Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 101

Yesu Ðu Nu Le Simon Ƒe Me Le Betania

Yesu Ðu Nu Le Simon Ƒe Me Le Betania

MATEO 26:6-13 MARKO 14:3-9 YOHANES 11:55–12:11

  • YESU TRƆ YI BETANIA, SI GOGO YERUSALEM

  • MARIA KƆ AMI ƲEƲĨ ÐE YESU ƑE AFƆWO DZI

Esi Yesu dzo le Yeriko la, eɖo ta Betania. Enye todzimɔ si didi abe kilometa 20 ene, eye edzi zɔzɔ mele bɔbɔe o. Yeriko dua le anyi me meta 250 wu atsiaƒu ƒe sɔsɔme, eye Betania dua le afi si kɔkɔ wu atsiaƒu meta 610. Lazaro kple nɔvianyɔnu eveawo le kɔƒe sue si nye Betania, si didi kilometa etɔ̃ tso Yerusalem gbɔ la me. Enye toŋudu si le Amitoa ƒe ɣedzeƒekpa dzi.

Yudatɔ geɖe va ɖo Yerusalem xoxo hena Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu. Wova kaba be ‘yewoakɔ yewo ɖokuiwo ŋu le kɔa nu,’ kple susu be ɖewohĩ yewoka asi nu kuku aɖe ŋu alo wɔ nane si na be yewo ŋu mekɔ o. (Yohanes 11:55; 4 Mose 9:6-10) Ame siwo va kaba la dometɔ aɖewo ƒo ƒu ɖe gbedoxɔa me. Woƒe susu nɔ wɔwɔm eveveve ku ɖe Yesu ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe vava ŋu.—Yohanes 11:56.

Amewo ƒe susu to vovo ŋutɔ le ame si Yesu nye ŋu. Subɔsubɔhakplɔla aɖewo di be yewoalé Yesu awu. Le nyateƒe me la, wode se be ne ame aɖe nya afi si Yesu le la, nena yewoanya “ne yewoalée.” (Yohanes 11:57) Do ŋgɔ la, subɔsubɔhakplɔla siawo te kpɔ be yewoawu Yesu le esi wòfɔ Lazaro ɖe tsitre ta. (Yohanes 11:49-53) Eya ta eme kɔ be ame aɖewo susu be ɖewohĩ Yesu mado ɖe amewo dome kura o.

Yesu va ɖo Betania le Fiɖagbe, si nye “ŋkeke ade do ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi.” (Yohanes 12:1) Ŋkeke bubu (Sabat, Nisan 8 lia) adze egɔme gbe ma gbe ƒe ɣeɖoto. Esia fia be Yesu wu eƒe mɔzɔzɔa nu do ŋgɔ na Sabat ŋkekea. Mate ŋu azɔ mɔ tso Yeriko le Sabat, si dzea egɔme tso Fiɖa ƒe ɣeɖoto va se ɖe Memleɖa ƒe ɣeɖoto dzi o, elabena mɔzɔzɔ alea tsi tre ɖe Yudatɔwo ƒe se ŋu. Anye be Yesu yi Lazaro ƒe aƒe me, abe ale si wòwɔe va yi ene.

Simon, ame si hã le Betania la, kpe Yesu kple eƒe zɔhɛwo kpakple Lazaro hã be woava ɖu nu le ye ƒe me le Memleɖa fiẽ. Woyɔa Simon sia be “anyidɔléla,” ɖewohĩ le esi wòlé anyidɔ kpɔ hafi Yesu da dɔ nɛ ta. Marta, si nye nyɔnu zazɛ̃ la nɔ amedzroawo subɔm. Yesu ŋu koŋue Maria ya tsi dzi ɖo, eye fifia ewɔ nane si he nyahehe vɛ.

Maria ʋu nu le alabastrogoe, si nye nugoe sue aɖe, si me ‘nardomi akuakua, si nye ami ʋeʋĩ xɔasi pounde ɖeka’ le la nu. (Yohanes 12:3) Ami xɔasi sia ƒe home (denario 300) ade ƒe ɖeka ƒe fetu! Maria kɔ amia ɖe Yesu ƒe tame kple eƒe afɔwo ŋu eye wòtsɔ eƒe ɖa tutu wo ŋu. Ʋeʋẽ lililia xɔ aƒea me katã.

Nusrɔ̃lawo do dziku eye wobia be: “Nu ka tae wogblẽ ami ʋeʋĩ sia dome ale?” (Marko 14:4) Yuda Iskariot gblɔ be: “Nu ka tae womedzra ami ʋeʋĩ sia denario alafa etɔ̃ hetsɔ ga la na ame dahewo o?” (Yohanes 12:5) Le nyateƒe me la, menye ame dahewoe Yuda le fafam na o. Enɔa ga fim le nusrɔ̃lawo ƒe gaɖaka si nɔ egbɔ la me.

Yesu ʋli Maria ta gblɔ be: “Nu ka tae miele fu ɖem nɛ? Nu nyui aɖee wòwɔ nam. Ame dahewo le mia gbɔ ɖaa, ke nye ya nyemanɔ mia gbɔ ɖaa o. Nyɔnu sia kɔ ami ʋeʋĩ sia ɖe nye ŋutilã ŋu tsɔ dzram ɖo na ɖiɖi. Vavã mele egblɔm na mi be, afi sia afi si woaɖe gbeƒã nya nyui la le le xexe bliboa me la, woagblɔ nu si nyɔnu sia wɔ la hã, atsɔ aɖo ŋku edzii.”—Mateo 26:10-13.

Yesu le Betania ŋkeke ɖeka kple edzivɔe nye esia, eye eŋu nya kaka. Yudatɔ geɖe va Simon ƒe aƒe me, menye be yewoakpɔ Yesu ko o, ke be yewoakpɔ Lazaro, “ame si [Yesu fɔ] tso ame kukuwo dome la hã.” (Yohanes 12:9) Azɔ nunɔlawo ƒe tatɔwo de adaŋu be yewoawu Yesu kple Lazaro siaa. Subɔsubɔhakplɔla siawo xɔe se be esi Lazaro gagbɔ agbe tae ame geɖe xɔ Yesu dzi se ɖo. Aleke gbegbe subɔsubɔhakplɔla siawo vɔ̃ɖii ye nye esi!