Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miame: Kpekpeɖeŋununana siwo Switzerland nɔviwo ɖo ɖe Germany, le ƒe 1946 me; Ðusime: Wogbugbɔ le Fiaɖuƒe Akpata aɖe tum le Japan le tsunami aɖe megbe, le ƒe 2011 me

AKPA ADELIA

Fiaɖuƒea Ƒe Kpekpeɖeŋunaɖoɖowo​—Tadeaguƒewo Tutu Kple Kpekpeɖeŋunana Le Hiãɣi

Fiaɖuƒea Ƒe Kpekpeɖeŋunaɖoɖowo​—Tadeaguƒewo Tutu Kple Kpekpeɖeŋunana Le Hiãɣi

WÒE ma ge ɖe miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me, gake mègakpɔ teƒea dze sii o, elabena wole ezãm be wòanye afi si woana kpekpeɖeŋu ame siwo dzi dzɔdzɔmefɔku dzɔ ɖo la hena ɣeyiɣi aɖe. Èkpɔa dzidzɔ ɖe teƒe sia ŋu ɣesiaɣi si nèva afi ma. Ðewohĩ ètsɔa dzidzɔ ɖoa ŋku ale si nèkpe asi ɖe etutu ŋu ƒe aɖewoe nye esia la gɔ̃ hã dzi. Gake fifia, ègakpɔ dzidzɔ ɖe teƒea ŋu ɖe edzi. Esi ahom kple tsi gã aɖe gblẽ nu le miaƒe nutoa me ta la, alɔdzedɔwɔƒea wɔ kpekpeɖeŋunaɖoɖo enumake be woana nuɖuɖu, nudodo, tsinono, kple nu bubuwo ame siwo ŋu afɔkua gblẽ nu le. Woɖo kpekpeɖeŋununanawo ɖe ɖoɖo nyui nu le Fiaɖuƒe Akpataa me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo le zi nyem va teƒea eye wole woƒe nuhiahiã veviwo gbɔ kpɔm na wo, si wɔe be ɖeko wo dometɔ geɖe le dzidzɔvi fam.

Yesu gblɔe ɖi be nu vevitɔ si woatsɔ ade dzesi ye yomedzelawoe nye lɔlɔ̃ si anɔ wo dome. (Yoh. 13:34, 35) Le akpa adelia sia me la, míadzro ale si Yehowa Ðasefowo to woƒe xɔtudɔwo kple kpekpeɖeŋu siwo wonana ne afɔkuwo dzɔ la dzi le Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ɖem fiae me. Lɔlɔ̃ɖeɖefia siawo katã nye kpeɖodzi sẽŋu be Yesu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua teviwoe míenye vavã.

LE AKPA SIA

TA 18

Afi Si Wokpɔa Ga Le Na Fiaɖuƒea Ƒe Dɔwo Wɔwɔ

Afi kae wokpɔa gaa tsoe? Aleke wozãnɛ?

TA 19

Xɔtudɔ Siwo Dea Bubu Yehowa Ŋu

Míaƒe tadedeaguƒewo dea bubu Mawu ŋu, gake Mawu dea asixɔxɔ nu bubu aɖe kura ŋu wu tadeaguƒeawo.

TA 20

Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔ La

Aleke míewɔ nya be kpekpeɖeŋunadɔa hã nye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si míewɔna na Yehowa la ƒe akpa aɖe?