Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miame: Nɔvinyɔnu nyanyuikakala (mɔɖela) aɖe le gbeƒã ɖem le Korea, le ƒe 1931 me; Ðusime:Wole gbeƒã ɖem le tokunɔgbe me le Korea egbea

AKPA EVELIA

Fiaɖuƒea Ŋuti Gbeƒãɖeɖedɔa​—Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia Le Xexea Me Katã

Fiaɖuƒea Ŋuti Gbeƒãɖeɖedɔa​—Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia Le Xexea Me Katã

ÈLE dzadzram ɖo be yeayi gbeadzi le ŋkeke si dzi mèyia dɔ me o. Ðeɖi te ŋuwò vie, eya ta gbeadziyiyi mele dzrowòm tututu o. Èse le ɖokuiwò me be anyo ŋutɔ ne yetsi aƒe me heɖi ɖe eme ŋdi ma. Gake èdo gbe ɖa tso eŋu, eye nèɖoe be yeayi ko. Wò kple nɔvinyɔnu tsitsi wɔnuteƒe aɖee yi gbeadzi gbe ma gbe, eye eƒe dzidodo kple ale si wòtsɔ ɖe le eme na amewo la wɔ dɔ ɖe dziwò ŋutɔ. Esi mienɔ gbeƒã ɖem nyateƒea tso aƒe me yi aƒe me la, èɖo ŋku edzi be nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnu geɖewo hã le gbeƒã ɖem gbedeasi ma ke le xexea me godoo; agbalẽ siwo zãm nèle le dɔ sia wɔwɔ me la ko zãm woawo hã wole, eye hehe si nèxɔ la kee woawo hã woxɔ. Kaka nàgbɔ va aƒe me la, èkpɔe be ŋusẽ ɖo ŋuwò. Èkpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yeyi gbeadzi gbe ma gbe!

Kristotɔwo ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔae nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe dɔ vevitɔ fifia. Yesu gblɔe ɖi be gbeƒãɖeɖedɔa akeke ta le mɔ ɖedzesi aɖe nu le ŋkeke mamlɛawo me. (Mat. 24:14) Aleke eƒe nyagblɔɖia le eme vamee? Le akpa evelia sia me la, míadzro ame siwo le dɔ sia wɔm, mɔnu siwo zãm wole, dɔwɔnu siwo zãm wole, kple ale si wole kpekpem ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu le xexea me godoo be woakpɔe be nu ŋutɔŋutɔe Mawu Fiaɖuƒea nye la me.

LE AKPA SIA

TA 6

Ame Siwo Ðea Gbeƒã​—Wonye Subɔla Siwo Tsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa

Nu ka tae Yesu ka ɖe edzi be yeakpɔ ame siwo alɔ̃ faa aɖe gbeƒã le ŋkeke mamlɛawo me? Aleke nàte ŋu aɖee afiae be yele Fiaɖuƒea dim gbã?

TA 7

Gbeƒãɖeɖemɔnuwo​—Wole Mɔnu Ðe Sia Ðe Zãm Be Nya Nyuia Naɖo Amewo Gbɔ

Srɔ̃ nu tso mɔnu yeye siwo dzi Mawu ƒe amewo le totom be yewoana nya nyuia naɖo ame geɖewo gbɔ hafi nuwuwua nava ŋu.

TA 8

Dɔwɔnu Siwo Wotsɔ Le Gbeƒã Ðem​—Agbalẽwo Tata Be Woatsɔ Aɖe Gbeƒã Le Xexea Me Katã

Aleke gbegɔmeɖedɔ siwo wɔm míele la ɖee fia be Yesu le megbe na mí? Agbalẽtatadɔ si wɔm míele ŋuti nyatakaka kae na nèka ɖe edzi be Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ?

TA 9

Gbeƒãɖeɖedɔa Me Tsonuwo​—‘Agbleawo Ƒu Hena Ŋeŋe’

Yesu fia nu vevi eve aɖewo eƒe nusrɔ̃lawo tso gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ gã la ŋu. Aleke nu vevi eve mawo ka mí egbeae?