Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 2

Wode Bubu Yesu Ŋu Hafi Wodzii

Wode Bubu Yesu Ŋu Hafi Wodzii

LUKA 1:34-56

  • MARIA YI ÐASRÃ EƑE ƑOMETƆ ELIZABET KPƆ

Esi mawudɔla Gabriel gblɔ na Maria, si nye ɖetugbui la be adzi ŋutsuvi si woatsɔ ŋkɔ na be Yesu, ame si anye Fia tegbee la, Maria bia be: “Aleke nu sia ate ŋu ava eme esi nyemenya ŋutsu o?”—Luka 1:34.

Gabriel ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò. Eya ta woayɔ vi si dzi ge nàla la be kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.”—Luka 1:35.

Ðewohĩ esi Gabriel di be yeakpe ɖe Maria ŋu wòaxɔ yeƒe gbedeasia dzi ase ta la, egblɔ kpee be: “Kpɔ ɖa, wò ƒometɔ Elizabet si ku nyagã la hã fɔ fu le ŋutsuvi dzi ge, eye esiae nye ɣleti adelia na eya ame si woyɔna be konɔ la; elabena Mawu ƒe nya aɖeke mado kpo emevava o.”—Luka 1:36, 37.

Míekpɔe le nya si Maria tsɔ ɖo eŋu nɛ me be exɔ nya siwo Gabriel gblɔ nɛ la dzi se. Egblɔ be: “Neva eme nam le wò nya la nu.”—Luka 1:38.

Esi Gabriel dzo ko la, Maria dzra ɖo be yeayi aɖasrã Elizabet, ame si kple srɔ̃a Zakariya wole Yudea togbɛ aɖe dzi le afi si gogo Yerusalem la kpɔ. Anye ŋkeke etɔ̃ alo ene ƒe mɔzɔzɔ tso Nazaret ƒe tonuto si me Maria le.

Maria va ɖo Zakariya ƒe me mlɔeba. Esi wòge ɖe aƒea me la, edo gbe na eƒe ƒometɔ Elizabet. Enumake gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elizabet fũu, eye wògblɔ na Maria be: “Woayra wò le nyɔnuwo dome, eye woayra wò dɔmevi la! Aleke wòdzɔe be mɔnukpɔkpɔ sia su asinye be nye Aƒetɔ dada va gbɔnye? Kpɔ ɖa, esi mese wò gbedoname ko la, vidzĩ la ti kpo le nye dɔ me kple dzidzɔ.”—Luka 1:42-44.

Maria tsɔ akpedada si tso dzi me gblɔ be: “Nye luʋɔ le Yehowa dom ɖe dzi, eye nye gbɔgbɔ mate ŋu adzudzɔ aseyetsotso ɖe Mawu, nye Xɔla la ŋu o, elabe ekpɔ eƒe dɔlanyɔnu ƒe ame gblɔe nyenye ɖa. Elabena kpɔ ɖa, tso fifia la, dzidzimewo katã ayɔm be dzidzɔtɔ, elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu dzɔtsuwo nam.” Míade dzesii be togbɔ be wove Maria nu alea hã la, etsɔ kafukafua katã na Mawu. Egblɔ be: “Eƒe ŋkɔ le kɔkɔe, eƒe nublanuikpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la dzi tso dzidzime yi dzidzime.”—Luka 1:46-50.

Gbɔgbɔ ʋã Maria wòyi edzi le Mawu kafum kple nyagblɔɖinyawo be: “Etsɔ eƒe alɔ wɔ nu dzɔtsuwo, eka ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi le woƒe dzimesusuwo me la hlẽ. Eɖe ŋusẽtɔwo ɖa le zi dzi, eye wòdo ame tsɛwo ɖe dzi; etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo taŋ, ke edo mɔ kesinɔtɔwo ya asi ƒuƒlui. Ekpe ɖe eƒe subɔla Israel ŋu, eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ nɛ tegbee la dzi, abe ale si wògblɔe na mía tɔgbuiwo, na Abraham kple eƒe dzidzimevi la ene la dzi.”—Luka 1:51-55.

Maria nɔ Elizabet gbɔ abe ɣleti etɔ̃ ene, eye anɔ eme be ekpe ɖe Elizabet ŋu le eƒe fufɔfɔ ƒe kwasiɖa mamlɛ mawo me ŋutɔ. Ðeko wònyo ŋutɔ be nyɔnu nuteƒewɔla eve siawo siwo fɔ fu to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la le wo nɔewo gbɔ le ɣeyiɣi sia me!

Azɔ de dzesi ale si wode bubu Yesu ŋu hafi wodzii gɔ̃ hã. Elizabet yɔe be “nye Aƒetɔ,” eye ɖevi si le eƒe dɔ me la ‘ti kpo kple dzidzɔ’ esi Maria va do teti ko. Gake esia to vovo kura na ale si amewo va wɔ nu ɖe Maria kple vi si wòva dzi la ŋui, abe ale si míakpɔe emegbe ene.