Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hadzidzi 137

Na Dzi Nanɔ Mía Ƒo

Na Dzi Nanɔ Mía Ƒo

Wɔ Kɔpi:

(Dɔwɔwɔwo 4:29)

  1. Míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒe la,

    Hekafua wò ŋkɔ gã la.

    Míedoa go fewuɖulawo

    Kple yometiti geɖe.

    Gake míavɔ̃ gbeɖe o.

    Wò koe míedi be míaɖo toe.

    ’Ya ta na gbɔgbɔ kɔkɔe la mí;

    Yehowa Mawu, tɔ na mí.

    (HAXE)

    Na dzinɔameƒo geɖe mí,

    Ale be míagavɔ̃ o.

    Míaɖe gbeƒã kple dzideƒo,

    Ne xexea katã nasee

    Be Armagedon tu aƒe.

    Hafi ɣemaɣi naɖo la,

    Na dzinɔameƒo geɖe mí;

    Esiae míebia.

  2. Ne ’dzɔ be míevɔ̃ gɔ̃ hã la,

    Ènyae be kewɔ míenye.

    Míeka ɖe ŋugbe si nèdo

    Be yeakpe ɖe mía ŋu dzi.

    Se alɔmeɖelawo

    Ƒe ŋɔdzidonamenyawo,

    Eye nàna dzi nanɔ mía ƒo

    Míaɖe gbeƒã kple dzideƒo.

    (HAXE)

    Na dzinɔameƒo geɖe mí,

    Ale be míagavɔ̃ o.

    Míaɖe gbeƒã kple dzideƒo,

    Ne xexea katã nasee

    Be Harmagedon tu aƒe.

    Hafi ɣemaɣi naɖo la,

    Na dzinɔameƒo geɖe mí;

    Esiae míebia.