Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hadzidzi 136

Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum​—Neva Dzro!

Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum​—Neva Dzro!

Wɔ Kɔpi:

(Nyaɖeɖefia 11:15; 12:10)

  1. Oo Yehowa, èli tegbee,

    Ànɔ anyi tegbee.

    Ètsɔ Fiaɖuƒea na Viwò;

    Ele dzi ɖum fifia.

    Wodzi Fiaɖuƒe la xoxo;

    Aɖu anyigba la dzi kpuie.

    (HAXE)

    Mawu Fiaɖuƒe la,

    Xɔname, kple ŋusẽ va ɖo.

    Fiaɖuƒea le dzi ɖum;

    Míedoa gbe ɖa be: “Neva dzro!”

  2. Esusɔ vie woatsrɔ̃’abosam

    Bene míavo mlɔeba.

    Togbɔ be xaxawo li hã,

    Xɔse me míekpɔe be

    Wodzi Fiaɖuƒe la xoxo;

    Aɖu anyigba la dzi kpuie.

    (HAXE)

    Mawu Fiaɖuƒe la,

    Xɔname, kple ŋusẽ va ɖo.

    Fiaɖuƒea le dzi ɖum;

    Míedoa gbe ɖa be: “Neva dzro!”

  3. Wonya Satana le dziƒo;

    Ɛ̃, dzidzɔ gã wònye.

    Mawudɔla si’o le dziƒo

    Katã gli kple dzidzɔ.

    Wodzi Fiaɖuƒe la xoxo;

    Aɖu anyigba la dzi kpuie.

    (HAXE)

    Mawu Fiaɖuƒe la,

    Xɔname, kple ŋusẽ va ɖo.

    Fiaɖuƒea le dzi ɖum;

    Míedoa gbe ɖa be: “Neva dzro!”