Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miame: Nɔvinyɔnu aɖe le Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒo si wolé ɖe agba dzi la ƒom na ame aɖe le Alabama, U.S.A., le ƒe 1930-awo ƒe nuwuwu lɔƒo; Ðusime: Switzerland

AKPA GBÃTƆ

Fiaɖuƒea Ŋuti Nyateƒea​—Gbɔgbɔmenuɖuɖu Nana Mawu Ƒe Amewo

Fiaɖuƒea Ŋuti Nyateƒea​—Gbɔgbɔmenuɖuɖu Nana Mawu Ƒe Amewo

ÈDE dzesii be wò Biblia nusrɔ̃vi ƒe nu ku ŋutɔ esi wòse mawunyakpukpui aɖe si miexlẽ ku ɖe Paradiso mɔkpɔkpɔa ŋu la gɔme. Egbɔ fũu, eye wògblɔ be, “Ðe miele gbɔgblɔm be ele Biblia me be míava nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba sia dzia?” Ame si mia kplii miele gbeadzi la ko alɔgbɔnu vie hegblɔ be, “Ye ma wò ŋutɔ nèxlẽ le Biblia me ɖe, alo?” Nu bliboa wɔ dɔ ɖe nusrɔ̃via dzi wòʋuʋu ta hegblɔ be, “Ewɔ nuku nam ŋutɔ be nyemese nya sia kpɔ o!” Enumake èɖo ŋku edzi be egblɔ nya ma tɔgbi kwasiɖa ʋɛ aɖewo va yi esi wòva nya zi gbãtɔ be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

Ðe ame aɖe wɔ nu alea nèkpɔ kpɔa? Mawusubɔla geɖewo kpɔ eteƒe enuenu. Nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbi ɖoa ŋku edzi na mí vevie be kesinɔnu gã aɖee wònye su mía si be míedze si nyateƒea. Gake tɔ vie nàbu nya sia ŋu kpɔ: Aleke kesinɔnu ma wɔ va su asiwò? Míadzro nyabiase sia me le agbalẽa ƒe akpa gbãtɔ sia me. Ale si gbɔgbɔmenumekɔkɔ le Mawu ƒe amewo si sum vivivi la nye kpeɖodzi sẽŋu be Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum vavã. Ƒe alafa ɖekae nye esia la, Fiaɖuƒea ƒe Fia Yesu Kristo le egbɔ kpɔm vevie be woafia nyateƒea Mawu ƒe amewo.

LE AKPA SIA

TA 3

Yehowa Ðea Eƒe Tameɖoɖo Fiana

Ðe Fiaɖuƒea nɔ Mawu ƒe tameɖoɖo me le gɔmedzedzea mea? Aleke Yesu na Fiaɖuƒea me va kɔ ɖe edzi?

TA 4

Yehowa Le Eƒe Ŋkɔ Dom Ðe Dzi

Nu kae Fiaɖuƒea wɔ tso Mawu ƒe ŋkɔ ŋu? Akpa kae nàte ŋu awɔ le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu kɔkɔ me?

TA 5

Fia La Na Fiaɖuƒea Ŋu Nyawo Me Le Kɔkɔm Ðe Edzi

Àse nu geɖe gɔme tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu, eƒe dziɖulawo, eteviwo, kple nu si nuteƒewɔwɔ nɛ bia.