Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 58

Ena Abolo Dzi Ðe Edzi Eye Wòxlɔ̃ Nu Tso Amɔwɔʋãnu Ŋu

Ena Abolo Dzi Ðe Edzi Eye Wòxlɔ̃ Nu Tso Amɔwɔʋãnu Ŋu

MATEO 15:32–16:12 MARKO 8:1-21

  • YESU NYI ŊUTSU 4,000

  • EXLƆ̃ NU TSO FARISITƆWO ƑE AMƆWƆƲÃNU LA ŊU

Ameha gãwo ƒo zi ɖe Yesu ŋu le Dekapoli nutoa me le Galilea-ƒua ƒe ɣedzeƒe gome. Wova be yewoaɖo toe eye wòada gbe le yewo ŋu, eye wotsɔ kusi, alo kevi gã siwo me wotsɔ nuzazãwo ɖo la ɖe asi.

Ke hã, le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ameha la ƒe nu le nublanui wɔm nam, elabena ŋkeke etɔ̃ sɔŋ ye nye esia wole gbɔnye, eye naneke mele wo si woaɖu o. Ne meɖe asi le wo ŋu be woayi woƒe aƒewo me dɔmeɣi la, akpo ava tso wo le mɔ dzi, evɔ wo dometɔ aɖewo hã tso didiƒe.” Ke nusrɔ̃lawo biae be: “Afi kae ame aɖe ate ŋu akpɔ abolo tsoe le teƒe tsoabo sia na ame siawo woaɖu aɖi ƒo?”—Marko 8:2-4.

Yesu bia wo be: “Abolo nenie le mia si?” Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be: “Abolo adre kple tɔmelã sue ʋɛ aɖewo.” (Mateo 15:34) Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woabɔbɔ nɔ anyigba. Etsɔ aboloawo kple tɔmelãwo hedo gbe ɖa na Mawu, eye wòtsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo be woama. Nukutɔe la, wo katã woɖui ɖi ƒo. Esi wofɔ kakɛ siwo susɔ la, wokpɔ kusi gã adre, togbɔ be ŋutsu siwo ade 4,000 kpakple nyɔnuwo kple ɖeviwoe ɖui hã!

Esi Yesu do mɔ amehaa vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋu hetso Galilea-ƒua yi Magadan, si le ƒua ƒe ɣetoɖoƒe godzi. Le afi sia la, Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe kɔmama la me tɔ aɖewo te kpɔ be yewoado Yesu kpɔ esi wobia tso esi be wòawɔ dzesi aɖe afia yewo tso dziƒo.

Esi Yesu nya woƒe susu ta la, egblɔ na wo be: “Ne fiẽ ɖo la, miegblɔna be: ‘Xexea me le kɔkɔ ge, elabena dziŋgɔli biã,’ eye le ŋdi la, miegblɔna be: ‘Vuvɔ le wɔwɔ ge, eye tsi le dzadza ge egbea, elabena dziŋgɔli biã, eye wòxe litii.’ Mienyaa nu si dziŋgɔli ƒe nɔnɔme fiana, ke mienya nu si ɣeyiɣiawo ƒe dzesiwo ya fia o.” (Mateo 16:2, 3) Azɔ Yesu gblɔ na Farisitɔwo kple Zadukitɔwo be womana dzesi aɖeke wo o, negbe Yona ƒe dzesi la ko.

Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋu aɖe ɖo ta Betsaida, si le ƒua ƒe dzieheɣedzeƒe gome. Le mɔa dzi la, nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be yewometsɔ abolo si asu na yewo la ɖe asi o. Abolo ɖeka koe le wo si. Esi dze si Yesu ɖo kple Farisitɔwo kpakple Zadukitɔ siwo nye Herodes ƒe akpadzinɔlawo nɔ susu me nɛ la, exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie le Farisitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu kple Herodes ƒe amɔwɔʋãnu la ŋuti.” Ke nusrɔ̃lawo ya susui be esi yewoŋlɔ be be yewoatsɔ abolo ɖe asi tae wòƒo nu tso amɔwɔʋãnua ŋu ɖo. Esi Yesu de dzesi esia la, egblɔ be: “Nu ka tae miele nya ʋlim le esi abolo aɖeke mele mia si o ta?”—Marko 8:15-17.

Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la, Yesu tsɔ abolo nyi ame akpe geɖe. Eya ta ele be nusrɔ̃lawo nakpɔe be menye abolo si yewometsɔ ɖe asi o la ƒe nya gblɔm wòle o. Ebia wo be: “Ðe mieɖo ŋku edzi oa? Esi meŋe abolo atɔ̃awo me na ŋutsu akpe atɔ̃awo ɖe, kusi nenie kakɛ siwo miefɔ la de?” Woɖo eŋu be: “Wuieve.” Yesu yi eƒe nyaa dzi be: “Esi meŋe abolo adreawo me na ŋutsu akpe eneawo ɖe, kusi gã nenie kakɛ siwo miefɔ la de?” Woɖo eŋu be: “Adre.”—Marko 8:18-20.

Yesu bia wo be: “Aleke wɔ miese egɔme be menye abolo ƒe nya gblɔm mele na mi o?” Egblɔ kpee be: ‘Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu la ŋu.’—Mateo 16:11.

Nusrɔ̃lawo se eme mlɔeba. Amɔwɔʋãnu nana abolo hona eye wodenɛ amɔwɔ me hã be wòaʋã. Le Yesu ƒe nyaa nu la, amɔwɔʋãnu le tsitre ɖi na nu si gblẽa nu. Eya ta enɔ nu xlɔ̃m eƒe nusrɔ̃lawo be woakpɔ nyuie le “Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe nufiafia,” si gblẽa nu la ŋuti.—Mateo 16:12.