Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 24

Yesu Dzi Eƒe Subɔsubɔdɔa Ðe Edzi Le Galilea

Yesu Dzi Eƒe Subɔsubɔdɔa Ðe Edzi Le Galilea

MATEO 4:23-25 MARKO 1:35-39 LUKA 4:42, 43

  • YESU KPLE EƑE NUSRƆ̃LA ENE TSA LE GALILEA NUTOA ME

  • AME GEÐE SE NU TSO EƑE GBEƑÃÐEÐE KPLE NUKUDƆWO ŊU

Vovo menɔ Yesu ŋu gbe si gbe eya kple eƒe nusrɔ̃la eneawo nɔ Kapernaum kura o. Le fiẽ me la, ame siwo le Kapernaum kplɔ woƒe dɔnɔwo vɛ nɛ be wòada gbe le wo ŋu. Amewo nɔ Yesu ŋu ale gbegbe be mekpɔ vovo o.

Le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe fɔŋli, esi xexea me mekɔ haɖe o la, Yesu fɔ eye eya ɖeɖe do go le aƒea me. Eyi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o, si wòate ŋu ado gbe ɖa na Fofoa le. Gake ɣeyiɣi si Yesu ɖeɖe nɔ afi sia la nɔ kpuie ko. Esi “Simon kple ame siwo kpe ɖe eŋu” la kpɔe be Yesu meli o la, woyi ɖadii. Anye be Petro ye xɔ ŋgɔ le edidi me, elabena eƒe mee Yesu dze.—Marko 1:36; Luka 4:38.

Esi wokpɔ Yesu la, Petro gblɔ be: “Ame sia ame le diwòm.” (Marko 1:37) Mewɔ nuku be Kapernaumtɔwo di be Yesu nanɔ yewo gbɔ o. Wokpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo wòwɔ la ŋu ŋutɔ, eya ta wodi be “yewoasikae ɖi be wòagadzo le yewo gbɔ o.” (Luka 4:42) Gake nukugbedada mawo ta koŋ ye Yesu va anyigba dzi ɖoa? Eye nuto sia me koe wòle be wòawɔ eƒe subɔsubɔdɔa lea? Aleke wòɖo nya ŋu na woe?

Yesu ɖo eŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina míayi teƒe bubu le du siwo gogo afi sia me, ne maɖe gbeƒã le afi mawo hã, elabena esia tae meva ɖo.” Yesu gblɔ na ame siwo di be wòatsi yewo gbɔ la be: “Ele nam be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.”—Marko 1:38; Luka 4:43.

Ɛ̃, susu vevi aɖe si tae Yesu va anyigba dzi ɖoe nye be wòaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea. Fiaɖuƒe ma akɔ Fofoa ƒe ŋkɔ ŋu eye wòakpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ tegbee. Yesu da dɔ na amewo nukutɔe tsɔ ɖee fia be Mawue dɔ ye ɖa. Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, Mose hã wɔ nukunuwo tsɔ ɖo kpe edzi be Mawue dɔ ye.—2 Mose 4:1-9, 30, 31.

Eya ta Yesu dzo le Kapernaum be yeayi aɖaɖe gbeƒã le du bubuwo me, eye eƒe nusrɔ̃la eneawo hã yi kplii. Ame ene siawoe nye Petro kple nɔvia Andrea, kpakple Yohanes kple nɔvia Yakobo. Le kwasiɖa si va yi me la, Yesu kpe wo be woanye yeƒe hadɔwɔla siwo anɔ mɔ zɔm kpli ye la dometɔ gbãtɔwo.

Gbeƒãɖeɖedɔ si Yesu wɔ le Galilea kple eƒe nusrɔ̃la ene siawo la kpɔ dzidzedze ŋutɔ! Le nyateƒe me la, amewo se Yesu ŋkɔ le kpuiƒe kple didiƒewo siaa. “Yesu ŋu nya kaka de Siria nutoa katã me” kple du ewo ƒe nuto si woyɔna be Dekapoli kpakple Yordan-tɔsisia ƒe go kemɛ dzi. (Mateo 4:24, 25) Ameha gbogbo aɖewo tso teƒe mawo kple Yudea nutoawo me dze Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yome. Ame geɖe kplɔ dɔnɔwo vɛ nɛ be wòada gbe le wo ŋu. Yesu wɔ nu si dim wole la na wo—eda gbe le wo ŋu, eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me.