Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 63

Yesu Xlɔ̃ Nu Tso Nukiklizuzu Na Ame Kple Nu Vɔ̃ Ŋu

Yesu Xlɔ̃ Nu Tso Nukiklizuzu Na Ame Kple Nu Vɔ̃ Ŋu

MATEO 18:6-20 MARKO 9:38-50 LUKA 9:49, 50

  • NUXƆXLƆ̃ TSO NUKIKLIZUZU NA AME ŊU

  • NE NƆVIWÒ WƆ NU VƆ̃

Ðeko Yesu wɔ kpɔɖeŋu ku ɖe nɔnɔme si wòle be wòanɔ eyomedzelawo si vɔ koe nye esia. Ele be woawɔ nu abe ɖeviwo ene. Ðeviwo bɔbɔa wo ɖokuiwo eye wometsia dzi ɖe ɖoƒe ŋu o. Ele be nusrɔ̃lawo ‘naxɔ nenem ɖevi siawo tɔgbi le eƒe ŋkɔ ta, eye esia afia be woxɔ Yesu hã.’—Mateo 18:5.

Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la, apostoloawo nɔ nya ʋlim le ame si nye gã le wo dome la ŋu, eya ta ɖewohĩ woabu Yesu ƒe nyawo be enye mokaname. Azɔ apostolo Yohanes he susu yi nya aɖe si dzɔ eteƒe medidi o la dzi esi wògblɔ be: “Míekpɔ ame aɖe wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam do goe le wò ŋkɔ me, eye míegbe nɛ, elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.”—Luka 9:49.

Ðe Yohanes bui be apostoloawo koe kpɔ mɔ ada gbe le amewo ŋu alo anya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goea? Ne nenemae la, ke aleke wòdzɔe be Yuda ŋutsu sia hã te ŋu le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam do goe? Yohanes anya susu be ŋutsu sia mekpɔ mɔ awɔ nukudɔ siawo o, elabena menɔ Yesu kple eƒe apostoloawo ŋu o.

Ewɔ nuku na Yohanes be Yesu gblɔ be: “Migagbe nɛ o, elabena ame aɖeke meli, si awɔ ŋusẽdɔ le nye ŋkɔ me, eye le ema megbe kasia wòate ŋu agblɔ nya vɔ̃ ɖe ŋunye o. Elabena ame si metsi tsitre ɖe mía ŋu o la, le mía dzi. Elabena ame sia ame si na tsi kplu ɖeka mi mieno le esi mienye Kristo tɔ ta la, vavã mele egblɔm na mi be, eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.”—Marko 9:39-41.

Mehiã be ŋutsu sia nanɔ Kristo ŋu kokoko hafi wòafia be ele Yesu ƒe akpa dzi o. Ɣemaɣi la, womeɖo Kristo hamea anyi haɖe o, eya ta togbɔ be ŋutsua menɔ mɔ zɔm kple Yesu o hã la, ema mefia be etsi tsitre ɖe eŋu alo be ele alakpasubɔsubɔ dom ɖe ŋgɔ o. Edze ƒãa be ŋutsua xɔ Yesu ƒe ŋkɔa dzi se, eye nya si Yesu gblɔ la ɖee fia be ŋutsua ƒe fetu matsi eŋu o.

Gake anye ŋkubiãnya ne apostoloawo ƒe nyawo kple nuwɔnawo zu nukikli na ŋutsu sia. Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si azu nukikli na ɖevi sue siawo siwo si xɔse le la dometɔ aɖe la, anyo nɛ wu be woatsɔ té, si tedziwo trona, atsi ɖe kɔ nɛ ahatsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me.” (Marko 9:42) Eyome Yesu gblɔ be ele be ye yomedzelawo naɖe nu si le vevie na wo abe asi, afɔ, alo ŋku ene la gɔ̃ hã ɖa nenye be esia ana woakli nu. Anyo be woayi ɖe Mawu Fiaɖuƒea me nu vevi ma manɔmee tsɔ wu be woaku ɖe eŋu eye woayi Gehena (Hinom Bali la me). Anɔ eme be apostoloawo nya nu tso bali sia si te ɖe Yerusalem, afi si wotɔa dzo gbeɖuɖɔ le la ŋu, eya ta woase egɔme be ele tsitre ɖi na tsɔtsrɔ̃ ɖikaa.

Yesu gaxlɔ̃ nu wo be: “Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi siawo dometɔ ɖeka pɛ hã o, elabena mele egblɔm na mi be, woƒe mawudɔla siwo le dziƒo la kpɔa Fofonye . . . ƒe mo ɣesiaɣi.” Aleke gbegbee “ɖevi” siawo le vevie na Fofoa? Yesu ƒo nu tso ŋutsu aɖe si si alẽ 100 le gake ɖeka bu la ŋuti. Ŋutsua gblẽ 99 la ɖi yi ɖadi ɖeka si bu la, eye esi wòkpɔe la, ekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu wu 99 la. Yesu gblɔ kpee be: “Menye dzidzɔ na Fofonye si le dziƒo la be ɖevi siawo dometɔ ɖeka pɛ hã natsrɔ̃ o.”—Mateo 18:10, 14.

Ðewohĩ nya si ʋlim Yesu ƒe apostolowo nɔ ku ɖe ame si nye gã le wo dome ŋu la nɔ susu me nɛ esi wògblɔ na wo be: “Mina dze nanɔ mia me, eye minɔ ŋutifafa me kple mia nɔewo.” (Marko 9:50) Dze ŋutɔŋutɔ nana nuɖuɖu vivina. Nenema kee ne dze le nya siwo míegblɔna me la, wo xɔxɔ nɔa bɔbɔe wu, eye wònana ŋutifafa nɔa anyi, gake mele alea le nyaʋiʋli ya gome o.—Kolosetɔwo 4:6.

Nya sesẽwo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi, eya ta Yesu ƒo nu tso ale si woakpɔ wo gbɔe ŋu. Egblɔ be: “Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò la, yi nàɖe eƒe vodada fiae le wò kplii ɖeɖe ko dome. Ne eɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò.” Ke ne meɖo to o ɖe? Yesu gblɔ be: “Kplɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, ale be le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi nu la, miaɖo kpe nya sia nya dzi.” Ne esia mekpɔ kuxia gbɔ o la, ele be woagblɔe na “hamea,” si le tsitre ɖi na hamemetsitsi siwo ate ŋu akpɔ nyaa gbɔ. Ke ne nu vɔ̃ wɔla la meɖo to woawo hã o ɖe? “Ekema na wòanɔ na wò abe dukɔwo me tɔ kple adzɔxɔla,” siwo nye ame siwo Yudatɔwo medea ha kplii o la ene.—Mateo 18:15-17.

Ele be dzikpɔla siwo le hamea me la nalé Mawu ƒe Nya la me ɖe asi le nyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Ne wokpɔe be ame aɖe ɖi fɔ eye wòhiã be woahe to nɛ la, ʋɔnu si woadrɔ̃e la nye “nu si wobla xoxo le dziƒo.” Gake ne wotso nya me be meɖi fɔ o la, ‘anye nu si wotu le dziƒo.’ Mɔfiame siawo aɖe vi na Kristo hame si woava ɖo anyi emegbe la. Le nya vevi mawo gbɔ kpɔkpɔ me la, Yesu gblɔ be: “Afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, mele wo dome le afi ma.”—Mateo 18:18-20.