Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 81

Eya Kple Fofo La Le Ðeka, Gake Menye Eyae Nye Mawu O

Eya Kple Fofo La Le Ðeka, Gake Menye Eyae Nye Mawu O

YOHANES 10:22-42

  • “NYE KPLE FOFO LA MÍELE ÐEKA”

  • YESU GBE NUTSOTSO SI NYE BE YEE NYE MAWU

Yesu va Yerusalem hena Gbedoxɔŋukɔkɔŋkekenyuia (alo, Hanukkah) ɖuɖu. Woɖua ŋkekenyui sia tsɔ ɖoa ŋku ɣeyiɣi si me wogagbugbɔ kɔ gbedoxɔa ŋu la dzi. Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ la, Siria Fia Antiochus IV Epiphanes tu vɔsamlekpui aɖe ɖe vɔsamlekpui gã si nɔ Mawu ƒe gbedoxɔa me la dzi. Emegbe Yudatɔwo ƒe nunɔla aɖe viŋutsuwo gaxɔ Yerusalem hegbugbɔ kɔ gbedoxɔa ŋu na Yehowa. Tso ema dzi la, woɖua azã ƒe sia ƒe le ɣleti si nye Kislev 25 lia dzi. Ɣleti sia dzea egɔme tso November ƒe domedome va se ɖe December ƒe domedome.

Vuvɔŋɔli ɖo azɔ. Yesu le zɔzɔm le gbedoxɔa ƒe akpa si woyɔna be Salomo ƒe akpata la me. Yudatɔwo va ƒo xlãe le afi sia hebiae be: “Ɣekaɣi nàna míalala ase ɖo? Ne wòe nye Kristo la, gblɔe na mí faa.” (Yohanes 10:22-24) Aleke Yesu aɖo eŋu na woe? Egblɔ be: “Megblɔe na mi, gake miexɔe se o.” Yesu megblɔe na wo tẽe be yee nye Kristo la abe ale si wògblɔe na Samaria-nyɔnua le vudoa to ene o. (Yohanes 4:25, 26) Gake do ŋgɔ la, ena amewo nya ame si wònye esi wògblɔ be: “Hafi Abraham nava dzɔ la, nye ya meli xoxo.”—Yohanes 8:58.

Yesu di be amewo natsɔ dɔ siwo wɔm yele la asɔ kple nu siwo wogblɔ ɖi be Kristo la awɔ, ale be woawo ŋutɔwo naƒo nya ta be yee nye Kristo la. Esia tae wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ɣeaɖewoɣi be womegagblɔ na ame aɖeke be yee nye Mesia la o. Gake fifia ya egblɔ na Yudatɔ mawo siwo tsi tsitre ɖe eŋu la kã be: “Dɔ siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔ me la, woawoe le ɖase ɖim le ŋunye. Ke miawo ya miexɔe se o.”—Yohanes 10:25, 26.

Nu ka tae womexɔe se be Yesu ye nye Kristo la o? Yesu gblɔ be: “Miawo ya miexɔe se o, elabena menye nye alẽwoe mienye o. Nye alẽwo sea nye gbe, menya wo, eye wodzea yonyeme. Menaa agbe mavɔ wo, womatsrɔ̃ akpɔ gbeɖe o, eye ame aɖeke mele wo xɔ ge le asinye sesẽe o. Nu si Fofonye tsɔ nam la xɔ asi wu nu bubuwo katã.” Eyome Yesu na wonya ale si gbegbe eya kple Fofoa dome le kplikplikpli esi wògblɔ be: “Nye kple Fofo la míele ɖeka.” (Yohanes 10:26-30) Yesu nɔ anyigba dzi afi sia, eye Fofoa nɔ dziƒo, eya ta eƒe nyaa mate ŋu afia be eya kple Fofoa wonye ame ɖeka ŋutɔŋutɔ o. Nu si wòfia boŋue nye be tameɖoɖo ɖekae le wo si eye wowɔa nu aduadu.

Yesu ƒe nyawo ku dzi na Yudatɔwo ale gbegbe be wogafɔ kpewo be yewoaƒui wòaku. Gake esia medo ŋɔdzi na Yesu o. Egblɔ be: “Mewɔ dɔ nyui geɖe siwo Fofonye de asi nam la fia mi. Dɔ siawo dometɔ ka tae miele kpe ƒu gem ɖo?” Woɖo eŋu be: “Menye dɔ nyui wɔwɔ tae míele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busunyagbɔgblɔ ta; elabena . . . èwɔ ɖokuiwò mawui.” (Yohanes 10:31-33) Esi Yesu megblɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ be mawue yenye o ɖe, ke nu ka tae wotso enu alea?

Nu si tae nye be ŋusẽ siwo Yesu gblɔ be wole ye si la nye esiwo Yudatɔwo susu be Mawu ɖeɖe ko sie wole. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ tso ‘alẽawo’ ŋu be: “Menaa agbe mavɔ wo,” evɔ esia nye nu si amegbetɔwo mate ŋu awɔ o. (Yohanes 10:28) Yudatɔwo ŋe aɖaba ƒu nyateƒe si wònye be Yesu gblɔe le gaglãgbe be ye Fofo gbɔe yexɔ ŋusẽ tsoe la dzi.

Yesu ɖee fia be woƒe nutsotsoa mele eteƒe o esi wòbia wo be: “Ðe womeŋlɔ ɖe miaƒe Se la me [le Psalmo 82:6] be, ‘Mebe: “Mawuwo mienye” oa’? Ne eyɔ ame siwo Mawu ƒe nya la bu fɔ la be ‘mawuwo,’ . . . la, ɖe miele gbɔgblɔm na nye, ame si ŋuti Fofo la kɔ hedɔ ɖe xexea me la be, ‘Ègblɔ busunya,’ elabena megblɔ be ‘Mawu ƒe Vie menyea’?”—Yohanes 10:34-36.

Ɛ̃, Ŋɔŋlɔawo yɔ amegbetɔ ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔwo gɔ̃ hã be “mawuwo.” Eya ta ɖe Yudatɔ siawo ate ŋu aɖe vodada na Yesu le esi wògblɔ be ‘Mawu ƒe Vie menye’ ta? Azɔ ehe woƒe susu yi nane si wòle be wòana woakpɔ ame si wònye la adze sii dzi be: “Ne nyemele Fofonye ƒe dɔwo wɔm o la, ekema migaxɔ dzinye se o. Ke ne mele wo wɔm la, ekema ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nye dɔwɔwɔawo ya dzi se, ne mianyae, eye miase egɔme be Fofo la wɔ ɖeka kplim, eye nye hã mewɔ ɖeka kple Fofo la.”—Yohanes 10:37, 38.

Nya siawo wɔe be Yudatɔwo dze agbagba be yewoalé Yesu, gake egasi. Edzo le Yerusalem eye wòtso Yordan-tɔsisia heyi afi si Yohanes dze amewo nyɔnyrɔ gɔme le anɔ abe ƒe ene kloe nye ema va yi. Edze ƒãa be afi sia medidi tso Galilea-ƒua ƒe anyieheƒuta gbɔ o.

Amehawo va Yesu gbɔ hegblɔ be: “Yohanes mewɔ dzesi ɖeka pɛ hã o, gake nya siwo katã Yohanes gblɔ tso ame sia ŋu la nye nyateƒe.” (Yohanes 10:41) Ale Yudatɔ geɖewo xɔ Yesu dzi se.