Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 54

Yesu—“Agbebolo La”

Yesu—“Agbebolo La”

YOHANES 6:25-48

  • YESU YE NYE ‘ABOLO SI TSO DZIƑO’

Le Galilea-ƒua ƒe go kemɛ dzi le ɣedzeƒe gome la, Yesu na nuɖuɖu ame akpe geɖe nukutɔe, eye esi ameawo di be yewoalée aɖo fiae la, esi le wo gbɔ. Le zã ma me la, ezɔ ƒu dzeagbo la dzi eye wòxɔ na Petro, si hã zɔ tsia dzi gake wòde asi toyiyi me esi eƒe xɔse ʋuʋu. Yesu na ahom la dzudzɔ tutu hã, eye anɔ eme be esiae kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo ta be woƒe tɔdziʋua menyrɔ o.

Azɔ Yesu trɔ va Kapernaum nutoa me le ƒua ƒe ɣetoɖoƒe gome. Ame siwo wònyi nukutɔe la ke ɖe eŋu, eye wobiae be: “Ɣekaɣie nèva ɖo afi sia?” Yesu ka mo na wo bena esi wole mɔ kpɔm be yeagana nu wo woaɖu ta koe wole ye dim ɖo. Ede dzi ƒo na wo gblɔ be, “miwɔ dɔ, menye ɖe nuɖuɖu si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si megblẽna o, si naa agbe mavɔ” la ta. Eya ta wobiae be: “Nu kae míawɔ bena míawɔ Mawu ƒe dɔwo?”—Yohanes 6:25-28.

Anɔ eme be dɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Sea me lae wosusu be Yesu wɔnɛ, gake dɔ si ŋu asixɔxɔ le wue wòwɔnɛ. Egblɔ be: “Mawu ƒe dɔ lae nye be miaxɔ ame si wòdɔ ɖa la dzi ase.” Gake ameawo mexɔ Yesu dzi se o, togbɔ be ewɔ nukunu geɖe hã. Wobia tso esi be wòawɔ dzesi aɖe si ana yewoaxɔ edzi ase. Wobiae be: “Dɔ ka wɔm nèle? Mía tɔgbuiwo ɖu mana le gbea dzi, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ena abolo wo tso dziƒo woɖu.’”—Yohanes 6:29-31; Psalmo 78:24.

Esi Yesu nɔ ameawo ƒe biabia be wòawɔ dzesi aɖe ŋu ɖom la, ehe woƒe susu yi Ame si ŋutɔŋutɔ gbɔ nukunuawo tsona la dzi esi wògblɔ be: “Mele egblɔm na mi be: Mose mena abolo vavã si tso dziƒo la mi o, ke azɔ la Fofonye na abolo vavã si tso dziƒo la mi. Elabena Mawu ƒe abolo lae nye ame si ɖi tso dziƒo va, eye wònaa agbe xexea.” Esi womese eƒe nyaa gɔme o ta la, wogabia be: “Aƒetɔ, nɔ abolo sia nam mí ɖaa.” (Yohanes 6:32-34) Gake “abolo” ka ƒomevi ŋue Yesu le nu ƒom tsoe?

Eɖe eme be: “Nyee nye agbebolo la. Ame si vaa gbɔnye la, dɔ mawui akpɔ o, eye ame si xɔa dzinye sena la, tsikɔ mawui akpɔ gbeɖe o. Ke megblɔe na mi bena, miekpɔm, gake miexɔe se o. . . . Meɖi tso dziƒo va, menye be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu. Ke esiae nye ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu be magabú ame siwo katã wòtsɔ nam la dometɔ aɖeke o, ke boŋ mafɔ wo ɖe tsitre le ŋkeke mamlɛa dzi. Elabena esiae nye Fofonye ƒe lɔlɔ̃nu be ame sia ame si kpɔa Vi la, eye wòxɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 6:35-40.

Nya siawo do dziku na Yudatɔwo, eye wode asi liʋiliʋĩlilĩ me le eŋu. Nu ka tae wòle gbɔgblɔm be yee nye “abolo si ɖi tso dziƒo va”? (Yohanes 6:41) Le woawo gbɔ la, dzila siwo nye amegbetɔwo la koe dzi eya hã, eye wotso Galilea ƒe du si nye Nazaret la me. Ameawo bia be: “Menye Yesu, Yosef vi, ame si fofo kple dada míenya lae nye esia oa?”—Yohanes 6:42.

Yesu gblɔ be: “Midzudzɔ liʋiliʋĩlilĩ le mia nɔewo dome. Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo si dɔm ɖa la, hee vɛ, eye mafɔe ɖe tsitre le ŋkeke mamlɛa dzi. Woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽwo me be: ‘Eye Yehowa afia nu wo katã.’ Ame sia ame si ɖoa to Fofo la, eye wòsrɔ̃a nu tso egbɔ la, vaa gbɔnye. Ame aɖeke mekpɔ Fofo la kpɔ o, negbe ame si tso Mawu gbɔ ko; ame siae kpɔ Fofo la. Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ame si xɔe se la, agbe mavɔ le esi.”—Yohanes 6:43-47; Yesaya 54:13.

Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ esi Yesu ɖo dze kple Nikodemo la, eƒo nu tso agbe mavɔ ŋu, eye wòɖee fia be ehiã be woaxɔ Amegbetɔvi la dzi ase hafi akpɔ agbe. Egblɔ be: ‘Ame sia ame si xɔa Mawu ƒe Tenuvi la dzi sena la matsrɔ̃ o, ke boŋ akpɔ agbe mavɔ.’ (Yohanes 3:15, 16) Gake fifia ya, ame siwo sɔ gbɔ wu kurae wòle nu ƒom na, eye wòle gbɔgblɔm na wo be yeawɔ akpa vevi aɖe le woƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ me, eye mana, alo abolo si woɖuna le Galilea la mate ŋu awɔ nu ma o. Ke aleke ame awɔ akpɔ agbe mavɔ? Yesu gagblɔ ake be: “Nyee nye agbebolo la.”—Yohanes 6:48.

Abolo si tso dziƒo ŋuti numedzodzroa va ɖo eƒe sesẽaƒe esi Yesu yi eƒe nufiafia dzi le ƒuƒoƒe si le Kapernaum la me.