Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 30

Ƒomedodo Si Le Yesu Kple Fofoa Dome

Ƒomedodo Si Le Yesu Kple Fofoa Dome

YOHANES 5:17-47

  • MAWU NYE YESU FOFO

  • YESU DO TSITRETSITSI ƑE ŊUGBE

Esi Yudatɔ aɖewo bu fɔ Yesu be eda le Sabat la dzi le esi wòda gbe le ŋutsu aɖe ŋu ta la, Yesu ɖo eŋu na wo be: “Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifi, eye nye hã mele dɔ wɔm.”—Yohanes 5:17.

Le nyateƒe me la, nu si wɔm Yesu le la menye dada le Mawu ƒe se si ku ɖe Sabat ŋu la dzi o. Eƒe gbeƒãɖeɖe kple gbedada le ame ŋu la nye dɔ nyui siwo wɔm Mawu le la sɔsrɔ̃. Eya ta Yesu wɔa nyui gbe sia gbe. Ale si Yesu ɖo nya ŋu na enutsolawo la na dzi gaku wo ɖe edzi, eye wodi be yewoawui. Nu ka tae?

Tsɔ kpe ɖe ale si wobui vodadatɔe be Yesu ƒe gbedada le ame ŋu nye Sabat la dzi dada ŋu la, ale si wògblɔ be Mawu ƒe Vie yenye la hã ku dzi na wo vevie. Wobui be enye busunyagbɔgblɔ be Yesu nagblɔ be Mawu nye ye Fofo, abe ɖe nya si wògblɔ be Yehowa nye ye Fofo la le fiafiam be eya kple Mawu wosɔ ene. Gake esia metso dzika ƒo na Yesu o, eyi edzi ɖo nya ŋu na wo hegblɔ ƒomedodo tɔxɛ si le eya kple Mawu dome la na wo. Egblɔ be: “Fofo la lɔ̃a Vi la, eye wòfiaa nu siwo katã eya ŋutɔ wɔna lae.”—Yohanes 5:20.

Fofo lae nye Agbenala la, eye eɖe esia fia le ɣeyiɣi siwo va yi me esi wòna ŋusẽ ame aɖewo wofɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Yesu yi edzi be: “Ale si ko Fofo la fɔa ame kukuwo hegbɔa agbe wo la, nenema kee Vi la hã gbɔa agbe ame siwo wòdi.” (Yohanes 5:21) Nya nyui si naa mɔkpɔkpɔ ame kae nye esi! Fifia gɔ̃ hã la, Vi la le ame kukuwo fɔm ɖe tsitre xoxo le gbɔgbɔmegɔmesese nu. Eya ta Yesu gblɔ be: “Ame si sea nye nya, eye wòxɔa Ame si dɔm ɖa la dzi sena la, agbe mavɔ le esi, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, ke boŋ eto ku me yi agbe me.”—Yohanes 5:24.

Va de asi na ɣemaɣi la, nuŋlɔɖi aɖeke meli be Yesu fɔ ame kuku aɖe ɖe tsitre ŋutɔŋutɔ haɖe o, gake egblɔ na ame siwo nɔ fɔ bumee la be woava fɔ amewo ɖe tsitre ŋutɔŋutɔ. Egblɔ be: “Gaƒoƒo la gbɔna, esime ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.”—Yohanes 5:28, 29.

Togbɔ be Yesu ƒe wɔƒe le vevie ŋutɔ hã la, ena eme kɔ be yebɔbɔ ɖe Mawu te, esi wògblɔ be: “Nyemate ŋu awɔ naneke le ɖokuinye si o; . . . nyemewɔa nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nue mewɔna.” (Yohanes 5:30) Yesu meƒo nu tso ɖoƒe vevi si wòle le Mawu ƒe tameɖoɖo me la ŋu alea kpɔ le gaglãgbe o. Gake menye nya si Yesu gblɔ le nu siawo ŋu la koe nye ɖaseɖiɖi si le ame siwo le fɔ bumee la si o. Yesu ɖo ŋku edzi na wo be: “Miedɔ amewo ɖo ɖe Yohanes [Amenyrɔɖetsimelaa] gbɔ, eye wòɖi ɖase le nyateƒenya la ŋu na mi.”—Yohanes 5:33.

Anɔ eme be Yesu nu tsolawo see be abe ƒe eve ene do ŋgɔ la, Yohanes gblɔ Ame si le emegbe gbɔna la ŋu nya na Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo. Woyɔ Ame sia be “Nyagblɔɖila la” kple “Kristo la.” (Yohanes 1:20-25) Esi Yesu nɔ enutsolawo ƒe susu hem yi ale si wode bubu gã Yohanes si wode game fifia la ŋu va yi dzi la, egblɔ be: “Miedi be yewoakpɔ dzidzɔ gã aɖe le eƒe kekeli la me ɣeyiɣi kpui aɖe.” (Yohanes 5:35) Gake ɖase si ɖim Yesu le ya lolo wu Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa gɔ̃ hã tɔ.

Dɔ “siwo wɔm mele [siwo dome dɔ si wòda fifi laa hã le] la, woawoe le ɖase ɖim le ŋunye be Fofo lae dɔm ɖa.” Yesu gagblɔ kpee be: “Fofo si dɔm ɖa la ŋutɔ ɖi ɖase le ŋunye.” (Yohanes 5:36, 37) Esia ƒe kpɔɖeŋue nye ɖase si Mawu ɖi tso Yesu ŋu le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi.—Mateo 3:17.

Le nyateƒe me la, taflatsɛdodo aɖeke mele ame siwo le fɔ bum Yesu la si be eya tae yewogbee ɖo o. Ŋɔŋlɔ siwo me wogblɔna be yewodzrona la tututue ɖi ɖase le eŋu. Yesu ƒo nya ta be: “Ðe miexɔ Mose dzi se la, anye ne miexɔ dzinye se, elabena eŋlɔ nu tso ŋunye. Ke ne miexɔ nu siwo wòŋlɔ ɖi la dzi se o ɖe, aleke miawɔ axɔ nye nyawo dzi ase?”—Yohanes 5:46, 47.