Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 21

Eyi Ƒuƒoƒea Le Nazaret

Eyi Ƒuƒoƒea Le Nazaret

LUKA 4:16-31

  • YESU XLẼ YESAYA ƑE AGBALẼ XATSAXATSAA

  • NAZARETETƆWO TE KPƆ BE YEWOAWU YESU

Ðikeke mele eme o be dzidzɔ gã aɖe nɔ Nazaret. Ƒe ɖeka kple nu vi aɖe do ŋgɔ hafi Yesu nadzo ayi be Yohanes nanyrɔ ye ɖe tsi me la, atikpalae wònye le afi sia. Gake fifia wonyae be enye ame si wɔa nukunuwo. Dua me tɔwo di vevie be yewoakpɔe wòawɔ nukudɔ siawo ƒe ɖewo le yewo dome.

Woƒe didi la nu sẽ ɖe edzi esi Yesu yi ƒuƒoƒe si le afi ma, abe ale si wòlɔ̃a wɔwɔ ene. Nu siwo wowɔna le afi ma la dometɔ aɖewoe nye be wodoa gbe ɖa hexlẽa Mose ƒe agbalẽawo, abe ale si wowɔnɛ “le ƒuƒoƒewo le sabat sia sabat dzi” ene. (Dɔwɔwɔwo 15:21) Woxlẽa nyagblɔɖigbalẽawo ƒe akpa aɖewo hã. Esi Yesu tsi tre be yeaxlẽ nu la, anɔ eme be ekpɔ ƒuƒoƒea me tɔwo dometɔ geɖe dze sii, le esi eya ŋutɔ de ƒuƒoƒe sia ƒe geɖe va yi ta. Wotsɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xatsaxatsa la nɛ. Eʋu afi si woƒo nu tso Ame si wotsɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ si ami na la ŋu le, si míakpɔ le Yesaya 61:1, 2 egbea.

Yesu xlẽ nu tso ale si Ame sia si ŋu nya wogblɔ ɖi la aɖe gbeƒã ablɔɖe na ame siwo woɖe aboyoe, kple nukpɔkpɔ na ŋkuagbãtɔwo, kpakple Yehowa ƒe amenuveƒe la ŋu. Yesu gbugbɔ agbalẽxatsaxatsa la na subɔvia eye wòbɔbɔ nɔ anyi. Ame sia ame fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii. Eyome eƒo nu, ɖewohĩ eƒo nu wòdidi vie hafi gblɔ nya ɖedzesi sia be: “Ŋɔŋlɔ sia si miese fifi laa la va eme egbea.”—Luka 4:21.

“Nya vivi siwo le dodom le eƒe nu me” la wɔ moyaa na ameawo, eye wobia wo nɔewo be: “Menye Yosef ƒe vi lae nye esia oa?” Gake esi Yesu kpɔe be wodi be yewoakpɔ ye yeawɔ nukudɔwo abe esiwo ŋu wose nu tsoe ene ta la, eyi edzi gblɔ be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be miagblɔ nya sia ɖe ŋunye be, ‘Gbedala, da gbe le ɖokuiwò ŋu. Nu siwo míese be wodzɔ le Kapernaum la, wɔ wo le mia de afi sia hã.’” (Luka 4:22, 23) Anɔ eme be ame siwo Yesu nɔ teƒe ɖeka kplii tsã la se le wo ɖokui me be ele be gbedada la nadze egɔme tso aƒe, ale be wòaɖe vi na eya ŋutɔ detɔwo gbã. Eya ta woanya se le wo ɖokui me be Yesu mede bubu yewo ŋu o.

Esi Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me ta la, egblɔ Israel ƒe ŋutinya me nudzɔdzɔ aɖewo na wo. Egblɔ be ahosi geɖe nɔ Israel le Eliya ŋɔli, gake womeɖo Eliya ɖe wo dometɔ aɖeke gbɔ o. Ke boŋ ahosi si menye Israel-vi o, si tso Zarefat, si nye du aɖe si te ɖe Sidon ŋu la gbɔe woɖo Eliya ɖo, eye wòyi ɖawɔ agbeɖeɖenukudɔ le afi ma. (1 Fiawo 17:8-16) Eye le Elisa ƒe ŋkekeawo me hã la, kpodɔléla geɖe nɔ Israel, gake Naaman si tso Siria ŋu koe nyagblɔɖila la da dɔ le.—2 Fiawo 5:1, 8-14.

 

Aleke Yesu detɔ siawo wɔ nui esi wose ŋutinya me kpɔɖeŋu mawo siwo mede wo dzi o siwo ɖe woƒe ɖokuitɔdidi kple xɔsemanɔamesi fia? Dɔme ve ƒuƒoƒea me tɔwo, eye wotsi tre hetutu Yesu do goe le dua me. Wokplɔe yi to si dzi wotso Nazaret dua ɖo la ƒe abunu be yewoatu asii aƒu abua me. Gake Yesu si dzo le wo gbɔ dedie eye womete ŋu lée o. Azɔ Yesu ɖo ta Kapernaum, si nye du si le Galilea-ƒua to le dzieheɣetoɖoƒe gome.