Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 92

Woda Gbe Le Anyidɔléla Ewo Ŋu, Gake Ðeka Koe Va Da Akpe

Woda Gbe Le Anyidɔléla Ewo Ŋu, Gake Ðeka Koe Va Da Akpe

LUKA 17:11-19

  • YESU DA GBE LE ANYIDƆLÉLA EWO ŊU

Yesu gblẽ tame si Sanhedrin la ɖo be yewoawui la me esi wòdzo yi Efrayim, si le Yerusalem ƒe dzieheɣedzeƒe godzi. Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ afi ma, ale be eƒe futɔwo nagakpɔe o. (Yohanes 11:54) Ke hã, ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia nɔ ɖoɖom, eya ta eteƒe medidi hafi Yesu gadze mɔ o. Eɖo ta dziehe yi ɖato Samaria yi Galilea. Esiae nye zi mamlɛtɔ si wòyi nuto sia me do ŋgɔ na eƒe ku.

Esi wodze mɔa teti eye wole mɔ zɔm tso kɔƒe aɖe me yina bubu me la, Yesu do go ŋutsu ewo siwo nye anyidɔlélawo. Dɔléle sia tea ŋu nana ame ƒe ŋutinuwo abe asibidɛwo, afɔbidɛwo, alo towo ene nɔa nyinyim vivivi. (4 Mose 12:10-12) Mawu ƒe Sea gblɔ be ele be anyidɔléla nanɔ ɣli dom be “Ŋunye mekɔ o hee, ŋunye mekɔ o hee!” eye wòaɖe ɖe aga hã.—3 Mose 13:45, 46.

Le esia ta, anyidɔléla ewoawo nɔ adzɔge tso Yesu gbɔ. Ke hã wodo ɣli sesĩe be: “Yesu, Nufiala, kpɔ nublanui na mí!” Esi Yesu kpɔ wo la, egblɔ na wo be: “Miyi ɖatsɔ mia ɖokuiwo fia nunɔlawo.” (Luka 17:13, 14) Esia ɖee fia be ede bubu Mawu ƒe Sea ŋu, elabena le Sea nu la, nunɔlawoe gblɔnɛ nenye be ame siwo ŋu anyidɔ nɔ la haya vavã. Ne wohaya la, ekema woagate ŋu anɔ amewo dome.—3 Mose 13:9-17.

Anyidɔléla ewoawo ka ɖe edzi be Yesu ate ŋu ada gbe le yewo ŋu nukutɔe. Wodze mɔ be yewoaɖatsɔ yewo ɖokuiwo afia nunɔlawo, togbɔ be womeda gbe le wo ŋu haɖe o hã. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, woɖo ale si woxɔ Yesu dzi see la teƒe na wo. Wosee le wo ɖokui me hekpɔe hã be woda gbe le yewo ŋu!

Anyidɔléla siwo ŋuti kɔ la dometɔ asieke yi woƒe azɔlia dzi. Gake wo dometɔ ɖeka si nye Samariatɔ ya mewɔe nenema o. Etrɔ yi Yesu gbɔ boŋ. Nu ka tae? Ŋutsua kpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yesu wɔ nɛ la ŋu ale gbegbe. Ame sia si nye anyidɔléla tsã la le “Mawu kafum lélele,” elabena ekpɔe be Mawue na yehaya. (Luka 17:15) Esi wòkpɔ Yesu la, eva tsyɔ mo anyi ɖe eƒe afɔnu heda akpe nɛ.

Yesu gblɔ na ame siwo le eŋu la be: “Menye ame ewoawo katã ŋutie kɔ oa? Ke ame asieke mamlɛawo ya ɖe? Aleke wɔ wo dometɔ aɖeke megbugbɔ va tsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu o, negbe dukɔ bubu me tɔ sia ko?” Azɔ Yesu gblɔ na Samariatɔ la be: “Tso nàdzo, wò xɔse na nèhaya.”—Luka 17:17-19.

Ale si Yesu te ŋu da gbe le anyidɔléla ewoawo ŋu la fia be Yehowa Mawu le megbe nɛ. Azɔ menye ɖeko Yesu da gbe le wo dometɔ ɖeka ŋu ko o, ke edze ƒãa be ele mɔ si kplɔa ame yia agbe me la dzi hã. Ele eme be Mawu meto Yesu dzi le gbe dam na amewo nukutɔe nenema le míaƒe ŋkekea me ya o. Ke hã, ne míexɔ Yesu dzi se la, míate ŋu ava nɔ mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la dzi. Ðe míaɖee afia be míenye akpedalawo abe ale si Samariatɔ la wɔe enea?