Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 83

Ame Kawoe Mawu Kpe Be Woava Ðu Nu Le Kplɔ̃ Ŋu?

Ame Kawoe Mawu Kpe Be Woava Ðu Nu Le Kplɔ̃ Ŋu?

LUKA 14:7-24

  • ÐOKUIBƆBƆ ŊUTI NUFIAME AÐE

  • AME KPEKPEWO DO TAFLATSƐ

Esi Yesu da gbe le ŋutsu si nɔ tetedɔ lém ŋu vɔ la, egakpɔtɔ le Farisitɔ la ƒe aƒe me. Yesu de dzesi ale si ame bubu siwo wokpe la le nɔƒe vevitɔwo tiam le kplɔ̃ɖoƒea, eya ta ewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ fia nu tso ɖokuibɔbɔ ŋu.

Yesu gblɔ be: “Ne ame aɖe kpe wò va srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋu la, mègava nɔ bubunɔƒe gãtɔ o. Ðewohĩ ekpe ame aɖe si nye bubume wu wò la hã vɛ. Eye ame si kpe wò kplii la ava gblɔ na wò be: ‘Tsɔ wò nɔƒe na ame sia.’ Ekema àtsɔ ŋukpe ayi aɖanɔ nɔƒe mlɔetɔ.”—Luka 14:8, 9.

Yesu gblɔ kpee be: “Ne wokpe wò la, yi ɖanɔ anyi ɖe nɔƒe mlɔetɔ, ale be ne ame si kpe wò la va la, wòagblɔ na wò be: ‘Xɔ̃nye, yi ɖanɔ nɔƒe si ŋu bubu le wu.’ Ekema anye bubu na wò le ame kpekpe susɔeawo katã ŋkume.” Menye nɔnɔme nyui ɖeɖe fia ta koe wògblɔ nya ma o. Yesu ɖe eme be: “Elabena ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame sia ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.” (Luka 14:10, 11) Ɛ̃, enɔ dzi dem ƒo na ame siwo nɔ to ɖomee la be woasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ.

Azɔ Yesu gafia nu vevi aɖe Farisitɔ si kpee la ku ɖe ale si wòaɖo kplɔ̃ si ŋu viɖe ŋutɔŋutɔ le le Mawu gbɔ la ŋu. Egblɔ be: “Ne èɖo ŋdɔ alo fiẽ kplɔ̃ la, mègakpe xɔ̃wòwo alo nɔviwòwo alo wò ƒometɔwo alo aƒelika kesinɔtɔwo o. Elabena ɖewohĩ woawo hã woava kpe wò gbe ɖeka, eye ema azu teƒeɖoɖo na wò. Ke boŋ ne èɖo kplɔ̃ la, kpe ame dahewo, nuwɔametɔwo, bunɔwo kple ŋkuagbãtɔwo; ekema àkpɔ dzidzɔ, le esi naneke mele wo si woatsɔ aɖo eteƒe na wò o la ta.”—Luka 14:12-14.

Edzɔa dzi na mí be míakpe mía xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, alo aƒelikawo be woava ɖu nu kpli mí, eye menye ɖe Yesu le gbɔgblɔm be esia mesɔ o. Ke hã enɔ gbe tem ɖe edzi be kplɔ̃ɖoɖo na ame siwo dzi nu mede o, abe ame dahewo, bunɔwo kple ŋkuagbãtɔwo ene ate ŋu ahe yayra geɖe vɛ. Yesu gblɔ na ame si kpee la be: “Woaɖo eteƒe na wò le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi la me.” Ame bubu si hã wokpe la lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si aɖu nu le Mawu Fiaɖuƒe la me.” (Luka 14:15) Ede dzesi mɔnukpɔkpɔ si gbegbe esia anye. Ke hã, menye ame sia amee akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o, eye Yesu wɔ esia ƒe kpɔɖeŋu ale:

“Ame aɖe ɖo fiẽnuɖukplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ame geɖewo. . . . Edɔ eƒe kluvi ɖa be wòayi aɖagblɔ na ame kpekpeawo be, ‘Miva, elabena nu sia nu sɔ gbe.’ Ke wo katã wodo taflatsɛ. Ame gbãtɔ gblɔ nɛ be, ‘Meƒle agble, eye ele nam be mayi aɖakpɔe ɖa; eya ta meɖe kuku, nyemate ŋu ava o.’ Eye ame bubu gblɔ be, ‘Meƒle nyi eveeve teƒe atɔ̃, eye meyina wo do ge kpɔ, eya ta meɖe kuku, nyemate ŋu ava o.’ Ame bubu hã gblɔ be, ‘Ðeko meɖe srɔ̃e nye esia, eya ta nyemate ŋu ava o.’”—Luka 14:16-20.

Nya maɖinya kawoe nye esi wotsɔ do taflatsɛ! Zi geɖe la, ame léa ŋku ɖe agble alo lãwo ŋu hafi ƒlea wo, eya ta mehiã kpata be wòagalé ŋku ɖe wo ŋu le wo ƒeƒle megbe o. Le ame etɔ̃lia gome la, menye ɖe wòle dzadzram ɖo be yeaɖe srɔ̃ o. Eɖe srɔ̃a xoxo, eya ta mele be esia nana wòagbe wɔwɔ ɖe amekpekpe vevi ma dzi o. Esi aƒetɔa se taflatsɛdodo mawo la, dzi kui wògblɔ na eƒe kluvi la be:

“Netsɔ, yi dua ƒe ablɔwo me kple kpɔdomeewo, eye nàkplɔ ame dahewo, nuwɔametɔwo, ŋkuagbãtɔwo kple bunɔwo vɛ.” Esi kluvi la wɔ esia vɔ gɔ̃ hã la, nɔƒewo gali. Eya ta aƒetɔ la gblɔ na kluvi la be: “Yi mɔwo dzi kple ablɔwo me, eye nàƒoe ɖe amewo nu be woava, ne nye aƒea me nayɔ. Elabena mele egblɔm na mi be, ame mawo, siwo mekpe hafi wogbe la, dometɔ aɖeke maɖɔ nye fiẽnuɖuɖu la kpɔ o.”—Luka 14:21-24.

Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ fifia la ɖe ale si Yehowa Mawu na Yesu Kristo kpe amewo be woava nyi Dziƒofiaɖuƒea dome la me nyuie. Yudatɔwo, vevietɔ subɔsubɔhakplɔlawoe nye ame gbãtɔ siwo wokpe. Gake le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi katã la, wo dometɔ akpa gãtɔ gbe amekpekpea. Ke hã, menye woawo koe woakpe o. Yesu ƒe nyawo ɖee fia kɔtɛ be le etsɔme la, amekpekpe evelia ayi na Yudatɔ tsɛwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo. Le ema megbe la, amekpekpe etɔ̃lia si nye mamlɛtɔ la ayi na ame siwo Yudatɔwo buna be womedze le Mawu ŋkume o.—Dɔwɔwɔwo 10:28-48.

Ɛ̃, nya si gblɔm Yesu le la ɖo kpe nu si ame bubu si hã wokpe la gblɔ dzi vavã. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si aɖu nu le Mawu Fiaɖuƒe la me.”