Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 12

Wonyrɔ Yesu

Wonyrɔ Yesu

MATEO 3:13-17 MARKO 1:9-11 LUKA 3:21, 22 YOHANES 1:32-34

  • WONYRƆ YESU EYE WOTSƆ GBƆGBƆ SI AMI NƐ

  • YEHOWA GBLƆ BE YESU NYE YE VI

Anɔ abe ɣleti ade ene tso esime Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa dze gbeƒãɖeɖe gɔme la, Yesu, ame si xɔ abe ƒe 30 ene fifia la va egbɔ le Yordan-tɔsisia to. Ðe susu ka ta? Menye ɖeko wòyi be yeasrãe kpɔ o. Eye menye ɖeko Yesu yi be yeakpɔ ale si Yohanes ƒe dɔa le edzi yimee o. Ke boŋ ɖe Yesu va be Yohanes nanyrɔ ye.

Mewɔ nuku o be Yohanes gbe. Egblɔ be: “Nyee wòhiã be nànyrɔ, eye wò boŋ nègbɔna gbɔnyea?” (Mateo 3:14) Yohanes nyae be Yesu nye Mawu ƒe Vi tɔxɛ. Ðo ŋku edzi be Yohanes gli kple dzidzɔ le dadaa ƒe dɔme esime Maria, si ƒo Yesu ƒe fu nɔ la va srã Yohanes dada, Elizabet kpɔ. Anɔ eme be Yohanes dada gblɔ nya sia nɛ emegbe. Eye anɔ eme be ese nu tso ale si mawudɔlaa ɖe gbeƒã Yesu dzidzi kple ale si mawudɔlawo ɖe wo ɖokuiwo fia alẽkplɔlawo le zã si me wodzii la hã ŋu.

Yohanes nyae be ame siwo trɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo mee wòhiã be yeanyrɔ. Gake nu vɔ̃ mele Yesu ya ŋu o. Togbɔ be Yohanes gbe hã la, Yesu ƒoe ɖe enu be: “Lɔ̃ ɖe edzi nam fifia, elabena mɔ sia dzie míato awɔ nu siwo katã le dzɔdzɔe.”—Mateo 3:15.

Nu ka tae wònye nu si sɔ be woanyrɔ Yesu? Menye dzimetɔtrɔ tso nu vɔ̃wo me ƒe dzesie Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ la nye o. Eƒe nyɔnyrɔxɔxɔa ɖee fia be etsɔ eɖokui na Fofoa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Hebritɔwo 10:5-7) Atikpalae Yesu nye, gake ɣeyiɣia de nɛ azɔ be wòadze subɔsubɔdɔ si ta Fofoa si le dziƒo dɔe ɖo ɖe anyigba dzi la gɔme. Èsusu be Yohanes nɔ mɔ kpɔm be nu tɔxɛ aɖe adzɔ ne yenyrɔ Yesua?

Yohanes ka nya ta emegbe be: “Ame si dɔm be matsɔ tsi anyrɔ amewo lae gblɔ nam be: ‘Ame si dzi nèkpɔ be gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la, eyae tsɔa gbɔgbɔ kɔkɔe nyrɔa amewo.’” (Yohanes 1:33) Eya ta Yohanes nɔ mɔ kpɔm be Mawu ƒe gbɔgbɔ la aɖi ɖe ame aɖe si yeanyrɔ la dzi. Eya ta mewɔ moyaa nɛ be esime Yesu nɔ dodom tso tsia me la, ekpɔ “Mawu ƒe gbɔgbɔ la wòle ɖiɖim ɖe [Yesu] dzi abe ahɔnɛ ene” o.—Mateo 3:16.

Gake nu geɖe wu ema dzɔ le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi. ‘Dziƒo nu ʋu’ nɛ. Nu sia gɔme ɖe? Ðewohĩ efia be esi wonyrɔ Yesu la, eɖo ŋku eƒe dziƒogbenɔnɔ do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu dzi. Eya ta Yesu ɖo ŋku eƒe anyinɔnɔ abe Yehowa ƒe gbɔgbɔmevi ene kple nu siwo katã Mawu fiae le dziƒo le eƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu la dzi azɔ.

Hekpe ɖe eŋu la, esi wonyrɔ Yesu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ be: “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” (Mateo 3:17) Ame ka ƒe gbee nye ema? Mate ŋu anye Yesu ŋutɔ ƒe gbe o; elabena enɔ Yohanes gbɔ le afi ma. Mawu ƒe gbee. Edze ƒãa be Yesu nye Mawu ƒe Vi. Menye eyae nye Mawu o.

Eɖe dzesi be Yesu nye Mawu ƒe vi si nye amegbetɔ, abe ale si ko wònɔ le ame gbãtɔ Adam hã gome ene. Le nuƒoƒo tso Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu vɔ megbe la, nusrɔ̃la Luka ŋlɔ be: “Esi Yesu dze eƒe dɔa gɔme la, exɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene, eye le amewo ƒe susu nu la, enye Yosef vi, Eli vi, . . . David vi, . . . Abraham vi, . . . Noa vi, . . . Adam vi, Mawu ƒe vi.”—Luka 3:23-38.

Ale si ko Adam nye ‘Mawu ƒe vi’ la, nenema kee Yesu hã nye Mawu ƒe vii. Esi wonyrɔ Yesu la, ƒomedodo yeye aɖe va nɔ eya kple Mawu dome, eye wòzu Mawu ƒe Gbɔgbɔmevi. Ale Yesu dze bliboe be wòafia Mawu ŋuti nyateƒea ahafia agbemɔ la amewo. Yesu dze agbenɔnɔ si ana wòava tsɔ eƒe agbe asa vɔe ɖe amegbetɔƒomea si nye nuvɔ̃mewo ta emegbe la gɔme.