Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 27

Yesu Yɔ Mateo

Yesu Yɔ Mateo

MATEO 9:9-13 MARKO 2:13-17 LUKA 5:27-32

  • YESU YƆ ADZƆXƆLA MATEO

  • KRISTO DE HA KPLE NU VƆ̃ WƆLAWO BE YEAKPE ÐE WO ŊU

Esi Yesu da gbe le lãmetututɔa ŋu vɔ megbe la, ekpɔtɔ nɔ Kapernaum nutoa me le Galilea-ƒua gbɔ ɣeyiɣi kpui aɖe. Amehawo gava egbɔ ake, eye wòfia nu wo. Esi wòzɔ yina la, ekpɔ Mateo si wogayɔna be Lewi la wònɔ adzɔxɔƒe. Yesu tsɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe ɖo eŋkume esi wògblɔ nɛ be: “Dze yonyeme!”—Mateo 9:9.

Anɔ eme be Mateo nya nu tso Yesu ƒe nufiafiawo kple dɔ siwo wòwɔ le nutoa me la ŋu xoxo, abe ale si wònɔ le Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes hã gome ene. Abe woawo ene la, Mateo hã wɔ ɖe amekpekpea dzi enumake. Mateo ƒo nu tso esia ŋu le eƒe Nyanyuigbalẽa me ale: ‘Enumake Mateo tso dze Yesu yome.’ (Mateo 9:9) Ale Mateo ɖe asi le adzɔxɔxɔdɔa ŋu eye wòva zu Yesu yomedzela.

Emegbe, ɖewohĩ esi Mateo di be yeaɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe amekpekpe tɔxɛ sia ŋu ta la, eɖo kplɔ̃ gã aɖe ɖe eƒe me. Ame kawo hãe wòkpe tsɔ kpe ɖe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ŋu? Adzɔxɔla geɖe siwo nye Mateo ƒe hadɔwɔlawo tsã hã va. Woxɔa adzɔ na Roma-dziɖuɖu si Yudatɔwo lé fui la. Adzɔ sia ƒe ɖewoe nye esiwo woxɔna ɖe meli siwo vaa melidzeƒea ta, esiwo woxɔna le asitsala siwo zɔa mɔ gãwo dzi la si kple esiwo woxɔna ɖe adzɔnu siwo tso duta la ta. Aleke Yudatɔ akpa gãtɔ bua adzɔxɔla mawoe? Wodoa vlo wo, elabena zi geɖe la, wotafaa amewo xɔa ga geɖe le wo si wu adzɔga la ŋutɔŋutɔ. “Nu vɔ̃ wɔla” geɖe, siwo nye ame siwo wonya ɖe woƒe nu gbegblẽ wɔwɔ ta hã va kplɔ̃ɖoƒea.—Luka 7:37-39.

Farisitɔ siwo bua wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewoe hã nɔ afi ma, eye esi wokpɔ Yesu le kplɔ̃ɖoƒea kple ame mawo la, wobia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nu ka tae miaƒe nufiala ɖua nu kple adzɔxɔlawo kpakple nu vɔ̃ wɔlawo?” (Mateo 9:11) Esi Yesu se Farisitɔwo ƒe nyabiabia la, eɖo eŋu na wo be: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe hiãe. Eya ta miyi ɖasrɔ̃ nu si nya sia fia: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o.’ Elabena menye ame dzɔdzɔewo yɔ gee meva o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawoe.” (Mateo 9:12, 13; Hosea 6:6) Farisitɔwo yɔa Yesu be “nufiala,” evɔ esia metso dzi me na wo o. Ke hã nu nyuiwo li woate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ.

Anɔ eme be Mateo yɔ adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo va eƒe me be woase Yesu ƒe nyawo eye woakpɔ gbɔgbɔmedɔyɔyɔ, “elabena wo dometɔ geɖe dze eyome.” (Marko 2:15) Yesu di be yeakpe ɖe wo ŋu ƒomedodo nyui nanɔ wo kple Mawu dome. Yesu medoa vlo ame mawo abe ale si Farisitɔ siwo bua wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewoe la wɔnɛ ene o. Eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu eye woƒe nu wɔ nublanui nɛ, eya ta ate ŋu anye gbɔgbɔmegbedala na ame siwo katã dze dɔ le gbɔgbɔ me.

Yesu kpɔ nublanui na adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, menye kple susu be yeade nu gbegblẽ wɔwɔ dzi na wo o, ke boŋ be yeawɔ nu ɖe wo ŋu le dɔmetɔtrɔ me, abe ale si ko wòwɔ nu ɖe ame siwo dze dɔ le ŋutilã me la ŋui ene. Le kpɔɖeŋu me, ɖo ŋku ɣeyiɣi si wòka asi anyidɔlélaa ŋu nublanuikpɔkpɔtɔe hegblɔ be: “Melɔ̃! Ŋutiwò nekɔ” la dzi. (Mateo 8:3) Ðe manyo be míawo hã míakpɔ nublanui na amewo nenema ke ahakpe ɖe wo ŋu, vevietɔ le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me oa?