Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 20

Eƒe Nukunu Evelia Esime Wòle Kana

Eƒe Nukunu Evelia Esime Wòle Kana

MARKO 1:14, 15 LUKA 4:14, 15 YOHANES 4:43-54

  • YESU LE GBEƑÃ ÐEM BE “MAWU FIAÐUƑE LA GOGO”

  • EDA GBE LE ŊUTSUVI AÐE SI LE DIDIƑE LA ŊU

Esi Yesu nɔ Samaria ŋkeke eve aɖewo megbe la, eyi wo de nutowo me. Ewɔ gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe le Yudea, gake menye ɖe wòle tɔtrɔm yina Galilea be yeagbɔ ɖe eme o. Ke boŋ edze subɔsubɔdɔ si lolo wu kura la gɔme le nuto sia si me wòtsi le la me. Anye be menɔ mɔ kpɔm be woaxɔ ye nyuie le afi ma o, elabena abe ale si Yesu gblɔe ene la, “womedea bubu nyagblɔɖila aɖeke ŋu le wo de o.” (Yohanes 4:44) Le esi teƒe be eƒe nusrɔ̃lawo nanɔ eŋu la, wotrɔ yi woƒe aƒewo me le woƒe ƒomeawo kple woƒe dɔwɔɖui siwo wogblẽ ɖi la gbɔ.

Gbedeasi kae Yesu te gbeƒãɖeɖee? Eyae nye be: “Mawu Fiaɖuƒe la gogo. Mitrɔ dzi me, eye mixɔ nya nyui la dzi se.” (Marko 1:15) Aleke amewo wɔ nui? Le nyateƒe me la, Galileatɔ geɖe xɔ Yesu nyuie eye wode bubu eŋu. Menye eƒe gbedeasia ta koe o. Galileatɔ aɖewo va Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe le Yerusalem ɣleti aɖewoe nye ema va yi eye wokpɔ nukunu siwo Yesu wɔ.—Yohanes 2:23.

Afi kae Yesu dze subɔsubɔdɔ gã si wòwɔ le Galilea la gɔme tsoe? Anɔ eme be Kana, afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le le srɔ̃ɖeŋkekenyui aɖe ɖuƒe va yi lae. Le eƒe vava evelia sia me la, Yesu se nu tso ɖevi aɖe si dze dɔ vevie ɖo kudo nu la ŋu. Fia Herodes Antipa ŋu me aɖe ƒe vie, eye fia siae na wotso ta le Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa nu emegbe. Fiaŋume sia se be Yesu tso Yudea va Kana. Eya ta ŋutsua zɔ mɔ tso eƒe me le Kapernaum va Yesu di ge le Kana. Ŋutsu sia si lé blanui la ɖe kuku na Yesu vevie be: “Aƒetɔ, va, hafi vinye la naku!”—Yohanes 4:49.

Nya si Yesu gblɔ tsɔ ɖo eŋu na ŋutsua anya wɔ moyaa nɛ ŋutɔ. Egblɔ be: “Heyi, viwò la le agbe.” (Yohanes 4:50) Herodes ŋu me la xɔ Yesu dzi se eye wòtrɔ ɖo ta aƒe. Esi wòyina la, edo go eƒe kluvi siwo le du dzi be yewoava gblɔ nya nyui aɖe nɛ. Ɛ̃, wogblɔ nɛ be via le agbe eye wòle lãmesẽ me! Esi wòdi be yeakpɔ kpeɖodzi le nu si na ɖevia haya ŋu la, ebia wo be: ‘Gaƒoƒo ka mee wòhaya?’

Woɖo eŋu be: “Asrã la dzo le edzi etsɔ le gaƒoƒo adrelia dzi.”—Yohanes 4:52.

Fiaŋume la kpɔe be ɣemaɣi tututue Yesu gblɔ be, “Viwò la le agbe.” Le ema megbe la, ŋutsu kesinɔtɔ sia si si kluviwo le la kple eƒemetɔwo katã va zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo.

Eya ta Kana nye afi si Yesu wɔ nukunuwo le zi eve. Etrɔ tsi wòzu wain eye emegbe eda gbe le ŋutsuvi si le didiƒe tso egbɔ anɔ kilometa 26 la ŋu. Menye nukunu siawo koe wòwɔ ya o. Gake nukunu sia wɔ akpa vevi aɖe, elabena ena eƒe tɔtrɔ gbɔ va Galilea ɖe dzesi. Edze ƒãa be enye nyagblɔɖila si tso Mawu gbɔ, gake bubu kae ‘woade nyagblɔɖila sia ŋu le wo de’?

Esia adze kɔtɛ ne Yesu va ɖo wo de Nazaret. Nu kae le elalam le afi ma?