Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 78

Aƒedzikpɔla Nuteƒewɔla, Nɔ Dzadzraɖoɖi!

Aƒedzikpɔla Nuteƒewɔla, Nɔ Dzadzraɖoɖi!

LUKA 12:35-59

  • ELE BE AƑEDZIKPƆLA NUTEƑEWƆLAA NANƆ DZADZRAÐOÐI

  • YESU VA MAMA DE GE AMEWO DOME

Yesu ɖe eme va yi be “alẽha sue” aɖe koe ayi Dziƒofiaɖuƒea me. (Luka 12:32) Gake ebia agbagbadzedze geɖe hafi ame ƒe asi nasu fetu nyui ma gbegbe dzi. Le nyateƒe me la, ete gbe ɖe ale si wòle vevie be nɔnɔme nyuitɔ nanɔ ame si hafi wòate ŋu ayi Fiaɖuƒea me la dzi.

Le esia ta, Yesu de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ dzadzraɖoɖi ɖe yeƒe tɔtrɔgbɔ ŋu. Egblɔ be: “Midzra ɖo, minɔ klalo, eye miaƒe akaɖiwo nenɔ bibim, eye minɔ abe ame siwo le woƒe aƒetɔ lalam be wòagbɔ tso srɔ̃ɖeƒe, ale be ne eva ɖo eye wòƒo ʋɔa la, yewoaʋui nɛ enumake la ene. Dzidzɔtɔwoe nye kluvi mawo siwo aƒetɔ la akpɔ be wole ŋudzɔ ne eva ɖo!”—Luka 12:35-37.

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ate ŋu ase ŋudzɔnɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu si wɔm wònɔ la gɔme bɔbɔe. Kluvi siwo ŋu wòƒo nu tsoe la le ŋudzɔ hele woƒe aƒetɔ ƒe tɔtrɔgbɔ lalam. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe woanye ne [aƒetɔ la va] le ŋudzɔɣi evelia [anɔ abe zã ga asieke lɔƒo va se ɖe zã ga wuieve ene], alo etɔ̃lia [anɔ abe zã ga wuieve lɔƒo va se ɖe fɔŋli ga etɔ̃ ene] gɔ̃ hã me, eye wòkpɔ wo wole ŋudzɔ!”—Luka 12:38.

Nya mawo yi ŋgɔ wu nuxɔxlɔ̃ ame be woanye aƒemesubɔvi dovevienuwo. Esia dze ƒãa le ale si Yesu, Amegbetɔvi la, ƒo nu tso eɖokui ŋu le kpɔɖeŋua me la me. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawo hã minɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo si miesusu o la dzi.” (Luka 12:40) Esia fia be Yesu ava le etsɔme. Eya ta edi be ye yomedzelawo, vevietɔ “alẽha sue” la, nanɔ dzadzraɖoɖi.

Petro di be yease nya si gblɔm Yesu le la gɔme nyuie, eya ta ebia be: “Aƒetɔ, míawo koe nèle lo sia dom na loo alo amewo katã?” Le esi Yesu naɖo Petro ƒe nyaa ŋu tẽe teƒe la, ewɔ kpɔɖeŋu si ɖi esi wòwɔ va yi la ale: “Ame ka tututue nye aƒedzikpɔla nuteƒewɔla, si dze aɖaŋu, si eƒe aƒetɔ aɖo eƒe subɔviwo ƒe ha la nu, be wòanɔ nuɖuɖu si asu na wo la nam wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi? Dzidzɔtɔe kluvi ma anye ne eƒe aƒetɔ gbɔ va kpɔe wòle ewɔm nenema! Vavã mele egblɔm na mi be, atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu.”—Luka 12:41-44.

Le kpɔɖeŋu si wòwɔ do ŋgɔ me la, edze ƒãa be ‘aƒetɔ lae’ nye Yesu, Amegbetɔvi la. Eme kɔ be “aƒedzikpɔla nuteƒewɔla” la nye ŋutsu siwo le “alẽha sue” si woatsɔ Fiaɖuƒea ana me la dometɔ aɖewo. (Luka 12:32) Yesu le gbɔgblɔm le afi sia be ƒuƒoƒo sia me tɔ aɖewo anɔ “eƒe subɔviwo ƒe ha” la nyim kple “nuɖuɖu si asu na wo la . . . le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” Eya ta Petro kple nusrɔ̃la bubu siwo Yesu nɔ nyinyim le gbɔgbɔ me to eƒe nufiafia dzi la ate ŋu aƒo nya ta be ɣeyiɣi aɖe le ŋgɔ gbɔna si Amegbetɔvi la ava. Eye le ɣemaɣi la, ɖoɖo aɖe anɔ anyi hena gbɔgbɔmenuɖuɖu nana Yesu yomedzelawo, siwo nye Aƒetɔ la ƒe “subɔviwo ƒe ha” la.

Yesu gate gbe ɖe susu si tae wòle be yeƒe nusrɔ̃lawo nanɔ ŋudzɔ ahalé ŋku ɖe woƒe nɔnɔme ŋu la dzi le mɔ bubu nu. Nu si tae nye be, ate ŋu adzɔ be womagava tsɔ ɖeke le eme o, eye woanɔ tsitre tsim ɖe wo hati tadeagulawo ŋu. Eya ta Yesu gblɔ be: “Ke ne kluvi ma agblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ mele gbɔgbɔm kaba o,’ eye wòade asi subɔviŋutsuwo kple subɔvinyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu ano nu eye wòamu aha la, kluvi ma ƒe aƒetɔ ava le gbe si gbe mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si menya o la me, eye wòahe to nɛ vevie ahana gomee kpe ɖe ame mawɔnuteƒewo ŋu.”—Luka 12:45, 46.

Yesu gblɔ be yeva “dzo do ge ɖe anyigba dzi.” Eye ewɔ esia hã esi wògblɔ nya siwo na nyaʋiʋli sesẽwo ɖo amewo dome, eye wòna alakpanufiafiawo kple kɔnyinyiwo bi, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Esia wɔnɛ be ame siwo woakpɔ mɔ be wo dome nanɔ kplikplikpli la gɔ̃ hã dome nama, “fofo kple viŋutsu dome ama, eye viŋutsu kple fofoa dome ama, vidada kple vianyɔnu dome ama, eye vinyɔnu kple dadaa dome ama, lɔ̃xo kple lɔ̃xoyɔvi dome ama, eye lɔ̃xoyɔvi kple lɔ̃xoa dome ama.”—Luka 12:49, 53.

Eƒe nusrɔ̃lawo koŋue wònɔ nya mawo gblɔm na. Ke azɔ Yesu trɔ ɖe amehawo ŋu. Wo dometɔ akpa gãtɔ sẽ dzi me hegbe be yewomaxɔ kpeɖodzi si fia be eyae nye Mesia la dzi ase o, eya ta egblɔ na wo be: “Ne miekpɔ alilikpo le dodom le ɣetoɖoƒe la, miegblɔna enumake be: ‘Tsi gã aɖe gbɔna,’ eye wòvaa eme hã. Eye ne miekpɔ be ya ƒo tso anyiehe la, miegblɔna be: ‘Xexea me le dzo xɔ ge,’ eye wòvaa eme hã. Alakpanuwɔlawo, mienya ale si mialé ŋku ɖe anyigba kple dziŋgɔli ƒe nɔnɔme ŋu, ke aleke wɔ mienya ale si mialé ŋku ɖe ɣeyiɣi sia tututu ya ŋu o?” (Luka 12:54-56) Edze ƒãa be womenɔ dzadzraɖoɖi o.