Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 19

Nufiafia Samaria-nyɔnu Aɖe

Nufiafia Samaria-nyɔnu Aɖe

YOHANES 4:3-43

  • YESU FIA NU SAMARIA-NYƆNU AÐE KPLE AME BUBUWO

  • TADEDEAGU SI DZEA MAWU ŊU

Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo tso Yudea yina Galilea la, woɖo ta dziehe yi ɖato Samaria nutoa me. Mɔzɔzɔa te ɖeɖi wo ŋu. Le ŋdɔ me lɔƒo la, wotɔ ɖe teƒe aɖe si te ɖe Sixar du la ŋu be yewoaɖi ɖe eme le vudo aɖe si anɔ eme be Yakob ɖe alo xe fe na amewo woɖe ƒe alafa geɖe va yi la to. Va se ɖe egbea gɔ̃ hã la, vudo ma le teƒe si gogo egbegbedu si nye Nablus.

Esi Yesu nɔ ɖiɖim ɖe eme le vudoa to la, eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe dua me yi nuɖuɖu ƒle ge. Esi wodzo la, Samaria-nyɔnu aɖe va tsi du ge. Yesu biae be: “Na tsi vi aɖem mano.”—Yohanes 4:7.

Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o le nazãbubu siwo xɔ aƒe ɖe wo me ɖe wo nɔewo ŋu ta. Eya ta nyɔnua ƒe mo wɔ yaa wòbiae be: “Aleke wɔ wò, Yudatɔ, nèle tsi biamem be yeano, evɔ Samaria-nyɔnue menye?” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana faa la kple ame si le biawòm be, ‘Na tsi vi aɖem mano’ la, anye ne wò boŋ àbiae, eye wòana agbetsi wò.” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, tsikunu si nàtsɔ adu tsia teti hã mele asiwò o, eye vudoa hã goglo. Ekema afi kae nèkpɔ agbetsi sia tsoe? Mènye gã wu mía tɔgbui Yakob, ame si ɖe vudoa na mí, eye eya kple viawo kpakple eƒe lãwo no emetsi o ɖe?”—Yohanes 4:9-12.

Yesu ɖo eŋu be: “Ame sia ame si noa tsi sia ƒe ɖe la, tsikɔ agawui. Ke ame sia ame si ano tsi si manae ƒe ɖe la, tsikɔ magawui akpɔ o, ke boŋ tsi si manae la azu tsi dzidzi le eme, eye wòayɔ agbagba ahana agbe mavɔe.” (Yohanes 4:13, 14) Ɛ̃, togbɔ be ɖeɖi te Yesu ŋu hã la, elɔ̃ faa be yeagblɔ nyateƒenya siwo naa agbe la na Samaria-nyɔnua.

Nyɔnua gblɔ be: “Aƒetɔ, na tsi siam, ne tsikɔ magawum alo manɔ afi sia vam ava nɔ tsi dum azɔ o.” Azɔ Yesu trɔ mɔ na dzeɖoɖoa hegblɔ nɛ be: “Yi nàyɔ srɔ̃wò vɛ.” Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be: “Srɔ̃ mele asinye o.” Gake nu si Yesu nya hegblɔ nɛ la anya wɔ nuku nɛ ŋutɔ; egblɔ nɛ be: “Èto nyateƒe esi nègblɔ be, ‘Srɔ̃ mele asinye o.’ Elabena srɔ̃ atɔ̃ nɔ asiwò kpɔ, eye ŋutsu si gbɔ nèle fifia la, menye srɔ̃wò wònye o.”—Yohanes 4:15-18.

Kpekpeme si le Yesu ƒe nya sia ŋu dze ƒãa na nyɔnua, eye wòwɔ dɔ ɖe edzi wògblɔ be: “Aƒetɔ, mekpɔe dze sii be nyagblɔɖilae nènye.” Azɔ nyɔnua ɖee fia be yetsɔ ɖe le mawusubɔsubɔnyawo me. Le mɔ ka nu? Egblɔ be: “Mía tɔgbuiwo [Samariatɔwo] de ta agu le to sia [Gerizim-to si nɔ afi ma] dzi, ke miawo [Yudatɔwo] ya miebe Yerusalem ye nye teƒe si wòle be amewo nade ta agu le.”—Yohanes 4:19, 20.

Gake Yesu ɖe eme be menye tadeaguƒe lae nye nu vevitɔ o. Egblɔ be: “Gaƒoƒo la gbɔna, esime menye to sia dzi alo Yerusalem ye miade ta agu na Fofo la le o.” Eyome egblɔ kpee be: “Gaƒoƒo la gbɔna, eye wòde azɔ, esime nyateƒetadeagulawo ade ta agu na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena le nyateƒe me la, ame siawo tɔgbi dimee Fofo la le be woade ta agu na ye.”—Yohanes 4:21, 23, 24.

Le Fofo la gbɔ la, menye afi si nyateƒetadeagulawo subɔna le ye le vevie o, ke boŋ ale si wosubɔna ye. Esia wɔ dɔ ɖe nyɔnua dzi ŋutɔ. Egblɔ be: “Menyae be Mesia, si woyɔna be Kristo la gbɔna. Ne eva ɖo la, agblɔ nu sia nu na mí kɔtɛ.”—Yohanes 4:25.

Azɔ Yesu he nyateƒenya vevi aɖe ɖe go esi wògblɔ be: “Nye ame si le nu ƒom na wò la, nyee.” (Yohanes 4:26) Bu eŋu kpɔ! Ðeko nyɔnu sia do go ŋdɔ ma be yeaɖadu tsi. Ke Yesu ve enu etɔxɛe. Egblɔ nu si edze ƒãa be meɖe gblɔ na ame aɖeke kã haɖe o la nɛ, be yee nye Mesia la.

SAMARIATƆ GEÐE XƆ EDZI SE

Yesu ƒe nusrɔ̃laawo trɔ gbɔ tso Sixar kple nuɖuɖua. Wokpɔ Yesu le Yakob ƒe vudoa to le afi si wodzo le egbɔ le, gake fifia ele dze ɖom kple Samaria-nyɔnu aɖe. Esi eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo la, nyɔnua hã gblẽ eƒe tɔmedezea ɖi heɖo ta dua me.

Esi nyɔnua va ɖo Sixar la, eto nya siwo Yesu gblɔ nɛ la na dua me tɔwo. Egblɔ na wo kple kakaɖedzi be: “Miva kpɔ ame aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa.” Ðewohĩ esi wòdi be yeanyɔ woƒe ɖetsɔleme ta la, ebia wo be: “Ðe manye ame siae nye Kristo la oa?” (Yohanes 4:29) Nya vevi aɖe si me ame geɖe tsɔ ɖe le tso keke Mose ƒe ŋkekea me la ŋue nye ema nyɔnua bia nya tsoe. (5 Mose 18:18) Esia ʋã dua me nɔlawo wodo go be yewo ŋutɔwo yewoava kpɔ Yesu ɖa.

Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃laawo va nɔ eƒom ɖe Yesu nu be wòaɖu nu si yewotsɔ tso dua me vɛ. Gake eɖo eŋu be: “Nuɖuɖu le asinye maɖu, si miawo mienya o.” Ewɔ nuku na nusrɔ̃laawo wobia wo nɔewo be: “Alo ɖe ame aɖe tsɔ nane vɛ nɛ wòɖua?” Yesu ɖo eŋu na wo nyuie esi wògblɔ nya aɖe si me nufiame le na eyomedzelawo katã be: “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòde asi nam la nu.”—Yohanes 4:32-34.

Dɔ si Yesu wɔnɛ le afi sia la meku ɖe nukuwo ŋeŋe si adze egɔme ɣleti ene aɖewo megbe la ŋu o. Yesu ɖee fia be gbɔgbɔmenuŋeŋe ŋue yele nu ƒom tsoe esi wògblɔ kpee be: “Mifɔ mo dzi ne miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu na ŋeŋe. Fifia gɔ̃ hã la, nuŋela le fetu xɔm, eye wòle kutsetse nu ƒom ƒu hena agbe mavɔ, ale be nuƒãla kple nuŋela siaa nakpɔ dzidzɔ ɖekae.”—Yohanes 4:35, 36.

Anye be Yesu kpɔ dɔ gã si eƒe dzeɖoɖo kple Samaria-nyɔnua wɔ ɖe amewo dzi la xoxo. Sixartɔ geɖe le edzi xɔm le sesem le nyɔnua ƒe ɖaseɖiɖi ta, elabena ele gbɔgblɔm na dua me tɔwo be: “Egblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam.” (Yohanes 4:39) Eya ta esi amewo tso Sixar dua me va egbɔ le vudoa to la, wobia tso Yesu si be wòatsi yewo gbɔ ahagblɔ nya bubuwo akpee na yewo. Yesu lɔ̃ ɖe woƒe biabia la dzi eye wòtsi Samaria ŋkeke eve.

Esi Samariatɔwo nɔ Yesu ƒe nyawo sem la, ame geɖe gaxɔ edzi se. Wogblɔ na nyɔnua be: “Meganye wò nyawo tae míexɔe se ɖo o; elabena míawo ŋutɔwo míesee, eye míenyae be ame siae nye xexea ɖela vavã.” (Yohanes 4:42) Edze kɔtɛ be Samaria-nyɔnua ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le ale si míate ŋu aɖi ɖase tso Kristo ŋui me, si nye be míanyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ale be míaƒe nyaselawo nadi be yewoase nya geɖe akpee.

Ðo ŋku edzi be esusɔ ɣleti ene hafi nuŋeŋea nadze egɔme—edze ƒãa be luŋeɣie, eye le nuto sia me la, adamee nyea nuŋeɣia. Eya ta anye November alo December mee wonɔ ɣemaɣi. Esia fia be le ƒe 30 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ Yudea abe ɣleti enyi ene eye wonɔ nu fiam henɔ amewo nyrɔm. Fifia woɖo ta dziehe yina wo de Galilea. Nu kae le wo lalam le afi ma?