Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 89

Efia Nu Le Perea Esime Wòle Mɔ Dzi Yina Yudea

Efia Nu Le Perea Esime Wòle Mɔ Dzi Yina Yudea

LUKA 17:1-10 YOHANES 11:1-16

  • ENYE ŊKUBIÃNYA BE WOAHE AME ADE NU VƆ̃ ME

  • TSƆTSƆKE KPLE XƆSE ÐEÐE FIA

Ɣeyiɣi aɖee nye esia Yesu le teƒe si woyɔna be Perea, si le “Yordan godo.” (Yohanes 10:40) Fifia eɖo ta Yerusalem, si le anyiehe gome.

Menye Yesu ɖekae le mɔa zɔm o. Eƒe nusrɔ̃lawo kple “ameha gã aɖe” le mɔa zɔm kplii. Ameha la dometɔ aɖewo nye adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo. (Luka 14:25; 15:1) Farisitɔwo kple agbalẽfiala siwo ƒoa nu tsia tre ɖe nya siwo Yesu gblɔna kple nu siwo wòwɔna ŋu la hã le ameawo dome. Lo siwo Yesu do ku ɖe alẽ búbu la, vi búbu la kpakple kesinɔtɔ la kple Lazaro ŋu la ana woabu tame le nu geɖe ŋu.—Luka 15:2; 16:14.

Ðewohĩ esi ame siwo ƒoa nu tsia tsitre ɖe Yesu ŋu heɖua fewu le eŋu la ƒe nu gale susu me nɛ la, etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu. Ehe woƒe susu yi nu siwo ŋu wòƒo nu tsoe va yi le Galilea la dometɔ aɖewo dzi.

Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Nu siwo ahe amewo ade nu vɔ̃ me la ava godoo. Gake baba na ame si dzi woato ava! . . . Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie. Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò la, ka mo nɛ, eye ne etrɔ dzi me la, tsɔe kee. Ne ewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò zi adre gɔ̃ hã le ŋkeke ɖeka me, eye wògatrɔ va gbɔwò zi adre gblɔ be, ‘Metrɔ dzi me’ la, ele be nàtsɔe akee.” (Luka 17:1-4) Nya mamlɛ siawo ana Petro naɖo ŋku nya si wòbia va yi ku ɖe nu vɔ̃ tsɔtsɔ ke va se ɖe zi adre ŋu la dzi.—Mateo 18:21.

Ðe nusrɔ̃lawo ate ŋu awɔ Yesu ƒe nyawo dzia? Esi wogblɔ na Yesu be, “Na míaƒe xɔse nadzi ɖe edzi” la, egblɔ na wo kple kakaɖedzi be: “Ne xɔse le mia si de sinapi-ku ƒe lolome nu la, ekema miagblɔ na ati sia be, ‘Ho yi ɖadze atsiaƒu me!’ eye aɖo to mi.” (Luka 17:5, 6) Ɛ̃, xɔse sue aɖe ƒe ame si nɔnɔ gɔ̃ hã ate ŋu ana wòawɔ nu gãwo.

Le Yesu ƒe nyaa dzi yiyi me la, efia nu tso ale si wòle vevie be ame nabɔbɔ eɖokui eye wòada asɔ le ale si wòbua eɖokui me esi wògblɔ na apostoloawo be: “Mia dometɔ ka ƒe kluvie anɔ agble ŋlɔm alo anɔ lãwo kplɔm, eye ne etso agble gbɔ la, wòagblɔ nɛ be, ‘Va afii nànɔ kplɔ̃ ŋu aɖu nu zi ɖeka’? Menye ɖe wòagblɔ nɛ boŋ be, ‘Wɔ nye fiẽnuɖuɖu nam, eye do akɔtawu nàsubɔm va se ɖe esime maɖu nu ano nu vɔ, eye esia megbe àte ŋu aɖu nu ano nu’ oa? Ðe wòada akpe na kluvi la le esi wòwɔ dɔ siwo wode esi la ta? Nenema kee miawo hã, ne miewɔ nu siwo katã woɖo na mi la, migblɔ be: ‘Kluvi gbɔlowo koe míenye. Nu si wòle be míawɔ lae míewɔ.’”—Luka 17:7-10.

Ele be Mawu subɔla ɖe sia ɖe nakpɔ ale si wòle vevie be wòatsɔ nu siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la aɖo nɔƒe gbãtɔe. Gawu la, ele be ame sia ame naɖo ŋku edzi be mɔnukpɔkpɔe wònye be yeanɔ Mawu ƒe aƒemetɔ siwo subɔnɛ la dome.

Anye be le esia megbe kpuie koe ame dɔdɔ aɖe tso Maria kple Marta gbɔ va. Nyɔnu siawo nye Lazaro nɔvinyɔnuwo, eye wole Betania, le Yudea. Ame dɔdɔa gblɔ be: “Aƒetɔ, kpɔ ɖa, ame si gbɔ mèlɔ̃a nu le o la le dɔ lém.”—Yohanes 11:1-3.

Togbɔ be Yesu se be ye xɔlɔ̃ Lazaro dze dɔ vevie hã la, mexa nu akpa o. Egblɔ be: “Menye kudɔe dɔléle sia nye o, ke boŋ woato edzi ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu, eye woado Mawu ƒe Vi la ɖe dzi.” Ekpɔtɔ nɔ afi si wòle la ŋkeke eve, eye emegbe egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina míatrɔ ayi Yudea.” Nya la mevivi wo nu o, eya ta wogblɔ be: “Rabi, nyitsɔ laa koe Yudeatɔwo di be yewoaƒu kpe wò, eye nègale afi ma yi gea?”—Yohanes 11:4, 7, 8.

Yesu ɖo eŋu na wo be: “Alo menye gaƒoƒo wuievee kekeli nɔa anyi le ŋkeke me oa? Ne ame aɖe le zɔzɔm le kekeli nu le ŋkeke me la, meklia nu o, elabena kekelia na wòle nu kpɔm. Gake ne ame aɖe le zɔzɔm le zã me la, eklia nu, elabena kekeli mele eme o.” (Yohanes 11:9, 10) Anɔ eme be Yesu ƒe nyaa fia be ɣeyiɣi si Mawu ɖo ɖi be wòawu eƒe subɔsubɔdɔa nu la mede haɖe o. Eya ta hafi ɣeyiɣia nade la, ele be Yesu nawɔ ɣeyiɣi kpui si susɔ la ŋu dɔ bliboe.

Yesu gblɔ kpee be: “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, gake meyina be maɖanyɔe.” Nusrɔ̃lawo anya susui be ɖeko Lazaro le ɖiɖim ɖe eme eye eƒe lãme asẽ, eya ta wogblɔ be: “Aƒetɔ, ne alɔ̃ dɔmee wòle la, ekema eƒe lãme asẽ.” Yesu ʋu eme na wo kɔtɛ azɔ be: “Lazaro ku . . . Ke mina míayi egbɔ.”—Yohanes 11:11-15.

Toma nya be woate ŋu awu Yesu le Yudea, gake esi wòdi be yeaɖee afia be yewole megbe nɛ ta la, egblɔ na nusrɔ̃la bubuawo be: “Mina míawo hã míayi, ne míaku kplii.”—Yohanes 11:16.