Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miame: Wole kpekpe aɖe wɔm le dutoƒo le London (England), le ƒe 1945 me; Ðusime: Wole ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ wɔm le Malawi (Afrika), le ƒe 2012 me

AKPA ATƆ̃LIA

Fiaɖuƒea Ƒe Hehenaɖoɖowo​—Hehenana Fia La Teviwo

Fiaɖuƒea Ƒe Hehenaɖoɖowo​—Hehenana Fia La Teviwo

NƆVIŊUTSU sɔhɛ aɖe si tso miaƒe hamea mee nye ema le eƒe nuƒo gbãtɔ ƒom le takpekpe aɖe me. Eƒe nuƒoa le dzi gbɔ dem na wò ale gbegbe be ɖeko nèle alɔgbɔnu kom ŋudzedzekpɔkpɔtɔe. Esi nèle nuƒoa sem la, wò susu yi hehe wɔnuku si nam wole Mawu ƒe amewo la dzi. Èɖo ŋku zi gbãtɔ si nɔviŋutsu ma wɔ dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me dzi, eye fifia, èkpɔ ŋgɔyiyi si gbegbe wòwɔ va zu takpekpe me nuƒola bibi! Ede Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua hã hewɔ ŋgɔyiyi geɖe emegbe, eye nyitsɔ laa la, woa kple srɔ̃a wode Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua hã. Esi nɔviŋutsua wu eƒe nuƒo nyuia nu eye miele asikpe ƒom nɛ la, ènyẽ kɔ kpɔ nyaselawo, eye wò susu yi nufiame nyui siwo xɔm Mawu ƒe amewo katã le to kpekpe siawo tɔgbi dzi la dzi.

Biblia gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe ava, si me Mawu ƒe amewo katã anye “Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo.” (Yes. 54:13) Ɣeyiɣi ma mee míele fifia. Menye míaƒe agbalẽwo dzi koe wotona naa hehe mí o, ke boŋ míexɔa hehe to míaƒe kpekpewo, takpekpewo, kple suku vovovo siwo woɖo be woakpe ɖe mía ŋu míasu te na agbanɔamedzi aɖewo koŋ tsɔtsɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me hã dzi. Le akpa atɔ̃lia sia me la, míadzro ale si hehenaɖoɖo siawo katã nye kpeɖodzi sẽŋu be Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum fifia la me.

LE AKPA SIA

TA 16

Ƒuƒoƒo Ðekae Hena Tadedeagu

Nu kae míawɔ be tadedeagu na Yehowa le kpekpeawo me naɖe vi na mí bliboe?

TA 17

Hehenana Fiaɖuƒea Ƒe Subɔlawo

Aleke teokrasi sukuwo na dzraa Fiaɖuƒea ƒe subɔlawo ɖo ɖe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu?