Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miame: Kpovitɔwo va mía nɔviŋutsu aɖe si le gbeƒã ɖem le Eindhoven (Netherlands) la lé ge, le ƒe 1945 me; Ðusime: Ðe setɔwo ɖe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le dukɔ si me nèlea?

AKPA ENELIA

Fiaɖuƒea Ƒe Aʋadziɖuɖuwo​—Nya Nyuia Ta Ʋiʋli Le Se Nu

Fiaɖuƒea Ƒe Aʋadziɖuɖuwo​—Nya Nyuia Ta Ʋiʋli Le Se Nu

GBE ɖeka esi mienɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me la, èsee kpovitɔwo ƒe ʋu nɔ kpẽ kum sesĩe le adzɔge gbɔna. Sesẽm ko kpẽa le ɖe edzi. Esi miege ɖe aƒe si kplɔe ɖo me eye nènɔ gbeƒã ɖem na aƒemenɔlaa la, kpovitɔwo ƒe ʋua va tɔ ɖe agboa nu, eye esia he nɔvi si mia kplii miele gbeadzi la ƒe susu. Kpovitɔawo dometɔ ɖeka do ɖe mia dzi hebia be: “Mi ame eve siawoe le nu ƒom na amewo tso Biblia ŋu tso aƒe me yi aƒe mea? Míexɔ nutsotso geɖe tso mia ŋu!” Mieɖe mia ɖokui nu bubutɔe be Yehowa Ðasefowoe yewonye. Nu kae adzɔ akplɔe ɖo?

Zi geɖe la, nya sia ƒe ŋuɖoɖo nɔ te ɖe dukɔ si me nèle ƒe ŋutinya dzi. Ne èlé ŋku ɖe dukɔ si me nèle ƒe ŋutinya ŋu la, alekee dziɖuɖua wɔa nu ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu? Ðe subɔsubɔ ƒe ablɔɖe aɖe sinu le dukɔa mea? Ne eli la, ɖewohĩ agbagba siwo mia nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo dze le “nya nyui la ta ʋiʋli kple eɖoɖo anyi le se nu” me hena ƒe geɖe gbɔe wòtso. (Flp 1:7) Afi ka kee nèɖale o, ŋugbledede le ale si Yehowa Ðasefowo ɖu dzi le senyawo me va yi ŋu ado ŋusẽ wò xɔse godoo. Le akpa enelia sia me la, míadzro aʋadziɖuɖu ɖedzesi mawo dometɔ aɖewo me. Míaƒe aʋadziɖuɖu siawo nye kpeɖodzi dodzidzɔname siwo ɖee fia be Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ, elabena míate ŋu akpɔ dziɖuɖu siawo le mía ɖokui si gbeɖe o!

LE AKPA SIA

TA 13

Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo Ʋlia Wo Ðokuiwo Ta Le Ʋɔnu

Egbegbe ʋɔnudrɔ̃la aɖewo wɔa nu abe Sefiala Gamaliel si nɔ anyi le blema la ene.

TA 14

Mawu Fiaɖuƒeae Míewɔa Nuteƒe Na, Míenɔa Dziɖuɖu Bubu Aɖeke Ƒe Akpa Dzi O

Yehowa na yometiti ƒe “tɔsisi” si wohe va Yehowa Ðasefowo dzi le woƒe akpaɖekedzimademade le dunyahehe me ta la mie.

TA 15

Míaƒe Subɔsubɔblɔɖe Taʋiʋli

Eva hiãna be Mawu ƒe amewo naʋli gome si le wo si be woawɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe sewo dzi la ta.