Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 3

Wodzi Ame Si Ava Dzra Mɔ Dzi Ðo

Wodzi Ame Si Ava Dzra Mɔ Dzi Ðo

LUKA 1:57-79

  • WODZI YOHANES AMENYRƆÐETSIMELA EYE WOTSƆ ŊKƆ NƐ

  • ZAKARIYA GBLƆ DƆ SI YOHANES AVA WƆ LA ÐI

Ekpɔtɔ vie ko Elizabet nadzi vi. Ɣleti etɔ̃e nye ema eƒe ƒometɔ Maria le egbɔ. Gake ɣeyiɣia de na Maria azɔ be wòadzo eye wòazɔ mɔ didi la atrɔ ayi wo de Nazaret, le dziehe gome. Eya hã adzi vi abe ɣleti ade ene megbe.

Esi Maria dzo la, medidi hafi Elizabet dzi vi o. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be Elizabet dzi ɖevia dedie eye eya kple vidzĩa siaa le lãmesẽ me! Esi Elizabet tsɔ ɖevi la fia eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo la, wokpɔ dzidzɔ kplii.

Le Se si Mawu de na Israel-viwo nu la, ne wodzi ŋutsuvi la, ele be woatso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe, eye ŋkeke ma ke dzie wotsɔa ŋkɔ nɛ. (3 Mose 12:2, 3) Ame aɖewo gblɔ be ele be woatsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zakariya nɛ. Gake Elizabet gblɔ be: “Gbeɖe, ke boŋ woayɔe be Yohanes.” (Luka 1:60) Ðo ŋku edzi be mawudɔla Gabriel gblɔ be woatsɔ ŋkɔ na vidzĩa be Yohanes.

Aƒelikawo kple ƒometɔwo gbe hegblɔ be: “Wò ƒometɔ aɖeke metsɔ ŋkɔ sia kpɔ o ɖe!” (Luka 1:61) Wowɔ dzesi na Zakariya hebiae be ŋkɔ kae wòadi be yeatsɔ na ɖevia hã. Zakariya bia be woatsɔ nuŋlɔkpe na ye, eye wòŋlɔ ɖe edzi be: “Eŋkɔe nye Yohanes.”—Luka 1:63.

Tso ema dzi la, Zakariya gate nuƒoƒo ake nukutɔe. Àɖo ŋku edzi be megate ŋu ƒo nu o, le esi mexɔ nya si mawudɔlaa gblɔ be Elizabet adzi ŋutsuvi la dzi se o ta. Eya ta esi Zakariya ƒo nu azɔ la, ewɔ nuku na eƒe aƒelikawo, eye wote wo ɖokuiwo biabia be: “Nu ka gɔ̃e ɖevi sia ava zu?” (Luka 1:66) Mɔ si nu wotsɔ ŋkɔ na Yohanes le la na wokpɔe be Mawu ƒe asi le nyaa me.

Esi gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ Zakariya fũu la, egblɔ be: “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la, elabena etrɔ susu ɖe eƒe amewo ŋu, eye wòɖe wo. Ena xɔxɔ ƒe dzo do na mí le eƒe subɔla David ƒe me.” (Luka 1:68, 69) “Xɔxɔ ƒe dzo” si wòwɔnɛ lae nye Aƒetɔ Yesu, ame si woava dzi la. Zakariya gblɔ be ne Mawu to Ame ma dzi ɖe “mí tso míaƒe futɔwo si me vɔ la, yeana mɔnukpɔkpɔ mí míawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na ye vɔvɔ̃manɔmee le ye ŋkume, le nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye me le míaƒe agbemeŋkekewo katã me.”—Luka 1:74, 75.

Zakariya gblɔ nya ɖi ku ɖe via ŋu be: “Ke wò, vinye, woayɔ wò be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nyagblɔɖila, elabena àdze Yehowa ŋgɔ adzra eƒe mɔwo dzi ɖo, àna eƒe amewo nadze si xɔname, si ava to woƒe nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke me, le mía Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ gã la ta. Dɔmetɔtrɔ sia ana agudzedze natso dziƒo ava kpɔ mí ɖa, be wòana kekeli ame siwo bɔbɔ nɔ viviti kple ku ƒe vɔvɔli me, eye wòafia mɔ míaƒe afɔwo le ŋutifafa ƒe mɔ dzi.” (Luka 1:76-79) Aleke gbegbe nyagblɔɖi ma de dzi ƒoe nye esi!

Le ɣeyiɣi sia me la, Maria, ame si edze ƒãa be ekpɔtɔ nye tre la va ɖo wo de Nazaret. Nu kae adzɔ ɖe edzi ne eva dze gaglãa be efɔ fu?