbetɔ alo lã aɖeke o. Kpɔe ɖaa le susu me be anyigba bliboa zu wò aƒe, afi si nàte ŋu aƒu tsi le tɔsisiwo, tawo, kple atsiaƒu gãwo me le; àɖi tsa le towo dzi kple gbadzaƒe siwo gbe damawo le le dziɖeɖi blibo me. Ne zã do hã la, dzika matso ƒowò o. Ezekiel 34:25 me nyawo ava eme na Mawu ƒe amewo be “woanɔ gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ” gɔ̃ hã.

17. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana nu siwo hiã la mí le agbɔsɔsɔ me ne Fiaɖuƒea va le anyigba bliboa dzi ɖum?

17 Nu siwo hiã la kpɔkpɔ le agbɔsɔsɔ me. Wò ya bu ɣeyiɣi si me ahedada, nunyuimakpɔɖu, dɔwuame, alo kpekpeɖeŋunana ame dahewo ƒe ɖoɖo aɖeke maganɔ anyi o ŋu kpɔ. Gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo siwo le Mawu ƒe amewo si sum egbea la nye kpeɖodzi be Mesia Fia la akpɔ eteviwo ƒe nuhiahiã ɖe sia ɖe gbɔ na wo le etsɔme. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia le mɔ sue aɖe nu be yeate ŋu ana ŋugbedodo mawo nava eme, elabena etsɔ abolo kple tɔmelã ʋɛ aɖewo ko nyi ame akpe geɖe. (Mat. 14:17, 18; 15:34-36; Marko 8:19, 20) Ne Mawu Fiaɖuƒea va le anyigba bliboa dzi ɖum la, nyagblɔɖiwo abe esia ene ava eme le mɔ ŋutɔŋutɔ nu be: “Ana tsi nadza ɖe nuku, siwo nèƒã ɖe agble me la dzi, nuɖuɖu, si tso wò agble me nukuwo me la, avivi, eye woada ami; le ɣemaɣi la wò lãwo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo.”—Yes. 30:23.

18, 19. (a) Aleke nyagblɔ- ɖi si le Yesaya 65:20-22 me vava le vevie na wòe? (b) Gɔmesese ka nue míatsi “abe ale si ati tsinae ene” le?

18 Egbea, ame geɖe mekua drɔ̃e gɔ̃ hã be yewoava tso aƒe nyui aɖe alo akpɔ dɔwɔɖui gbagbe aɖe si ana dzidzeme yewo o. Le nuɖoanyi gblẽku sia me la, ame geɖe kpɔnɛ be yewokua kutri wɔa dɔ gaƒoƒo geɖe gake kesinɔtɔwo kple amegã ŋuklẽlawo ƒe kotoku me koe viɖeawo yina, eye nu vi aɖe koe yewo ŋutɔ kple yewoƒe ƒomea kpɔna tsoa eme. Eya ta kpɔ ale si nɔnɔmea ato vovo le xexea me godooe ɖa ne nyagblɔɖi sia va eme be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe ale si ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.”—Yes. 65:20-22.

19 Nu kae wòfia be míatsi “abe ale si ati tsinae ene”? Ne ètɔ ɖe ati gã nyadri aɖe te la, ɖe mewɔa dɔ ɖe dziwò ŋutɔ ne èbu ƒe gbogbo si gbegbe ati ma anya nɔ afi mae ŋu oa? Ðewohĩ àkpɔe be ati ma li xoxoxo hafi wova dzi tɔgbuiwò ƒe tɔgbuitɔgbui gɔ̃ hã. Àkpɔe hã be ne nuɖoanyi xoxo sia agakpɔtɔ anɔ anyi la, viwòwo ƒe viwo hã ava tso ati ma si li bɔkɔɔ la ɖo esi wò ya nèku gbe aɖe gbe ke. Aleke gbegbe Yehowa ƒe dɔmenyoe nye esi be wòna kakaɖedzi mí be míawo hã míava nɔ agbe ɖaa le Paradiso si gbɔna me ahanɔ anyi bɔkɔɔ le ŋutifafa me! (Ps. 37:11, 29) Ɛ̃, ɣeyiɣi li gbɔna si me ati siwo nɔa agbe didi ŋutɔ gɔ̃ hã nu ayi kaba le mía ŋkume abe gbe dzro aɖe ko ene esi míawo ya míanɔ agbe ɖaa tegbee!

20. Aleke wòadzɔe be Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒewo nava nɔ lãmesẽ debli- bo me?

20 Lãmesẽ deblibo me nɔnɔ. Le xexea me godoo egbea la, dɔléle kple ku nye nu siwo nu ame aɖeke mate ŋu asi le o. Le mɔ aɖe nu la, dɔléle aɖe si kplɔa ame yia ku me la le mí katã ŋu—eyae nye nu vɔ̃. Kristo ƒe tafevɔsaa dzi koe woato ada dɔléle sia. (Rom. 3:23; 6:23) Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, Yesu kple eƒe hatidziɖulawo azã viɖe siwo le vɔsa ma ŋu la bliboe atsɔ aɖe nu siwo katã nu vɔ̃ gblẽ le ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo ŋu la ɖa vivivi. Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia ava eme le mɔ deblibo nu ɣemaɣi be: “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o; wotsɔ vodada ke ame siwo le eme.” (Yes. 33:24) Kpɔ ɣeyiɣi si me ŋkuagbãtɔ, tokunɔ, alo atatututɔ aɖeke maganɔ anyi o la ɖaa le susu me. (Mixlẽ Yesaya 35:5, 6.) Dɔléle ƒomevi aɖeke manɔ anyi, si Yesu mate ŋu ada o. Ayɔ dɔ mí keŋkeŋ le ŋutilãme, susume, kple seselelãme gome siaa. Ɛ̃, Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒewo anɔ lãmesẽ deblibo me!

21. Nu kae adzɔ ɖe ku dzi, eye nu ka tae ŋugbedodo sia faa akɔ na wò?

21 Ke nu vɔ̃ me tsonu si nye ku, si dɔléle hena vɛ zi geɖe ya ɖe? Kue nye míaƒe “futɔ mamlɛtɔ,” futɔ si nu amegbetɔ madeblibo aɖeke mete ŋu nɔa te ɖo o. (1 Kor. 15:26) Gake ɖe ku nye futɔ si dzi Yehowa mate aɖu oa? Se nya si Yesaya gblɔ ɖi ɖa: “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.” (Yes. 25:8) Ðe nàte ŋu akpɔ ɣeyiɣi ma ɖaa le susu mea? Kunuwɔwɔwo, ameɖibɔwo, alo avifafa ɖe ame ƒe ame veviwo ƒe ku ta maganɔ anyi o! Ðe emawo teƒe la, dzidzɔvi sɔŋ ye ayɔ míaƒe ŋkuwo dzi ne Yehowa le ŋugbe nyui si wòdo be yeagagbɔ agbe ame kukuwo la dzi wɔm! (Mixlẽ Yesaya 26:19.) Vevesese siwo gbegbe ku do na mí la nu ayi mlɔeba!

22. Ne Mesia Fiaɖuƒea na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu va eme bliboe le anyigba dzi vɔ la, nu kae Kristo awɔ?

22 Kaka Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua nawu enu la, Fiaɖuƒea ana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ava eme le anyigba dzi bliboe, eye Kristo agatsɔ dziɖulanyenyea ade asi na Fofoa. (1 Kor. 15:25-28) Esi amegbetɔwo va de blibo azɔ ta la, wole klalo adze ŋgɔ dodokpɔ mamlɛtɔ ne woɖe Satana le dɔmawɔmawɔ ƒe aʋlia me. Emegbe Kristo agbã da vɔ̃ɖi ma kple eƒe akpadzinɔlawo katã gudugudu. (1 Mose 3:15; Nyaɖ. 20:3, 7-10) Gake mɔkpɔkpɔ nyui aɖe asu ame siwo katã lɔ̃ Yehowa heku ɖe eŋu nuteƒewɔwɔtɔe ya si. Ðewohĩ nya bubu aɖeke megali míatsɔ aɖɔ nɔnɔme wɔnuku si me míanɔ ɣemaɣi la wòade esiwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòzã nu o. Eyae nye ŋugbedodo si nye be nuteƒewɔlawo akpɔ “Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le.”—Rom. 8:21.

Fiaɖuƒea ana ŋugbe siwo katã Yehowa do ku ɖe anyigbaa kple ameƒomea ŋu la nava eme

23, 24. (a) Nu ka tae míeka ɖe edzi be Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme godoo? (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

23 Menye mɔkpɔkpɔ gbɔlo, didi dzro, alo drɔ̃e aɖe koe ŋugbedodo siawo nye o. Kakaɖedzi le Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu eye woava eme godoo! Nu ka tae? Èɖo ŋku Yesu ƒe nya siwo me míedzro le agbalẽ sia ƒe Ta Gbãtɔ me dzia? Efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: ‘Wò Fiaɖuƒe neva. Wò lɔlɔ̃nu neva eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.’ (Mat. 6:9, 10) Mawu Fiaɖuƒea menye ame aɖe ƒe nususugblɔ dzro ko o. Nu ŋutɔŋutɔe wònye! Ele dzi ɖum le dziƒo fifi laa. Ƒe alafa ɖeka aɖewoe nye esia la, ena Yehowa ƒe ŋugbedodowo le eme vam le mɔ siwo dzena gaglã nu le Kristo hamea me. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa ƒe ŋugbedodowo katã ava eme ne Mawu Fiaɖuƒea va le anyigba bliboa dzi ɖum!

24 Míeka ɖe edzi be Mawu Fiaɖuƒea Ava. Míeka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋugbedodowo katã ava eme. Nu ka tae? Elabena MAWU FIAÐUƑEA LE DZI ÐUM! Eya ta anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe Fiaɖuƒea le dzinye ɖuma?’ Mina míadze agbagba ɖe sia ɖe anɔ agbe abe Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒewo ene fifia, ale be eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe debliboa naɖe vi na mí yi ɖe mavɔmavɔ me!