Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 42

Yesu Ka Mo Na Farisitɔwo

Yesu Ka Mo Na Farisitɔwo

MATEO 12:33-50 MARKO 3:31-35 LUKA 8:19-21

  • YESU ƑO NU TSO “YONA ƑE DZESI” ŊU

  • YESU KPLE EƑE NUSRƆ̃LAWO LE KPLIKPLIKPLI WU ƑOMETƆWO

Nya si Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gblɔ be menye Mawu ƒe ŋusẽ dzie Yesu to nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe o la ate ŋu afia be wole busunya gblɔm ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu. Ekema ame ka ƒe akpa dzie woanɔ—Mawu loo alo Satana? Yesu gblɔ be: “Mido ati nyui la, eye eƒe kutsetse anyo, alo mido ati manyomanyo, eye eƒe kutsetse manyo o, elabena ati ƒe kutsetsee wotsɔna dzea sii.”—Mateo 12:33.

Susu mele eme be woagblɔ be ɖe Yesu le dɔ wɔm kple Satana tae wòte ŋu le ku nyui si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya do goe la tsem o. Abe ale si Yesu na eme kɔ ƒãa le eƒe Todzimawunyaa me ene la, ne kutsetsea nyo la, ke atia hã nyo, mate ŋu anye ati manyomanyo o. Eya ta nu kae Farisitɔwo ƒe kutsetse, si nye alakpanutsotso si wogblɔ ɖe Yesu ŋu la ɖe fia? Efia be wonye ati manyomanyo. Yesu gblɔ na wo be: “Dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo, aleke miate ŋu agblɔ nya nyuiwo, esi mienye ame vɔ̃ɖiwo? Elabena nya si wu dzi lae nu gblɔna.”—Mateo 7:16, 17; 12:34.

Ɛ̃, míaƒe nyawo ɖea míaƒe dzi ƒe nɔnɔme fiana, eye woate ŋu anɔ te ɖe nu si míegblɔna dzi adrɔ̃ ʋɔnu mí. Eya ta Yesu gblɔ be: “Mele egblɔm na mi be, nya dzodzro sia nya dzodzro si amewo gblɔna la, woabu akɔnta le eŋuti le Ʋɔnudrɔ̃gbe la; elabena wò nyawoe woatsɔ atso afia na wò, eye wò nyawoe woatsɔ abu fɔ wò.”—Mateo 12:36, 37.

Togbɔ be Yesu wɔ nukunu ɖedzesiwo hã la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo gale nu geɖe wu biam. Wogblɔ be: “Nufiala, míedi be nàwɔ dzesi aɖe míakpɔ.” Woawo ŋutɔwo woɖakpɔe wòwɔ nukuwo loo alo womekpɔe o, eteƒekpɔlawo ƒe ɖaseɖiɖi siwo ŋu kakaɖedzi le la li. Eya ta esɔ be Yesu gblɔ na Yudatɔwo ƒe kplɔla mawo be: “Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi dim, ke womele dzesi aɖeke na gee o, negbe nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la ko.”—Mateo 12:38, 39.

Yesu megblẽ nyaa ɖe yame o, ke boŋ eɖe eme na wo be: “Ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ la, nenema kee Amegbetɔvi la hã anɔ anyigba tume ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.” Ƒumelã gã aɖe mi Yona, gake edo go abe ɖe wofɔe ɖe tsitre ene. Yesu to esia dzi le egblɔm ɖi be yeaku, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la, woafɔ ye ɖe tsitre. Esi esia va eme emegbe la, Yudatɔwo ƒe kplɔlawo mexɔ “Yona ƒe dzesi la” o, eye wogbe dzimetɔtrɔ kple tɔtrɔwɔwɔ. (Mateo 27:63-66; 28:12-15) Gake “Niniwetɔwo” ya trɔ dzi me esi Yona ɖe gbeƒã na wo. Eya ta woabu fɔ dzidzime sia. Yesu gblɔ hã be Seba-fianyɔnu la hã ato kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la dzi abu fɔ dzidzime sia. Eva di Salomo ƒe nunya be yease, eye nu si wòse la wɔ nuku nɛ. Azɔ Yesu gblɔ be, “ame si lolo wu Salomo la le afii!”—Mateo 12:40-42.

Yesu tsɔ dzidzime vɔ̃ɖi sia sɔ kple ŋutsu si me gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe do go le. (Mateo 12:45) Esi ŋutsua metsɔ nu nyuiwo ɖo afi si tsi ƒuƒlu la teƒe o ta la, gbɔgbɔ vɔ̃ la trɔ gbɔ kple gbɔgbɔ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wu eya ŋutɔ eye wova ge ɖe amea me. Le mɔ ma ke nu la, wokɔ Israel-dukɔa ŋu eye wogaɖoe te, abe ale si ko wònɔ le ŋutsu si me gbɔgbɔ makɔmakɔa do go le la gome ene. Gake dukɔa gbe Mawu ƒe nyagblɔɖilawo eye mlɔeba wova tsi tsitre ɖe Yesu ŋu, togbɔ be edze ƒãa be Mawu ƒe gbɔgbɔ le edzi hã. Esia fia be dukɔa ƒe nɔnɔme gblẽ wu ale si wònɔ le gɔmedzedzea me.

Esi Yesu gale nuƒoƒo dzi la, dadaa kple nɔviawo va eye wotɔ ɖe ameha la megbe. Ame siwo te ɖe eŋu la gblɔ nɛ be: “Dawò kple nɔviwòwo le tsitre ɖe xexe le didim be yewoakpɔ wò.” Azɔ Yesu ɖe ale si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dome le kplikplikpli la fia. Wole abe nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple dadawo ene nɛ. Eya ta efia asi eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ be: “Danye kple nɔvinyewoe nye ame siawo, siwo sea Mawu ƒe nya la, eye wowɔa edzi.” (Luka 8:20, 21) Eto esia dzi ɖee fia be togbɔ be kadodo kplikplikpli si le ye kple yeƒe ƒometɔwo dome xɔ asi hã la, ƒomedodo si le ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo dome la xɔ asi wu. Aleke gbegbe míaƒe dzi dzea emee nye esi ne ƒomedodo kplikplikpli sia le mía kple mía nɔvi Kristotɔwo dome, vevietɔ ne amewo ke ɖi mí alo ƒo nu tsi tsitre ɖe míawo ŋutɔwo kple míaƒe dɔ nyuiwo ŋu!