Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 67

“Ame Aɖeke Meƒo Nu Alea Kpɔ O”

“Ame Aɖeke Meƒo Nu Alea Kpɔ O”

YOHANES 7:32-52

  • WODƆ ATIKPLƆTƆWO ÐA BE WOALÉ YESU

  • NIKODEMO ƲLI YESU TA

Yesu gakpɔtɔ le Yerusalem le Agbadɔŋkekenyuia ɖuɣi. Dzidzɔe wònye nɛ be “ameha la dometɔ geɖewo xɔ [ye dzi] se.” Gake esia medzɔ dzi na subɔsubɔhakplɔlawo ya o. Wodɔ atikplɔtɔwo, siwo tsɔa dɔ na wo abe kpovitɔwo ene, la ɖa be woaɖalée. (Yohanes 7:31, 32) Gake Yesu medze agbagba be yeabe o.

Ðe ema teƒe la, Yesu yi edzi nɔ nu fiam le gaglãgbe le Yerusalem nɔ gbɔgblɔm be: “Maganɔ mia gbɔ vie hafi adzo ayi ame si dɔm ɖa la gbɔ. Miadim, ke miakpɔm o, eye afi si manɔ la, miate ŋu ava afi ma o.” (Yohanes 7:33, 34) Yudatɔwo mese eƒe nyaa gɔme o, eya ta wogblɔ le wo nɔewo dome be: “Afi kae ame sia ɖo be yeayi, si tae míagakpɔe o? Alo ɖe wòɖoe be yeayi Yudatɔ siwo kaka ɖe Helatɔwo dome la gbɔ aɖafia nu Helatɔwoa? Nya sia si wògblɔ be, ‘Miadim, ke miakpɔm o, eye afi si manɔ la, miate ŋu ava afi ma o’ la gɔme ɖe?” (Yohanes 7:35, 36) Ke hã Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku kple tsitretsitsi ayi dziƒo ŋu, eye eƒe futɔwo mate ŋu akplɔe ɖo ayi afi ma o.

Azãɖuɖua ƒe ŋkeke adrelia ɖo. Le azãɖuɣia ƒe ŋdi sia ŋdi la, nunɔla aɖe kɔa tsi si woku tso Siloam-ta la me ɖe anyi ale be wòasi ayi ɖe vɔsamlekpui si le gbedoxɔa me la te. Anye be esia dzie Yesu nɔ susu hem yi esi wòkɔ gbe dzi gblɔ be: “Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva gbɔnye ne wòano tsi. Ame si xɔa dzinye sena la, ‘Agbetsitɔsisiwo asi tso eme,’ abe ale si ko ŋɔŋlɔ la gblɔe ene.”—Yohanes 7:37, 38.

Nu si adzɔ ne wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woava nɔ agbe le dziƒo la ŋu nya gblɔmee wònɔ. Yesu ƒe ku megbee woatsɔ gbɔgbɔa asi ami na wo. Tso Pentekoste ŋkekea dzi le ƒe si kplɔe ɖo me la, agbetsitɔsisiwo de asi sisi me esi nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la nɔ nyateƒea gblɔm na amewo.

Ale si Yesu fia nui la na ame aɖewo gblɔ be: “Vavãe, ame siae nye Nyagblɔɖila la.” Edze ƒãa be nyagblɔɖila si lolo wu Mose, si ŋu nya wogblɔ ɖi lae wowɔnɛ. Ame bubuwo gblɔ be: “Ame siae nye Kristo la.” Gake ame bubuwo he nya be: “Ðe Kristo la atso Galilea? Ðe ŋɔŋlɔ la megblɔ be David ƒe dzidzime la mee Kristo la adzɔ tso, eye wòatso Betlehem, si nye kɔƒe si me David nɔ la me oa?”—Yohanes 7:40-42.

Ale mama ɖo ameha la dome. Togbɔ be wo dometɔ aɖewo di be woalé Yesu hã la, ame aɖeke meka asi eŋu o. Esi atikplɔtɔwo trɔ yi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo gbɔ asi gbɔlo la, wobia wo be: “Nu ka tae miekplɔe vɛ o?” Woɖo eŋu be: “Ame aɖeke meƒo nu alea kpɔ o.” Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo de asi fewuɖuɖu kple amedzudzu me dzikutɔe gblɔ be: “Alo ɖe wòflu miawo hã? Ðe amegãwo alo Farisitɔwo dometɔ aɖe xɔ edzi sea? Ke fiƒodemewoe ameha sia si menya Se la o la nye.”—Yohanes 7:45-49.

Esia na Nikodemo si nye Farisitɔ kple Sanhedrin la me tɔ la do dzi ƒo nu ɖe Yesu nu. Ƒe eve kple afã do ŋgɔ la, Nikodemo va Yesu gbɔ le zã me hegblɔ be yexɔ eyama dzi se. Azɔ Nikodemo gblɔ be: “Ðe míaƒe Se la drɔ̃a ʋɔnu ame nenye be womese eƒe numegbe gbã henya nu si wòwɔ la oa?” Nya kae wogblɔ tsɔ ɖo eƒe nyaa ŋu? Wogblɔ be: “Alo Galileatɔe wò hã nènyea? Dzro eme, eye àkpɔe be nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o.”—Yohanes 7:51, 52.

Ŋɔŋlɔawo megblɔe tẽe be nyagblɔɖila aɖe atso Galilea ya o. Ke hã Mawu ƒe Nya la ɖee fia be Kristo la atso afi ma; wogblɔe ɖi be “kekeli gã aɖe” aklẽ na “dukɔwo ƒe Galilea.” (Yesaya 9:1, 2; Mateo 4:13-17) Gawu la, wodzi Yesu le Betlehem eye enye David ƒe dzidzimevi, abe ale si wogblɔe ɖi ene. Togbɔ be Farisitɔwo anya esia hã la, anye be woawo gbɔe wòtso be susu totro vovovowo su ameawo si ku ɖe Yesu ŋu.