Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 39

Yesu Do Baba Na Dzidzime Sẽdzime Aɖe

Yesu Do Baba Na Dzidzime Sẽdzime Aɖe

MATEO 11:16-30 LUKA 7:31-35

  • YESU HE NYA ÐE DU AÐEWO ŊU

  • EGBLƆ BE YEANA GBƆDZƆE KPLE AKƆFAFA

Yesu dea bubu Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa ŋu ŋutɔ, gake aleke ame akpa gãtɔ bua Yohanes? Yesu gblɔ be: “Dzidzime sia [ɖi] ɖevi siwo bɔbɔ nɔ ablɔ me, eye wodo ɣli gblɔ na wo nɔewo be: ‘Míeku dze na mi, ke mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha, ke miefa avi heƒo akɔta o.’”—Mateo 11:16, 17.

Yesu ƒe nya siawo gɔme ɖe? Eɖe nyaa me be: “Yohanes va, meɖua nu o, menoa nu o, eye amewo gblɔ be, ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.’ Amegbetɔvi la va, eɖua nu noa nu, ke amewo gblɔ be, ‘Kpɔ ɖa! Nu tsu ɖula kple wain tsu nola, adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo xɔlɔ̃.’” (Mateo 11:18, 19) Yohanes nɔ agbe tsɛ abe Naziritɔ ene, menoa wain gɔ̃ hã o, eye dzidzime sia gblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. (4 Mose 6:2, 3; Luka 1:15) Yesu ya nɔ agbe abe ame bubu ɖe sia ɖe ene. Eɖua nu noa nu le mɔ si sɔ nu, gake amewo bu fɔe be enye aha tsu nola kple nu tsu ɖula. Edze abe manya wɔ be woadze ameawo ŋu o ene.

Yesu tsɔ dzidzime ma sɔ kple ɖevi siwo le ablɔ me, siwo gbe be yewomaɖu ɣe esime ɖevi bubuwo ku dze, alo afa avi esime wodzi konyifaha na wo o. Eya ta egblɔ be: “Nunya ƒe dɔwɔwɔwo tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.” (Mateo 11:16, 19) Ɛ̃, ‘dɔwɔwɔawo,’ siwo nye kpeɖodzi siwo Yohanes kple Yesu na la ɖee fia be nya si wotsɔ ɖe wo ŋu la nye aʋatso.

Esi Yesu gblɔ be dzidzime ma sẽ dzi me vɔ la, eyɔ du siwo nye Korazin, Betsaida kple Kapernaum siwo me wòwɔ nukudɔwo le la, eye wòhe nya ɖe wo ŋu. Yesu gblɔ be ne ɖe yewɔ dɔ mawo le Foiniketɔwo ƒe du siwo nye Tiro kple Sidon me la, anye ne du mawo me tɔwo trɔ dzi me. Eyɔ Kapernaum, si nye du si me wònɔ hewɔ dɔ geɖe le la hã. Le afi ma gɔ̃ hã la, ame geɖe mexɔ edzi se o. Yesu gblɔ tso du ma ŋu be: “Anɔ bɔbɔe na Sodom-nyigba le Ʋɔnudrɔ̃gbe la wu wò.”—Mateo 11:24.

Azɔ Yesu kafu Fofoa, ame si ɣlaa gbɔgbɔmenyateƒe xɔasiwo ɖe “nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo,” gake wòɖea nu siawo fiaa ame tsɛwo, siwo le abe ɖeviwo ene la. (Mateo 11:25) Egblɔ akɔfanamenya sia tsɔ kpe wo be: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana gbɔdzɔe mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo. Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”—Mateo 11:28-30.

Aleke Yesu naa gbɔdzɔe mae? Subɔsubɔhakplɔlawo tsɔ kɔnyinyi siwo wɔa ame kluvii, abe Sabat ƒe nudidi siwo le kpaɖii ene la do agba na amewo. Gake Yesu ya na gbɔdzɔe wo esi wòfia Mawu ŋuti nyateƒea si me kɔnyinyi mawo mele o la wo. Efia mɔ si dzi woato akpɔ gbɔdzɔe la hã ame siwo dunyahedziɖuɖuwo te ɖe to, kpakple ame siwo nu vɔ̃ zu agba kpekpe na la. Ɛ̃, Yesu fia wo nu si woawɔ be woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo kple ale si woanɔ ŋutifafa me kple Mawu.

Ame siwo katã lɔ̃ be yewoanɔ Yesu ƒe kɔkuti si le wodzoea te la ate ŋu atsɔ wo ɖokuiwo aɖe adzɔgbe na Mawu ahasubɔ mía Fofo si le dziƒo si sea veve ɖe ame nu eye wòkpɔa nublanui na ame la. Esia medaa agba kpekpe ɖe ame dzi o, elabena Mawu ƒe nudidiwo menye agba kura o.—1 Yohanes 5:3.