Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 43

Fiaɖuƒea Ŋuti Lododowo

Fiaɖuƒea Ŋuti Lododowo

MATEO 13:1-53 MARKO 4:1-34 LUKA 8:4-18

  • YESU DO LOWO KU ÐE FIAÐUƑEA ŊU

Anye be Kapernaum ye Yesu nɔ esime wòka mo na Farisitɔwo. Emegbe le ŋkekea me la, edzo le aƒea me hezɔ yi Galilea-ƒua, si te ɖe afi ma ŋu la to, afi si ameha gã aɖe va ƒo ƒu ɖo. Yesu ge ɖe tɔdziʋu aɖe me hete ɖa le goa ŋu vie eye wòdze nufiafia ameawo gɔme tso Dziƒofiaɖuƒea ŋu. Ezã lododowo, alo kpɔɖeŋuwo tsɔ fia nu wo. Yesu ƒe nyaselawo nya nu tso nu siwo wòtsɔ wɔ kpɔɖeŋui la ŋu, eye esia na wònɔ bɔbɔe be woase nu vovovo siwo wògblɔ tso Fiaɖuƒea ŋu la gɔme.

Gbã la, Yesu gblɔ nukuwula aɖe si le nuku wum la ŋuti nya. Nukuawo dometɔ aɖewo ge ɖe mɔ to eye xeviwo mi wo. Nuku bubuwo ge ɖe kpenyigba dzi afi si anyi mesɔ gbɔ ɖo o. Woƒe kewo mete ŋu yi to o, eya ta esi ŋdɔkutsu ɖu nu miemie fẽawo la, woyrɔ. Nuku bubuwo hã ge ɖe ŋùwo me, eye esi womie la, ŋùawo vu tsyɔ wo dzi. Mlɔeba la, nuku aɖewo ge ɖe anyigba nyui dzi. Nuku siawo tse ku, “ɖewo teƒe alafa ɖeka, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃.”—Mateo 13:8.

Le kpɔɖeŋu bubu me la, Yesu tsɔ Fiaɖuƒea sɔ kple ame aɖe si le nuku wum. Le go sia me la, amea ɖale ŋu loo alo dɔ alɔ̃ o, nukuawo tsina. Gake “menyana ale si tututu” wowɔna tsina o. (Marko 4:27) Nukuawo ŋutɔ tsi hetse ku siwo amea ate ŋu axa.

Yesu gawɔ kpɔɖeŋu etɔ̃lia ku ɖe nukuwo wuwu ŋu. Ame aɖe wu nuku nyui ɖe eƒe agble me, gake esi “amewo dɔ alɔ̃ la,” futɔ aɖe va wu gbe vɔ̃ɖi ɖe luawo dome. Amea ƒe kluviwo biae be yewoayi aɖaho gbe vɔ̃ɖiawo hã. Eɖo eŋu be: “Ao; elabe ne miele gbe vɔ̃ɖiawo hom la, ɖewohĩ miaho luawo hã akpe ɖe wo ŋu. Mina wo kple evea siaa natsi va se ɖe nuŋeɣi la, eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo be: Miho gbe vɔ̃ɖiawo gbã, eye miabla wo tatata atɔ dzo wo, emegbe miaƒo lu la nu ƒu ɖe nye nudzraɖoƒe.”—Mateo 13:24-30.

Ame siwo nɔ to ɖom Yesu la dometɔ geɖe nya nu tso agbledede ŋu. Egaƒo nu tso sinapi-ku si ŋu ame geɖe nya nu tsoe la ŋu. Etsina zua ati gã si ƒe alɔwo me xeviwo nɔna. Egblɔ tso nuku sia ŋu be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe sinapi-ku si ame aɖe ƒã ɖe eƒe agble me ene.” (Mateo 13:31) Gake menye nu miemiewo ŋuti nunya fiam Yesu le o. Enɔ nu ƒom tso ale si nu tsina kabakaba, ale si nu sue aɖe tea ŋu tsina alo lolona va zua nu gã aɖe la ŋu.

Azɔ Yesu ƒo nu tso nane si ŋu eƒe nyasela geɖe nya nu tsoe la ŋu. Etsɔ Dziƒofiaɖuƒe la sɔ kple “amɔwɔʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu gã etɔ̃ me.” (Mateo 13:33) Togbɔ be amɔwɔʋãnu si tsaka kple amɔwɔ la meɖea dzesi wokpɔna o hã la, ekpɔa ŋusẽ ɖe amɔwɔ bliboa dzi si wɔnɛ be wòhona. Enana amɔwɔa ʋãna le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, togbɔ be tɔtrɔ sia menya kpɔna dzea si enumake o hã.

Esi Yesu do lo siawo vɔ la, eɖe asi le ameha la ŋu eye wòtrɔ yi aƒe si me wònɔna la me. Eteƒe medidi o, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ eye wodi be yewoanya nu si eƒe lododoawo fia.

VIÐEKPƆKPƆ TSO YESU ƑE LODODOAWO ME

Nusrɔ̃laawo see Yesu do lowo kpɔ, gake menye alea gbegbe o. Wova biae be: “Nu ka tae nèƒoa nu na wo le lododowo me?”—Mateo 13:10.

Nu siwo tae dometɔ ɖekae nye be wòana Biblia me nyagblɔɖi nava eme. Mateo ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Meƒoa nu na wo ne menye le lododo me o, ale be nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila la dzi nava eme, egblɔ be: ‘Make nu aƒo nu le lododowo me; magblɔ nu siwo le ɣaɣla tso keke gɔmeɖoanyiɣi ke.’”—Mateo 13:34, 35; Psalmo 78:2.

Gake susu bubu aɖewo hã tae Yesu do lowo ɖo. Ena nu si le amewo ƒe dzi me dze. Nu si wɔa dɔ ɖe wo dometɔ geɖe dzi le Yesu ŋu koe nye be enye ŋutinyagblɔla bibi kple nukunuwɔla. Womekpɔnɛ be enye ame si yewoaɖo toe abe Aƒetɔ ene ahadze eyome ɖokuitɔmadimaditɔe o. (Luka 6:46, 47) Womedi be yewoawɔ tɔtrɔ aɖeke le yewoƒe nuŋububu kple ale si yewonɔa agbee ŋu o. Womedi be gbedeasia nakpɔ ŋusẽ ma gbegbe ɖe yewo dzi o.

Yesu ɖo eƒe nusrɔ̃lawo ƒe biabia la ŋu be: “Esia tae meƒoa nu na wo le lododowo me ɖo; elabena togbɔ be wole nu kpɔm hã la, dzodzroe wole ekpɔm, eye togbɔ be wole nu sem hã la, dzodzroe wole esem, eye womesea egɔme o. Ale Yesaya ƒe nyagblɔɖia va eme ɖe wo ŋu. Egblɔ be: ‘. . . Dukɔ sia ƒe dzi ku atri.’”—Mateo 13:13-15; Yesaya 6:9, 10.

Gake menye ame siwo katã nɔ to ɖom Yesu la ŋue nya ma ku ɖo o. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwo mienye, elabena miaƒe ŋkuwo kpɔa nu eye miaƒe towo hã sea nu. Elabena vavã mele egblɔm na mi be, nyagblɔɖila kple ame dzɔdzɔe geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele la, gake womekpɔ wo o, eye wodi be yewoase nya siwo sem miele la, gake womese wo o.”—Mateo 13:16, 17.

Ɛ̃, dzi nyui le apostolo 12-awo kple nusrɔ̃la wɔnuteƒe bubuawo ya si. Eya ta Yesu gblɔ be: “Miawo la, wona mi be miase Dziƒofiaɖuƒe la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔeawo gɔme, ke womena woawo ya o.” (Mateo 13:11) Esi nusrɔ̃lawo di vevie be yewoase Yesu ƒe nyawo gɔme ta la, eɖe nukuwula ƒe lododoa gɔme na wo.

Yesu gblɔ be: “Nuku lae nye Mawu ƒe nya la.” (Luka 8:11) Eye anyigba lae nye dzi la. Esia nyanya le vevie hafi woate ŋu ase eƒe lododoa gɔme.

Egblɔ tso nuku siwo ge ɖe mɔ si dzi amewo zɔ wòte la ŋu be: “Abosam vana, eye wòɖea nya la dzonɛ le woƒe dziwo me, be womagaxɔe ase, ne woakpɔ ɖeɖe o.” (Luka 8:12) Nya si Yesu gblɔ ku ɖe nuku siwo ge dze kpenyigba dzi ŋu la le tsitre ɖi na ame siwo xɔa nya la kple dzidzɔ, gake nya la meƒoa ke ɖe woƒe dziwo me o. “Ne xaxa alo yometiti va le nya la ta ko la,” ezua nukikli na wo. Ɛ̃, ne ‘dodokpɔ ƒe ɣeyiɣiwo,’ abe ƒometɔwo kple ame bubuwo ƒe tsitretsiɖeŋu ene va la, wodea megbe.—Mateo 13:21; Luka 8:13.

Ke nuku siwo ge ɖe ŋùwo me ya ɖe? Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be esia ku ɖe ame siwo se nya la ŋu. Ke hã “nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsi kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. (Mateo 13:22) Nya la ge ɖe woƒe dziwo me hafi, gake nu mawo vu tsyɔ wo dzi, si wɔe be womete ŋu tse ku o.

Anyigba nyui lae nye mamlɛtɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe. Esia le tsitre ɖi na ame siwo sea nya la eye woxɔnɛ kple woƒe dzi, si fia be wosea egɔme ŋutɔŋutɔ. Nu kae dona tsoa eme? “Wotsea ku.” Le nɔnɔme vovovowo, abe tsitsi kple lãmesẽkuxiwo ene ta la, woƒe dɔwɔwɔwo nɔa vovovo; ame aɖe kpɔa dzidziɖedzi teƒe 100, ame bubu teƒe 60, eye ame bubu hã teƒe 30. Ɛ̃, yayra si dona tso Mawu subɔsubɔ me la sua “ame siwo sea nya la kple dzi nyui si nyo, eye woléa eme ɖe asi, eye wotsea ku le dzidodo me” la si.—Luka 8:15.

Nya siawo awɔ dɔ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃la siawo siwo va egbɔ be wòaɖe eƒe nufiafiawo me na yewo la dzi ŋutɔ! Wose Yesu ƒe lododoawo gɔme ŋutɔŋutɔ azɔ. Yesu di be woase yeƒe lododoawo gɔme ale be woawo hã nate ŋu afia nyateƒea ame bubuwo. Eya ta egblɔ kpee be: “Ðe wosia akaɖi dana ɖe kusi alo abati tea? Menye akaɖiti dzi boŋ ye wosinɛ dana ɖo oa?” Yesu ɖo aɖaŋu na wo be: “Ame si to senu li na la, nesee.”—Marko 4:21-23.

WOTSƆ NUFIAFIA BUBUWO YRA WOE

Esi nusrɔ̃lawo se ale si Yesu ɖe nukuwula ŋuti lododoa me vɔ la, wodi be yewoagasrɔ̃ nu bubuwo kpee. Eya ta wogblɔ nɛ be: “Ðe lo si nèdo le gbe vɔ̃ɖi siwo le agblea me ŋu la gɔme na mí.”—Mateo 13:36.

Numeɖeɖe si wova bia Yesu la ɖee fia be woƒe nɔnɔme to vovo kura na ameha siwo nɔ ƒua ta la tɔ. Edze ƒãa be togbɔ be ame mawo se nyaa hã la, menye woƒe didie wònye be yewoase nu si lododoawo fia gɔme ahanya ale si yewoawɔ eŋu dɔe o. Lododoa me nya siwo wose gbadzaa evɔ womese wo gɔme o la dze wo ŋu. Yesu ɖe vovototo si le eƒe nyasela siwo nɔ ƒua ta kple eƒe nusrɔ̃la siwo va egbɔ be wòaɖe nyawo me na yewo dome la fia esi wògblɔ be:

“Milé to ɖe nya si sem miele la ŋu nyuie. Dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem na amewo la, eya kee woatsɔ adzidze nu na miawo hã, ɛ̃, woagade edzi na mi akpee.” (Marko 4:24) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le to ɖom nya siwo sem wole le enu. Nusrɔ̃laawo dzidze nu na Yesu le mɔ sia nu be woɖo toe nyuie hedi vevie be yewoase eƒe nyaawo gɔme, eya ta wotsɔ nufiame kple numekɔkɔ bubuwo yra woe. Yesu gblɔ nya siwo gbɔna la tsɔ ɖo nya si eƒe nusrɔ̃lawo biae ku ɖe lu kple gbe vɔ̃ɖiwo ŋuti lododoa ŋu:

“Ame si le nuku nyuia wum lae nye Amegbetɔvi la, eye agble lae nye xexea. Nuku nyui lae nye Fiaɖuƒe la ƒe viwo, ke gbe vɔ̃ɖiawoe nye vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo, eye futɔ si wu wo lae nye Abosam. Nuŋeɣi lae nye nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi, eye nuŋelaawoe nye mawudɔlawo.”—Mateo 13:37-39.

Esi Yesu gblɔ nu si eƒe lododoa ƒe akpa ɖe sia ɖe le tsitre ɖi na vɔ la, egblɔ nu si ava dzɔ azɔ. Egblɔ be le nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la, nuŋelawo, alo mawudɔlawo, ama yeaɖi Kristotɔwo, ame siwo le abe gbe vɔ̃ɖiwo ene la tso ‘Fiaɖuƒe la ƒe vi’ vavãtɔawo gbɔ. Woaƒo “ame dzɔdzɔewo” nu ƒu, eye mlɔeba woaklẽ “le wo Fofo ƒe Fiaɖuƒe la me.” Ke “vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo” ya ɖe? Woatsrɔ̃ wo, eye esia tae “woafa avi ahaɖu aɖukli” ɖo.—Mateo 13:41-43.

Azɔ Yesu gatsɔ lododo etɔ̃ bubu yra eƒe nusrɔ̃lawo. Gbã egblɔ be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe kesinɔnu aɖe si woɣla ɖe anyigba aɖe me ene, eye ame aɖe va ke ɖe eŋu hetsɔe ɣla; eye le dzidzɔ si wòkpɔ ta la, eyi ɖadzra eƒe nuwo katã eye wòƒle anyigba ma.”—Mateo 13:44.

Eyi edzi be: “Dziƒofiaɖuƒe la gale abe asitsala mɔzɔla aɖe si le dzonu nyuiwo dim la ene. Esi wòke ɖe dzonu xɔasi aɖe ŋu la, eyi ɖadzra eƒe nuwo katã enumake eye wòƒlee.”—Mateo 13:45, 46.

Yesu to lododo eve siawo dzi he susu yi ale si ame lɔ̃na faa tsɔa nuwo saa vɔe ɖe nu siwo ŋu asixɔxɔ vavã le ta la dzi. Asitsalaa dzra “eƒe nuwo katã” enumake eye wòƒle dzonu xɔasi ɖeka ma. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ate ŋu ase kpɔɖeŋu si ku ɖe dzonu xɔasia ŋu la gɔme. Eye ŋutsu si ke ɖe kesinɔnu si woɣla ɖe anyigba aɖe dzi la ‘dzra eƒe nuwo katã’ eye wòƒle anyigba ma. Le go eveawo siaa me la, nu xɔasi aɖe nɔ anyi si wòle be wòasu wo si si ŋu woade asixɔxɔe. Woate ŋu atsɔ esia asɔ kple nu siwo amewo tsɔna saa vɔe ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. (Mateo 5:3) Ame siwo nɔ to ɖom Yesu ƒe lododoawo la dometɔ aɖewo tsɔ nu geɖewo sa vɔe xoxo, ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ eye woanye Yesu yomedzela vavãwo hã.—Mateo 4:19, 20; 19:27.

Mlɔeba la, Yesu tsɔ Dziƒofiaɖuƒea sɔ kple ɖɔ si ɖe tɔmelã ɖe sia ɖe ƒomevi. (Mateo 13:47) Esi wotia tɔmelã siawo me la, wotsɔ nyuiawo de nugowo me, ke wotsɔ manyomanyoawo ƒu gbe. Yesu gblɔ be nenema kee wòanɔ le nuɖoanyia ƒe nuwuɣi—mawudɔlawo ama ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ.

Yesu ŋutɔ hã nɔ gbɔgbɔmelãɖeɖedɔ ƒomevi aɖe wɔm esi wòyɔ eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo be woava nye “ameɖelawo.” (Marko 1:17) Ke hã, egblɔ be ɖɔ la ŋuti lododoa ku ɖe etsɔme, si nye “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi” la ŋu. (Mateo 13:49) Eya ta apostoloawo kple nusrɔ̃la bubu siwo nɔ to ɖom Yesu la ate ŋu akpɔe be nu ɖedzesiwo le ŋgɔ gbɔna.

Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo se lo siwo wòdo esime wònɔ tɔdziʋua me la kpɔ numekɔkɔ geɖe vavã. Yesu ɖee fia be yedi vevie be ‘yeaɖe nuwo katã gɔme na yeƒe nusrɔ̃lawo.’ (Marko 4:34) Ele abe “aƒetɔ aɖe si ɖea nu yeyewo kple nu xoxowo siaa doa goe tso eƒe kesinɔnudzraɖoƒe” la ene. (Mateo 13:52) Menye ɖe Yesu di be yeaɖee afia be yebi ɖe nufiafia me tae wòdo lo siawo ɖo o. Ke boŋ, nyateƒe siwo le abe kesinɔnu xɔasiwo ene la me ɖemee wòle na eƒe nusrɔ̃lawo. Ɛ̃, Yesu nye “dutoƒonufiala” si ɖeke mesɔ kplii o vavã.