Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 80

Alẽkplɔla Nyui La Kple Alẽkpoawo

Alẽkplɔla Nyui La Kple Alẽkpoawo

YOHANES 10:1-21

  • YESU ƑO NU TSO ALẼKPLƆLA NYUI LA KPLE ALẼKPOAWO ŊU

Esi Yesu yi eƒe nufiafiaa dzi le Yudea la, eƒo nu tso alẽ kple alẽkpo siwo nye nu siwo ŋu eƒe nyaselawo nya nu tsoe nyuie la ŋu. Gake kpɔɖeŋu wɔm wònɔ. Yudatɔwo anya ɖo ŋku David ƒe nya siawo dzi be: “Yehowae nye Kplɔlanye. Naneke mahiãm o. Gbeɖuƒe damawo wòna metsyɔ akɔ ɖo.” (Psalmo 23:1, 2) Le psalmo bubu me la, David kpe dukɔa be: “Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu; mina míadze klo ɖe Yehowa mía Wɔla la ŋkume. Elabena eyae nye mía Mawu, míawo míenye dukɔ le eƒe lãnyiƒe.” (Psalmo 95:6, 7) Ɛ̃, tso blema ke la, wotsɔ Israel-vi siwo nɔ Sea te la sɔ kple alẽwo.

‘Alẽ’ siawo nɔ “alẽkpo” me le gɔmesesea nu be wodzi wo ɖe Mose ƒe Se ƒe nubablaa te. Sea nɔ abe kpɔtɔtɔ ene, si na woɖe ɖe vovo tso dukɔ siwo mele ɖoɖo sia me o la ƒe nuwɔna gbegblẽwo gbɔ. Gake Israel-vi aɖewo melé be na Mawu ƒe alẽawo o. Yesu gblɔ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ame si metoa agbo la nu gena ɖe alẽkpo la me o, ke boŋ wòlia teƒe bubu gena ɖe eme la, fiafitɔ kple adzodalae wònye. Ke ame si toa agboa nu gena ɖe eme la, eyae nye alẽawo ƒe kplɔla.”—Yohanes 10:1, 2.

Ðewohĩ ameawo ƒe susu ayi ame siwo va gblɔ be yewonye Mesia, alo Kristo la dzi. Ame siawo le abe fiafitɔwo kple adzodalawo ene. Mele be ameawo nadze ameflula mawo yome o. Ke boŋ ele be woadze “alẽawo ƒe kplɔla” la yome. Yesu gblɔ le ame sia ŋu be:

“Agbonudzɔla la ʋunɛ nɛ, eye alẽawo sea eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo ƒe ŋkɔ, eye wòkplɔa wo doa goe. Ne ekplɔ eya ŋutɔ tɔwo katã do goe la, edzea wo ŋgɔ, eye alẽawo dzea eyome, elabena wodze si eƒe gbe. Womadze ame tutɔ yome gbeɖe o, ke boŋ woasi le egbɔ, elabena womedzea si ame tutɔwo ƒe gbe o.”—Yohanes 10:3-5.

Do ŋgɔ la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela, si le abe agbonudzɔla ene la, gblɔ be Yesu ye nye ame si yome wòle be kpɔɖeŋu ƒe alẽ siwo le Sea te la nadze. Eye alẽ aɖewo siwo nɔ Galilea kple Yudea afi sia la de dzesi Yesu ƒe gbe. Afi kae ‘wòakplɔ wo ado goe’ ayi? Eye nu kae ado tso eyomedzedze me na wo? Ame siwo nɔ to ɖom kpɔɖeŋuawo la dometɔ aɖewo atsi yaa, elabena “womese nya siwo gblɔm wòle na wo la gɔme o.”—Yohanes 10:6.

Yesu ɖe eme be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Nyee nye agbo na alẽawo. Ame siwo katã va ɖe tenyeƒe la, fiafitɔwo kple adzodalawo wonye; ke alẽawo meɖo to wo o. Nyee nye agbo la; ame sia ame si toa menye yina ɖe eme la akpɔ ɖeɖe, eye wòayi ɖe eme agado go, eye wòakpɔ gbeɖuƒe.”—Yohanes 10:7-9.

Eme kɔ ƒãa be nya yeyee wònye gblɔm Yesu le. Eƒe nyaselawo nyae be menye eyae nye ʋɔtru na Se ƒe nubabla si li ƒe alafawoe nye ema la o. Eya ta anye be ɖe wòle gbɔgblɔm be ele be alẽ siwo ‘yeakplɔ ado goe’ la nage ɖe alẽkpo bubu me. Nu kae ado tso esia me?

Esi Yesu ganɔ eƒe wɔƒe ŋu nyaa me ɖem la, egblɔ be: “Nye la meva be woakpɔ agbe, eye be woakpɔe le agbɔsɔsɔ me. Nyee nye alẽkplɔla nyui la; alẽkplɔla nyui la tsɔa eƒe agbe ɖoa anyi ɖe alẽawo ta.” (Yohanes 10:10, 11) Do ŋgɔ la, Yesu fa akɔ na eƒe nusrɔ̃lawo esi wògblɔ be: “Alẽha sue, mègavɔ̃ o, elabena edze mia Fofo la ŋu be yeatsɔ Fiaɖuƒe la na mi.” (Luka 12:32) Le nyateƒe me la, “alẽha sue” sia me tɔwoe nye ame siwo Yesu akplɔ ayi alẽkpo yeye me, ale be “woakpɔ agbe, eye be woakpɔe le agbɔsɔsɔ me.” Yayra ka gbegbee nye esi wònye be ame nanye alẽha sia me tɔ!

Gake Yesu mese nyaa ɖe afi ma o. Egblɔ be: “Alẽ bubuwo le asinye, siwo metso alẽkpo sia me o; ele nam be makplɔ woawo hã vɛ, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka, alẽkplɔla ɖeka.” (Yohanes 10:16) ‘Alẽ bubu’ siawo “metso alẽkpo sia me o.” Eya ta efia be alẽkpo si me wotso la to vovo na alẽkpo si me “alẽha sue” si anyi Fiaɖuƒea dome la le. Etsɔme vovovowoe li na alẽkpo eve siawo me nɔlawo. Ke hã akpa si Yesu awɔ la aɖe vi na alẽkpo eveawo siaa me nɔlawo. Egblɔ be: “Esia tae Fofo la lɔ̃am ɖo, elabena metsɔ nye agbe ɖo anyi.”—Yohanes 10:17.

Ameha la me tɔ geɖe gblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, aɖaʋatɔe.” Gake wo dometɔ aɖewo ɖee fia be yewodi be yewoaɖo to Alẽkplɔla Nyui la ahadze eyome. Wogblɔ be: “Menye ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le ƒe nyawoe nye esiawo o. Ðe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwoa?” (Yohanes 10:20, 21) Edze ƒãa be Yesu ƒe gbedada le ŋutsu si wodzi ŋkuagbãtɔe ŋu la dzie wonɔ susu hem yi.