Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 57

Yesu Da Gbe Le Nyɔnuvi Aɖe Kple Tokunɔ Aɖe Ŋu

Yesu Da Gbe Le Nyɔnuvi Aɖe Kple Tokunɔ Aɖe Ŋu

MATEO 15:21-31 MARKO 7:24-37

  • YESU DA GBE LE FOINIKE NYƆNU AÐE ƑE VI ŊU

  • EDA GBE LE ŊUTSU AÐE SI NYE TOKUNƆ KPLE AÐETUTUTƆ LA ŊU

Esi Yesu ka mo na Farisitɔwo ɖe woƒe kɔnyinyi siwo wotsɔna dia wo ɖokui tɔ ta vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo. Ezɔ agbadroƒe geɖe ƒe mɔ yi Tiro kple Sidon nutowo me le Foinike, le dzieheɣetoɖoƒe gome.

Yesu va dze aƒe aɖe me, gake medi be amewo nanya be yele afi ma o. Ke hã, le afi sia gɔ̃ hã la, amewo kpɔe dze sii. Hela nyɔnu aɖe si wodzi le nuto sia me la kpɔ Yesu eye wòde asi kukuɖeɖe me nɛ be: “Aƒetɔ, David Vi, kpɔ nublanui nam. Gbɔgbɔ vɔ̃wo le fu ɖem na vinyenyɔnuvi vevie.”—Mateo 15:22; Marko 7:26.

Mlɔeba Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be: “Do mɔe, elabena ele ɣli dom le mía yome.” Esi Yesu nɔ susu si ta wòzi kpi kpɔe la me ɖem la, egblɔ be: “Womedɔm ɖe ame bubuwo gbɔ o, negbe ɖe Israel ƒe aƒe la me tɔ siwo nye alẽ búbuwo la gbɔ ko.” Gake nyɔnua mena ta o. Eva dze klo ɖe Yesu ŋkume heɖe kuku nɛ gblɔ be: “Aƒetɔ, kpe ɖe ŋunye!”—Mateo 15:23-25.

Ðewohĩ esi Yesu di be yeadoe kpɔ ta la, ehe susu yi ale si Yudatɔwo bua dukɔ bubu me tɔwoe la dzi hegblɔ be: “Mesɔ be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe ɖo ɖe avuviwo o.” (Mateo 15:26) Ale si Yesu yɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be “avuviwo,” ke menye “avuwo” o la ɖe ale si wòlɔ̃ ame siwo menye Yudatɔwo o la fia. Ale si wòɖo moe kple ale si wòƒo nu veveseɖeamenutɔe la hã anya ɖe esia fia.

Le esi nyɔnua nado dziku teƒe la, efɔ nya tso nu si Yesu gblɔ ku ɖe ale si Yudatɔwo bua dukɔ bubu me tɔwoe la me hegblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Aƒetɔ, ele eme baa; gake avuviwo ɖua nuɖuɖu wuwlui siwo duduna tso woƒe aƒetɔwo ƒe kplɔ̃ dzi.” Yesu kpɔ dzi ƒe nɔnɔme nyui si le esi la dze sii, eye wògblɔ be: “Oo aƒenɔ, wò xɔse lolo ŋutɔ; neva eme na wò abe ale si nèdi ene.” (Mateo 15:​27, 28) Eva eme nenema, togbɔ be nyɔnuvia menɔ afi ma o hã! Esi nyɔnua trɔ yi aƒe me la, ekpɔ vianyɔnuvi la wòmlɔ aba dzi, eye eƒe lãme sẽ keŋkeŋ​—“gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme”!​—Marko 7:⁠30.

Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Foinike nutoa me la, wodze mɔ ɖo ta Yordan-tɔsisia ƒe dzigbe gome. Anɔ eme be wotso Yordan-tɔsisia le Galilea-ƒua ƒe dziehe godzi heyi Dekapoli-nutoa me. Woyi to aɖe dzi le afi ma, gake amehawo va ke ɖe wo ŋu. Wokplɔ woƒe bunɔwo, nuwɔametɔwo, ŋkuagbãtɔwo kple aɖetututɔwo va Yesu gbɔ. Wokɔ wo va da ɖe Yesu ƒe afɔnu, eye wòda gbe le wo ŋu. Esia wɔ nuku na ameawo eye wokafu Israel ƒe Mawu la.

Yesu tsɔ ɖe le eme na ŋutsu aɖe si nye tokunɔ eye metea ŋu ƒoa nu nyuie o la etɔxɛe. Míate ŋu akpɔ ale si ŋutsu sia ase le eɖokui me le ameha gã ma dome la le susu me. Yesu kplɔe do le ameha la dome, ɖewohĩ le esi wòkpɔ ale si wòtsi dzodzodzoe ta. Esi wo ame evea ɖeɖe le afi ma la, Yesu ɖe nu si wɔ ge wòala la fiae. Etsɔ eƒe asibidɛwo de ŋutsua ƒe to me, eɖe ta, eye wòka asi eƒe aɖe ŋu. Azɔ Yesu kpɔ dziƒo, eye wògblɔ be “Efata,” si gɔmee nye: “Ʋu.” Enumake ŋutsua gase nu, eye wòte ŋu le nu ƒom nyuie. Yesu medi be woakaka nya sia o, elabena eƒe didie nye be amewo naxɔ ye dzi ase le nu siwo woawo ŋutɔwo wokpɔ hese la ta.—Marko 7:32-36.

Gbedaŋusẽ si le Yesu si la wɔ “nuku na [eteƒekpɔlawo] ale gbegbe.” Wogblɔ be: “Ewɔa nuwo katã nyuie. Enana tokunɔwo gɔ̃ hã sea nu, eye aɖetututɔwo ƒoa nu.”—Marko 7:37.