Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 82

Subɔsubɔdɔ Si Yesu Wɔ Le Perea

Subɔsubɔdɔ Si Yesu Wɔ Le Perea

LUKA 13:22–14:6

  • EBIA ƲIƲLI BE WOATO AGBO XAXƐ LA NU AGE ÐE EME

  • ELE BE YESU NAKU LE YERUSALEM

Yesu fia nu amewo heda gbe le amewo ŋu le Yudea kple Yerusalem. Emegbe etso Yordan-tɔsisia yi ɖafia nu tso du me yi du me le Perea nutoa me. Gake le esia megbe kpuie la, agatrɔ ayi Yerusalem.

Esime Yesu le Perea la, ŋutsu aɖe biae be: “Aƒetɔ, ame ʋɛ aɖewo koe akpɔ ɖeɖea?” Anye be ŋutsua nya nu tso nyaʋiʋli si nɔ subɔsubɔhakplɔlawo dome ku ɖe ame ale si nu akpɔ ɖeɖe ŋu, nenye be woasɔ gbɔ loo alo woanɔ ʋɛ. Le esi Yesu naƒo nu tso ame ale si nu akpɔ ɖeɖe ŋu teƒe la, etrɔ susu ɖe nu si wòle be ame nawɔ hafi akpɔ ɖeɖe la boŋ ŋu. Egblɔ be: “Miʋli sesĩe be miato agbo xaxɛ la nu age ɖe eme.” Ɛ̃, ebia agbagbadzedze kple ʋiʋli sesĩe. Nu ka tae? Yesu ɖe eme be: “Mele egblɔm na mi be: Ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, ke womate ŋui o.”—Luka 13:23, 24.

Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖe ale si wòhiã be woaʋli sesĩe la me ale: “Ne aƒea tɔ tso do ʋɔa la, miatɔ ɖe xexe anɔ ʋɔa ƒom anɔ gbɔgblɔm be, ‘Aƒetɔ, ʋui na mí.’ . . . Ke agblɔ na mi be, ‘Nyemenya afi si mietso o. Mite ɖa le gbɔnye, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo katã!’”—Luka 13:25-27.

Kpɔɖeŋu sia na míekpɔ ale si nuwo anɔ na ame si tsi megbe va le ɣeyiɣi si ɖewohĩ sɔ na eya ŋutɔ la dzi eye wòkpɔe be wodo ʋɔa ɖe ye nu. Ðe wòle be wòava kaba, nenye be ɣeyiɣia masɔ nɛ o gɔ̃ hã. Nenemae wòle le ame geɖe siwo wòle be Yesu ƒe nufiafiawo naɖe vi na esime wònɔ wo gbɔ la hã gome. Womewɔ mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi na wo be woana subɔsubɔ vavãtɔ nanye nu vevitɔ na wo le agbe me la ŋu dɔ o. Ame siwo gbɔ wodɔ Yesu ɖo la dometɔ akpa gãtɔ tu afɔkpo ɖoɖo si Mawu wɔ hena woƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Yesu gblɔ be ‘woafa avi ahaɖu aɖukli’ ne wotsɔ wo ƒu gbe ɖe xexe. Gake amewo atso “ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, dziehe kple anyiehe” ɛ̃, woatso dukɔwo katã me, ava nɔ “kplɔ̃ ŋu le Mawu Fiaɖuƒe la me.”—Luka 13:28, 29.

Yesu ɖe eme be: “Ame mlɔetɔ aɖewo li, [abe ame siwo menye Yudatɔwo o kple Yudatɔ siwo wote ɖe anyi] siwo ava zu gbãtɔwo, eye ame gbãtɔ aɖewo li, [Yudatɔ haŋgɔnɔla siwo wònye dada na be yewonye Abraham ƒe dzidzimeviwo] siwo ava zu mlɔetɔwo.” (Luka 13:30) Ame “mlɔetɔ” siwo woazu la fia be ame mawo siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o la manɔ Mawu Fiaɖuƒea me kura o.

Farisitɔ aɖewo va Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be: “Tso nàdzo le afi sia, elabena Herodes [Antipa] le didim be yeawu wò.” Ðewohĩ Fia Herodes ŋutɔe dze wobewobe sia gɔme be yeatsɔ ana Yesu nasi le nutoa me. Anye be Herodes nɔ vɔvɔ̃m be nane agate ŋu adzɔ si ana be yeawu nyagblɔɖila bubu abe ale si yewu Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa ene. Gake Yesu gblɔ na Farisitɔawo be: “Miyi ɖagblɔ na abei ma be: ‘Kpɔ ɖa, mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam do goe, eye mele dɔ dam egbe kple etsɔ, eye mawu nye dɔ la nu le ŋkeke etɔ̃a gbe.’” (Luka 13:31, 32) Anye be Yesu yɔ Herodes be “abei” be yeatsɔ ahe susu ayi ale si abeiwo dze ayee la dzi. Gake Yesu maɖe mɔ be Herodes alo ame bubu aɖeke naɖo nu na ye alo aƒo dzo ɖe ye te o. Awɔ dɔ si Fofoa de esi la ade goe ɖe ɖoɖo si nu Mawu di be wòazɔ ɖo la nu, ke menye ɖe amegbetɔ tɔ nu o.

Yesu yi eƒe mɔzɔzɔa dzi ɖo ta Yerusalem, elabena abe ale si wògblɔe ene la, “womeɖe mɔ be woawu nyagblɔɖila le teƒe bubu aɖeke wu Yerusalem o.” (Luka 13:33) Biblia me nyagblɔɖi aɖeke megblɔ be ele be Mesia la naku le du ma me o, ke nu ka tae Yesu gblɔ be woawu ye le afi ma? Elabena Yerusalem ye nye fiadua, afi si Sanhedrin ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ si me ame 71 le la le, eye afi mae wodrɔ̃a ʋɔnu ame siwo nu wotso be wonye aʋatsonyagblɔɖilawo la le. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, afi mae wotsɔa lãwo saa vɔe le. Eya ta Yesu kpɔe be masɔ be woawu ye le teƒe bubu o.

Yesu fa konyi be: “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe ame siwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ—zi nenie nyemehedi be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋalawo te ene o! Ke mielɔ̃ o! Kpɔ ɖa! Wogblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi.” (Luka 13:34, 35) Dukɔa gbe nu le Mawu ƒe Vi la gbɔ, eya ta ele be woakpɔ esia me tsonu!

Hafi Yesu naɖo Yerusalem la, Farisitɔwo ƒe amegã aɖe kpee be wòava ɖu nu le ye ƒe me le Sabat dzi. Ame kpekpeawo nɔ ŋku lém ɖe Yesu ŋu be yewoakpɔe ɖa be nu kae wòawɔ na ŋutsu aɖe si nɔ afi ma si nɔ tetedɔ (si nana ame ƒe ŋutinuwo, vevietɔ afɔwo tena) la lém hã. Yesu bia Farisitɔwo kple ame siwo nya Sea nyuie la be: “Ðe se ɖe mɔ be woada dɔ le Sabat dzi loo alo se meɖe mɔ o?”—Luka 14:3.

Ame aɖeke meke nu o. Yesu da gbe le amea ŋu eye wòbia wo be: “Mia dometɔ kae li, ne viaŋutsu alo eƒe nyitsu ge ɖe vudo me le Sabat dzi la, maɖee enumake o?” (Luka 14:5) Wo dometɔ aɖeke meɖo nya sia si me susu le la hã ŋu o.