Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 77

Yesu Xlɔ̃ Nu Tso Kesinɔnuwo Ŋu

Yesu Xlɔ̃ Nu Tso Kesinɔnuwo Ŋu

LUKA 12:1-34

  • KESINƆTƆ LA ŊUTI LODODOA

  • YESU ƑO NU TSO AKPAVIÃWO KPLE DZOGBENYAWO ŊU

  • “ALẼHA SUE” AÐE ANƆ FIAÐUƑE LA ME

Esime Yesu nɔ nu ɖum le Farisitɔ la ƒe aƒe me la, ame akpe geɖewo ƒo ƒu ɖe gota nɔ elalam. Amehawo ƒo zi ɖe eŋu alea ɣeaɖewoɣi esime wònɔ Galilea. (Marko 1:33; 2:2; 3:9) Le Yudea afi sia la, ame geɖe di be yewoakpɔe ahase eƒe nyawo, eye woƒe nɔnɔme sia to vovo sãa na Farisitɔ siwo nɔ nua ɖum kplii la tɔ.

Nu si Yesu gblɔ gbã la nye nya vevi si wòle be eƒe nusrɔ̃lawo nade dzesii. Egblɔ be: “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu si nye alakpanuwɔwɔ la ŋuti.” Yesu gblɔ nuxlɔ̃amenya sia kpɔ va yi, gake nu si wòkpɔ le nua ɖuƒe la ɖe ale si nya sia dzi wɔwɔ le vevie la fia. (Luka 12:1; Marko 8:15) Farisitɔwo dzea agbagba be yewoaɣla yewoƒe vɔɖivɔ̃ɖia to ame ŋkume mawusosroɖa dzi, ke hã ame gblẽku siwo ƒe nuwɔnawo dzi wòle be woaklo nu le lae wonye. Yesu gblɔ be: “Wometsyɔ nu naneke dzi, si womava ɖe ɖe go o, eye womeɣla naneke, si womava nya o.”—Luka 12:2.

Ðewohĩ ame siwo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu la dometɔ geɖe nye Yudeatɔ siwo menɔ eteƒe esime wònɔ nu fiam le Galilea o. Eya ta egahe susu yi nu siwo wòfia va yi la me nya veviwo dzi. Exlɔ̃ nu ame siwo katã nɔ to ɖomee la be: “Migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, eye le esia megbe la womegatea ŋu wɔa naneke wu ema o la o.” (Luka 12:4) Abe ale si wòwɔe va yi ene la, egate gbe ɖe ale si wòhiã be ye yomedzelawo naka ɖe edzi be Mawu akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ na yewo la dzi. Ele be woaxɔ Amegbetɔvi la dzi ase hã eye wòaka ɖe edzi be Mawu ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu.—Mateo 10:19, 20, 26-33; 12:31, 32.

Azɔ ŋutsu aɖe si le amehaa dome la ƒo nu tso nane si le vevie nɛ la ŋu be: “Nufiala, gblɔ na nɔvinye ne wòama domenyinu la kplim.” (Luka 12:13) Se la gblɔ be woatsɔ domenyinua ƒe akpa eve na ŋgɔgbevia, eya ta mehiã be nyaʋiʋli nanɔ anyi hafi o. (5 Mose 21:17) Gake edze abe ŋutsua le domenyinua ƒe akpa si sɔ gbɔ wu etɔ le se nu la dim. Yesu wɔ nu le nunya me esi mede nu nyaa me o. Ebiae be: “Ŋutsu, ame kae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo nyametsola ɖe mi ame evea nu?”—Luka 12:14.

Azɔ Yesu ɖo aɖaŋu vevi sia na ameawo katã be: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie le ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.” (Luka 12:15) Aleke gbegbee kesinɔnuwo ɖasɔ gbɔ ɖe ame sii o, ɖe mava ku gbe ɖeka agblẽ wo katã ɖi oa? Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe si dzi woaɖo ŋkui bɔbɔe si ɖe ale si wòle vevie be woawɔ ŋkɔ nyui le Mawu gbɔ la fia tsɔ te gbe ɖe nya ma dzi ale:

“Kesinɔtɔ aɖe ƒe anyigba wɔ nu nyuie. Eya ta ebu le eɖokui me be, ‘Esi teƒe aɖeke megale asinye madzra nye agblemenukuwo ɖo o ɖe, nu ka wɔ ge mala?’ Eya ta egblɔ be, ‘Menya nu si mawɔ: Mamu nye nudzraɖoƒewo, eye matu esiwo lolo wu; afi mae madzra nye nukuwo katã kple nye nuwo katã ɖo, eye magblɔ na ɖokuinye be: “Èdzra nu nyui geɖe ɖo ɖi hena ƒe geɖewo; ɖe dzi ɖi, ɖu nu, no nu, eye nàɖu agbe.”’ Ke Mawu gblɔ nɛ be: ‘Movitɔ, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me. Ekema ame ka tɔe nu siwo nèdzra ɖo ɖi la azu?’ Nenemae wònɔna na ame si ƒo kesinɔnuwo nu ƒu na eɖokui, gake menye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o.”—Luka 12:16-21.

Kesinɔnuwo didi alo kɔlili wo ɖi ƒe mɔ̃ ate ŋu aɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpakple ame bubu siwo nɔ to ɖomee la hã. Agbemenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ hã ate ŋu ahe woƒe susu ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu. Eya ta Yesu gahe susu yi aɖaŋu nyui si wòɖo le Todzimawunyaa me anɔ abe ƒe ɖeka kple afã ene do ŋgɔ la dzi ake ale:

“Midzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe miaƒe agbe ŋu le nu si miaɖu ŋuti, alo le miaƒe ŋutilãwo ŋu le nu si miado ŋuti. . . . Mibu akpaviãwo ŋu kpɔ: Womeƒãa nu alo ŋea nu o, eye ava alo nudzraɖoƒe mele wo si o; ke hã Mawu nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu xeviwo oa? . . . Mibu ale si dzogbenyawo tsinae la ŋu kpɔ: Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o; gake mele egblɔm na mi be, le Salomo ƒe ŋutikɔkɔe la katã me gɔ̃ hã la, meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o. . . . Eya ta migatsi dzimaɖi ɖe nu si miaɖu kple nu si miano la ŋu o, eye midzudzɔ dzimaɖitsitsi fũu akpa . . . Mia Fofo nyae be nu siawo hiã mi. . . . Minɔ eƒe Fiaɖuƒe la didi dzi boŋ, eye woatsɔ nu siawo akpee na mi.”—Luka 12:22-31; Mateo 6:25-33.

Ame kawoe anɔ Mawu Fiaɖuƒea dim? Yesu ɖee fia be nuteƒewɔla ʋɛ aɖewo siwo wòyɔ be “alẽha sue” lae anɔ esia wɔm. Ava dze emegbe be woƒe xexlẽme nye 144,000 ko. Etsɔme kae li na wo? Yesu ka ɖe edzi na wo be: “Edze mia Fofo la ŋu be yeatsɔ Fiaɖuƒe la na mi.” Ame siawo ƒe susu manɔ kesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu ɖe anyigba dzi, afi si fiafitɔwo ate ŋu ava fi nu le la ŋu o. Ke boŋ woƒe dzi anɔ “nu xɔasi siwo nu mayi o” siwo le dziƒo, afi si woaɖu fia kple Kristo le la ŋu.—Luka 12:32-34.