Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 36

Asrafomegã Aɖe Ðe Xɔse Sẽŋu Fia

Asrafomegã Aɖe Ðe Xɔse Sẽŋu Fia

MATEO 8:5-13 LUKA 7:1-10

  • WODA GBE LE ASRAFOMEGÃ AÐE ƑE KLUVI ŊU

  • WOAYRA AME SIWO SI XƆSE LE

Esi Yesu gblɔ eƒe Todzimawunyaa vɔ la, eyi Kapernaum dua me. Yudatɔwo ƒe amegã aɖewo va egbɔ le afi sia. Ŋutsu aɖe si nye dukɔ bubu me tɔ eye wònye Roma asrafomegã lae dɔ wo.

Asrafomegã la ƒe dɔla lɔlɔ̃a dze dɔ vevie heɖo kudo nu. Togbɔ be menye Yudatɔe asrafomegã la nye o hã la, edi be Yesu nakpe ɖe ye ŋu. Yudatɔawo gblɔ na Yesu be ŋutsua ƒe dɔla la “le aƒe me le lãmetutudɔ lém, eye wòle fu kpem vevie,” ɖewohĩ enɔ veve sem vevie hã. (Mateo 8:6) Yudatɔwo ƒe amegãwo ka ɖe edzi na Yesu be asrafomegã la dze na kpekpeɖeŋu ma esi wogblɔ be: “Elɔ̃ míaƒe dukɔa, eye eyae tu míaƒe ƒuƒoƒea.”—Luka 7:4, 5.

Enumake Yesu kple amegãawo dze mɔ ɖo ta asrafomegã la ƒe me. Esi wogogo afi ma la, asrafomegã la dɔ exɔlɔ̃wo ɖa be woagblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, mègaxa ɖe fu na ɖokuiwò o, elabena nyemedze be nàva aƒenye me o. Esia tae nyemebu ɖokuinye be medze ava gbɔwò o.” (Luka 7:6, 7) Ðokuibɔbɔnya kae nye esi ame si gbeɖeɖe na ame bubuwo ma la gblɔ! Egaɖee fia hã be ŋutsu sia to vovo na Romatɔ siwo wɔa ŋlɔmi le woƒe kluviwo ŋu.—Mateo 8:9.

Ðikeke mele eme o be asrafomegã la nyae be Yudatɔwo medea ha kple ame siwo menye Yudatɔwo o. (Dɔwɔwɔwo 10:28) Ðewohĩ esi esia le susu me na asrafomegã la tae wòna exɔlɔ̃wo gblɔ na Yesu be: “Ðe gbe ko, eye nye subɔvi la ƒe lãme asẽ.”—Luka 7:7.

Esi Yesu se esia la, ewɔ nuku nɛ eye wògblɔ be: “Mele egblɔm na mi be, nyemekpɔ xɔse gã sia tɔgbi le Israel gɔ̃ hã kpɔ o.” (Luka 7:9) Esi asrafomegã la xɔlɔ̃wo trɔ yi aƒea me la, wokpɔe be kluvi si dze dɔ vevie hafi la ƒe lãme sẽ azɔ.

Esi Yesu da gbe le amea ŋu vɔ ko la, ewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ ɖo kpe edzi be woayra ame siwo menye Yudatɔwo o siwo si xɔse le la hã esi wògblɔ be: “Ame geɖewo atso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, eye woanɔ kplɔ̃ ŋu kple Abraham kple Isak kpakple Yakob le Dziƒofiaɖuƒe la me.” Ke nu kae adzɔ ɖe Yudatɔ siwo si xɔse mele o ya dzi? Yesu gblɔ be ‘woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti me le xexe. Afi mae woafa avi ahaɖu aɖukli le.’—Mateo 8:11, 12.

Esia fia be woagbe dzɔdzɔme Yudatɔ siwo mexɔ mɔnukpɔkpɔ si wona wo gbã be woanyi Fiaɖuƒe la ƒe dome akpe ɖe Kristo ŋu o la. Gake woaxɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be woanɔ kplɔ̃ ŋu kplii “le Dziƒofiaɖuƒe la me.”