Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miame: Zi mamlɛtɔ si Brooklyn Betel ƒomea ɖu Kristmas, le ƒe 1926 me; Ðusime: Amewo dea dzesii be Yehowa Ðasefowo to vovo

AKPA ETƆ̃LIA

Fiaɖuƒea Ƒe Dzidzenuwo​—Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Didi

Fiaɖuƒea Ƒe Dzidzenuwo​—Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye Didi

GBE ɖeka esi nètso eme va yina la, èkɔ asi dzi na wò aƒelika hedo gbe nɛ. Ède dzesii be le ɣeyiɣi mawo me la, enɔa ŋku lém ɖe wò kple wò ƒomea ŋu. Elɔ̃ gbea eye wòwɔ asi na wò be nàva. Esi nèyi la, egblɔ be: “Medi be mabia nya aɖe wò. Nu kae na miawo ya mieto vovo alea?” Èbiae be: “Míeto vovo aleke?” Eɖo eŋu be: “Menye Yehowa Ðasefowoe mienye oa? Miele abe ame bubuwo ene o. Mieto vovo tso subɔsubɔha bubuawo gbɔ kura. Mieɖua ŋkekenyuiwo o, eye miekpɔa gome le dunyahehe kple aʋawɔwɔ me o. Mia dometɔ aɖeke menoa siga o. Eye edze abe miaƒe ƒomea nɔa agbe ɖe dzidzenu kɔkɔwo nu ene. Nu kae na miawo ya mieto vovo le nu geɖe me alea?”

Mí katã míenya be nya ma ƒe ŋuɖoɖo le bɔbɔe. Eya koe nye be: Esi míenye Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖua teviwo tae. Míaƒe Fia Yesu le asi trɔm le mía ŋu ɣesiaɣi. Ele kpekpem ɖe mía ŋu be míazɔ yeƒe afɔɖoƒewo ale be míato vovo le xexe vɔ̃ɖi sia me. Le akpa etɔ̃lia sia me la, míadzro ale si Mesia Fiaɖuƒea le Mawu ƒe amewo ŋu kɔm le gbɔgbɔ me hele kpekpem ɖe wo ŋu be woatrɔ asi le woƒe agbenɔnɔ kple hakplɔɖoɖowo ŋu be wòanye kafukafu na Yehowa la me.

LE AKPA SIA

TA 10

Fia La Le Eƒe Amewo Ŋu Kɔm Le Gbɔgbɔ Me

Nu kae sɔ kple wo nɔewo le Kristmas ɖuɖu kple atitsoga zazã ŋu?

TA 11

Asitɔtrɔ Le Woƒe Agbenɔnɔ Ŋu Hena Mawu Ƒe Kɔkɔenyenye Ðeɖe Fia

Gɔmesese le gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me ƒe agboawo kple dzɔlawo ƒe xɔviawo ŋu na Mawu ƒe amewo tso ƒe 1914 me.

TA 12

Asitɔtrɔ Le Hakplɔɖoɖowo Ŋu Hena ‘Ŋutifafa Mawu La’ Subɔsubɔ

Esi Biblia gblɔ be Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o la, megblɔ kpee be ɖoɖo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ be ŋutifafa ƒe Mawue wònye. Nu ka ta? Alekee nya sia ƒe ŋuɖoɖoa ka Kristotɔwo egbea?