Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 18

Yesu Le Dzidziɖedzi Kpɔm, Ke Yohanes Le To Yim

Yesu Le Dzidziɖedzi Kpɔm, Ke Yohanes Le To Yim

MATEO 4:12 MARKO 6:17-20 LUKA 3:19, 20 YOHANES 3:22–4:3

  • YESU ƑE NUSRƆ̃LAWO NYRƆ AMEWO

  • WODE YOHANES AMENYRƆÐETSIMELA GAXƆ ME

Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia le ƒe 30 K.Ŋ. ƒe adame vɔ megbe la, wodzo le Yerusalem. Gake wometrɔ yi woƒe aƒewo me tẽe le Galilea o. Ke boŋ woyi Yudea, afi si wonyrɔ ame geɖe le. Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa nɔ dɔ ma tɔgbi wɔm abe ƒe ɖeka ene ye nye ema, eye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo gale eŋu, ɖewohĩ le bali si me Yordan-tɔsisia to la me.

Yesu ŋutɔ menyrɔ ame aɖeke o, ke eƒe nusrɔ̃lawoe nyrɔ amewo le eƒe mɔfiafia te. Le ɣeyiɣi sia me le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me la, Yesu kple Yohanes siaa le nu fiam Yudatɔ siwo trɔ dzi me tso nu vɔ̃ siwo wowɔ me le esi woda le Mawu ƒe Se ƒe nubablaa dzi ta.—Dɔwɔwɔwo 19:4.

Gake Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo te ŋuʋaʋã hegblɔ nɛ le Yesu ŋu be: ‘Yesu si wò kplii mienɔ Yordan godo la le amewo nyrɔm, eye amewo katã le egbɔ yim.’ (Yohanes 3:26) Gake Yohanes ya meʋã ŋu o. Yesu ƒe dzidzedzekpɔkpɔ dzɔ dzi nɛ eye wòdi be yeƒe nusrɔ̃lawo hã nakpɔ dzidzɔ. Yohanes ɖo ŋku edzi na wo be: “Miawo ŋutɔwoe nye nye ɖasefo be megblɔ be, ‘Menye nyee nye Kristo la o, ke boŋ be, ɖe wodɔm ɖe ame ma ŋgɔ.’” Ezã kpɔɖeŋu aɖe si gɔme wo katã woase tsɔ ɖe nya sia me ale: “Ame si si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃. Ke ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃ si le tsitre ɖi le to ɖomee la kpɔa dzidzɔ gã ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Eya ta nye dzidzɔ la zu blibo.”—Yohanes 3:28, 29.

Yohanes, si le abe ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃ ene la kpɔ dzidzɔ ɣleti aɖewo do ŋgɔ esi wòɖe eƒe nusrɔ̃lawo fia Yesu. Wo dometɔ aɖewo dze Yesu yome, eye wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo emegbe. Yohanes di be yeƒe nusrɔ̃la mamlɛawo hã nadze Yesu yome. Le nyateƒe me la, Yohanes ƒe dɔe nye be wòadzra mɔ dzi ɖo na Kristo ƒe subɔsubɔdɔa. Yohanes gblɔ be: “Eya anɔ dzidzim ɖe edzi, ke nyea manɔ to yim.”—Yohanes 3:30.

Emegbe Yohanes bubu, si zu Yesu yomedzela ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la, ŋlɔ nu ku ɖe afi si Yesu tso kple akpa vevi si wòawɔ le amegbetɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ me ŋu be: “Ame si tso dziƒo va la ƒo ame bubuwo katã ta. . . . Fofo la lɔ̃ Vi la, eye wòtsɔ nuwo katã de esi. Ame si xɔa Vi la dzi sena la, agbe mavɔ le esi; ame si meɖoa to Vi la o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia edzi.” (Yohanes 3:31, 35, 36) Nyateƒenya vevi kae nye esi wòle be amewo nanya!

Esi Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒo nu tso ale si eya ŋutɔ ƒe wɔƒe kple eƒe dɔ ayi toe ŋu vɔ megbe kpuie la, Fia Herodes na wolée. Herodes xɔ nɔvia Filipo srɔ̃ Herodia ɖe. Esi Yohanes ƒo nu tsi tre ɖe Herodes ƒe ahasisrɔ̃ɖeɖea ŋu le gaglãgbe ta la, Herodes na wodee gaxɔ me. Yesu se be wolé Yohanes, eya ta eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ‘dzo le Yudea yi Galilea.’—Mateo 4:12; Marko 1:14.